Zacarias 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs ARA

Sair da comparação
ARA Almeida Revista e Atualizada 1993
1 Megawu mo dzi eye mekpɔ agbalẽ aɖe wònɔ dzodzom le yame.
1 Tornei a levantar os olhos e vi, e eis um rolo voante.
2 Mawudɔla la biam be, “Nu ka nèkpɔ?”
2 Perguntou-me o anjo: Que vês? Eu respondi: vejo um rolo voante, que tem vinte côvados de comprimento e dez de largura.
3 Eye wògblɔ nam be, “Agbalẽ siae nye fiƒode si le tsatsam le anyigba la katã dzi. Agbalẽ la ƒe akpa ɖeka le gbɔgblɔm be woaɖe fiafitɔ ɖe sia ɖe ɖa, eye akpa evelia le gbɔgblɔm be, ame sia ame si kaa atam dzodzro la, woaɖee ɖa.
3 Então, me disse: Esta é a maldição que sai pela face de toda a terra, porque qualquer que furtar será expulso segundo a maldição, e qualquer que jurar falsamente será expulso também segundo a mesma.
4 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, ‘Madɔ fiƒode sia ɖa, eye age ɖe fiafitɔ la ƒe aƒe me kple ame si yɔa nye ŋkɔ tsɔ kaa atam dzodzro la ƒe aƒe me. Anɔ eƒe aƒe me, agbã aƒe nɛ, eye wòakaka atiawo kple kpeawo siaa.’ ”
4 Fá-la-ei sair, diz o Senhor dos Exércitos, e a farei entrar na casa do ladrão e na casa do que jurar falsamente pelo meu nome; nela, pernoitará e consumirá a sua madeira e as suas pedras.
5 Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la zɔ va gbɔnye, eye wògblɔ nam be, “Fɔ mo dzi nàkpɔ nu si le yame gbɔna.”
5 Saiu o anjo que falava comigo e me disse: Levanta, agora, os olhos e vê que é isto que sai.
6 Mebiae be, “Nu ka wònye?”
6 Eu perguntei: que é isto? Ele me respondeu: É um efa que sai. Disse ainda: Isto é a iniquidade em toda a terra.
7 Kasia nutunu gã si le kusi la nu la fɔ dzi, eye mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe kusi la me!
7 Eis que foi levantada a tampa de chumbo, e uma mulher estava sentada dentro do efa.
8 Mawudɔla la gblɔ be, “Esiae nye vɔ̃ɖinyenye,” eye wotutui gade kusi la me hetsɔ nutunu gã la tu enu.
8 Prosseguiu o anjo: Isto é a impiedade. E a lançou para o fundo do efa, sobre cuja boca pôs o peso de chumbo.
9 Azɔ mekpɔ nyɔnu eve siwo dzo gbɔna ɖe gbɔnye, woƒe aʋalawo le abe damixetɔwo ene, eye wova kɔ kusi gã la hedzo kplii yi ɖe dziƒo ʋĩi.
9 Levantei os olhos e vi, e eis que saíram duas mulheres; havia vento em suas asas, que eram como de cegonha; e levantaram o efa entre a terra e o céu.
10 Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be, “Afi ka wokɔ kusi la yinae?”
10 Então, perguntei ao anjo que falava comigo: para onde levam elas o efa?
11 Eɖo eŋu nam be, “Wokɔe yina ɖe Babilonia, afi si woatu xɔ ɖo nɛ. Ne wotu xɔ la nɛ vɔ la, woakɔ kusi la ada ɖe enɔƒe le afi ma.”
11 Respondeu-me: Para edificarem àquela mulher uma casa na terra de Sinar, e, estando esta acabada, ela será posta ali em seu próprio lugar.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Zacarias 5, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.