Zacarias 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC

Sair da comparação
VC Versão Católica
1 Le ŋutega bubu me la, Yehowa ɖe Yosua, nunɔlagã la fiam, wònɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe dɔla la gbɔ, evɔ Satana hã nɔ afi ma nɔ tsitre ɖe mawudɔla la ƒe nuɖusime nɔ Yosua nu tsom.
1 O Senhor mostrou-me o sumo sacerdote Josué, de pé diante do anjo do Senhor; Satã estava à sua direita como acusador.
2 Yehowa gblɔ na Satana be, “Yehowa ka mo na wò, Satana! Yehowa, ame si tia Yerusalem la ka mo na wò! Ɖe ame sia mele abe dzoti bibi si woɖe le dzo me la ene oa?”
2 O {anjo do} Senhor disse a Satã: O Senhor te confunda, Satã! Confunda-te o Senhor que escolheu Jerusalém. {Josué} não é porventura um tição escapado ao incêndio?
3 Azɔ Yosua le awu ƒoɖiwo me le tsitre ɖe mawudɔla la gbɔ.
3 Josué, vestido com roupas sujas, estava de pé diante do anjo do Senhor.
4 Mawudɔla la gblɔ na ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la be, “Miɖe awu ƒoɖi sia le eŋuti.”
4 O Senhor falou àqueles que estavam à volta dele, dizendo: Tirai-lhe essas roupas sujas. Depois disse a Josué: Eis que tirei de ti a tua imundície e te revesti de roupa de festa.
5 Tete megblɔ be, “Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ.” Ale wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wotsɔ awu do nɛ esi Yehowa ƒe dɔla la nɔ tsitre.
5 E acrescentou: Ponde-lhe na cabeça uma tiara limpa. Eles puseram-lhe na cabeça uma tiara limpa e fizeram-no mudar de vestes em presença do anjo do Senhor.
6 Yehowa ƒe dɔla la de se sia na Yosua,
6 Em seguida, o anjo do Senhor declarou a Josué:
7 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Ne àzɔ le nye mɔwo dzi, alé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, ekema maɖo wò nye gbedoxɔ nu, ànye nye aƒedzikpɔla, eye mana nɔƒe wò ɖe ame siwo le tsitre ɖe afi sia la dome.
7 Eis o que diz o Senhor dos exércitos: se andares nos meus caminhos e fores fiel no meu serviço, governarás a minha casa, guardarás os meus átrios e dar-te-ei lugar entre estes que estão aqui diante de mim.
8 “ ‘Miɖo to, O nunɔlagã Yosua kple wò kpeɖeŋutɔ siwo nɔ anyi ɖe ŋgɔwò, ame siwo nye nu siwo ava va eme la ƒe dzesi. Meyi makplɔ nye dɔla Atilɔ la vɛ.
8 Ouve, ó Josué, sumo sacerdote, tu e teus colegas que se sentam diante de ti - porque são pessoas de presságio: porque eis que farei vir o meu servo Gérmen.
9 Kpɔ kpe si metsɔ ɖo Yosua ŋkume la ɖa! Ŋku adre li na kpe ɖeka sia. Maŋlɔ nu ɖe kpe la dzi, eye maɖe anyigba sia ƒe nu vɔ̃ ɖa le ŋkeke ɖeka me,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
9 Eis a pedra que pus diante de Josué; sobre essa pedra estão sete olhos; gravarei eu mesmo sobre ela a inscrição - oráculo do Senhor dos exércitos - e num só dia tirarei o mal desta terra.
10 “ ‘Gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe akpe ehavi be wòava nɔ eƒe wainka kple gboti te.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
10 Naquele dia - oráculo do Senhor dos exércitos - convidareis uns aos outros para debaixo de sua vinha e de sua figueira.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Zacarias 3, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.