Zacarias 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NVI

Sair da comparação
NVI Nova Versão Internacional
1 Le Fia Darius ƒe ƒe enelia me, le dzinu asiekɛlia si nye Kislev ƒe ŋkeke enea gbe la, Yehowa ƒe gbe va na Zekaria.
1 No quarto ano do reinado do rei Dario, a palavra do Senhor veio a Zacarias, no quarto dia do nono mês, o mês de quisleu.
2 Ame siwo le Betel la dɔ Sarezer, Regen Melek kple wo ŋutimewo be woaɖe kuku na Yehowa
2 Foi quando o povo de Betel enviou Sarezer e Régen-Meleque com seus homens, para suplicarem ao Senhor
3 to nunɔlawo kple nyagblɔɖila siwo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me la dzi be, “Ɖe wòhiã be mafa avi, atsi nu adɔ le ɣleti atɔ̃lia me abe ale si mewɔnɛ ƒe geɖe siwo va yi la enea?”
3 perguntando aos sacerdotes do templo do Senhor dos Exércitos e aos profetas: "Devemos lamentar e jejuar no quinto mês, como já faz tantos anos que estamos fazendo? "
4 Tete Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbe va nam be,
4 Então o Senhor dos Exércitos me falou:
5 “Bia ame siwo katã le anyigba la dzi kple Osɔfoawo be, ‘Esi mietsi nu dɔ, fa avi le ɣleti atɔ̃lia kple adrelia me le ƒe blaadre siwo va yi me la, nyee mietsi nua dɔ na vavã?
5 "Pergunte a todo o povo e aos sacerdotes: Quando vocês jejuaram no quinto e no sétimo meses durante os últimos setenta anos, foi de fato para mim que jejuaram?
6 Esi mienɔ nu ɖum, nɔ nu nom la, ɖe menye na miawo ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ koe oa?
6 E quando comiam e bebiam, não era para vocês mesmos que o faziam?
7 Ɖe menye nya siawoe Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ la dzi, esi Yerusalem kple du siwo ƒo xlãe godoo la nɔ ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ me, eye gbegbe kple ɣetoɖoƒetogbɛwo zu amenɔƒe oa?’ ”
7 Não são essas as palavras do Senhor proclamadas pelos antigos profetas quando Jerusalém e as cidades ao seu redor estavam em paz e prosperavam, e o Neguebe e a Sefelá eram habitados? "
8 Yehowa ƒe gbe gava na Zekaria be,
8 E a palavra do Senhor veio novamente a Zacarias:
9 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo.
9 "Assim diz o Senhor dos Exércitos: ‘Administrem a verdadeira justiça, mostrem misericórdia e compaixão uns para com os outros.
10 Migate ahosiwo alo tsyɔ̃eviwo, amedzrowo alo ame dahewo ɖe anyi o. Migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe mia nɔewo ŋu o.’
10 Não oprimam a viúva e o órfão, nem o estrangeiro e o necessitado. Nem tramem maldades uns contra os outros’.
11 “Mia fofowo gbe toɖoɖo gbedeasi sia, wolia ʋume kpakoo, eye wotsɔ asibidɛ xe to me be yewomagase nye nya la o.
11 "Mas eles se recusaram a dar atenção; teimosamente viraram as costas e taparam os ouvidos.
12 Wona woƒe dziwo sẽ abe hlihãkpe ene, elabena womedi be yewoase nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nyawo kple se siwo metsɔ na wo to nye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kple nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã la dzi o. Esia ta nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, medo dɔmedzoe ɖe wo ŋuti ɖo.
12 Endureceram o coração para não ouvirem a Lei e as palavras que o Senhor dos Exércitos tinha falado pelo seu Espírito por meio dos antigos profetas. Por isso o Senhor dos Exércitos irou-se muito".
13 “ ‘Meyɔ wo, gake wogbe tɔtɔ, eya ta esi wodo ɣli yɔm la, nye hã metrɔ megbe de wo,’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
13 " ‘Quando eu os chamei, não deram ouvidos; por isso, quando eles me chamarem, também não ouvirei’, diz o Senhor dos Exércitos.
14 ‘Mekaka wo kple yali ɖe dukɔwo katã dome, afi si wozu amedzrowo le. Woƒe anyigba si wogblẽ ɖe megbea la zu aƒedo, afi si ame aɖeke mate ŋu ayi o. Aleae wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe nye esi.’ ”
14 ‘Eu os espalhei com um vendaval entre nações que eles nem conhecem. A terra que deixaram para trás ficou tão destruída que ninguém podia atravessá-la. Foi assim que transformaram a terra aprazível em ruínas’ ".

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Zacarias 7, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.