Romanos 16
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC
1 Mele Foibe, mía nɔvinyɔnu, ame si nye subɔla le Kenkrea hamea me la kafum na mi.
1 Recomendo-vos a nossa irmã Febe, que é diaconisa da igreja de Cêncris,
2 Mele biabiam tso mia si be miaxɔe abe ale si dze le Aƒetɔ la me ene, eye miakpe ɖe eŋu le nu sia nu si ahiãe la me le mɔ sia mɔ si dze ame kɔkɔewo la nu. Elabena ekpe ɖe ame geɖewo ŋu le woƒe hiahiãwo me. Ekpe ɖe nye ŋutɔ hã ŋunye.
2 para que a recebais no Senhor, dum modo digno dos santos, e a ajudeis em qualquer coisa que de vós venha a precisar; porque ela tem ajudado a muitos e também a mim.
3 Mido gbe na Priskila kple Akwila nam. Wonye nye hadɔwɔlawo le Kristo Yesu ƒe dɔ la me.
3 Saudai Prisca e Áquila, meus cooperadores em Cristo Jesus;
4 Wotsɔ woƒe agbe de xaxa me ɖe tanye. Menye nye ɖeka koe le akpe dam na wo o, ke Kristo kple hame siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la hã le akpe dam na wo.
4 pela minha vida eles expuseram as suas cabeças. E isso lhes agradeço, não só eu, mas também todas as igrejas dos gentios.
5 Mido gbe na ame siwo katã kpea ta hesubɔa Mawu le woƒe aƒewo me la nam.
5 Saudai também a comunidade que se reúne em sua casa. Saudai o meu querido Epêneto, que foi as primícias da Ásia para Cristo.
6 Mido gbe na Maria hã, ame si wɔ dɔ sesĩe hekpe ɖe mía ŋu la nam.
6 Saudai Maria, que muito trabalhou por vós.
7 Andronika kple Yunia hã li; woawoe nye ƒonyemetɔ siwo nɔ gaxɔ me kplim la. Apostoloawo bua wo, eye wozu kristotɔ hafi meva zui. Mido gbe na wo nam.
7 Saudai Andrônico e Júnias, meus parentes e companheiros de prisão, os quais são muito estimados entre os apóstolos e se tornaram discípulos de Cristo antes de mim.
8 Mido gbe na Ampliato, ame si nye nye lɔlɔ̃tɔ le Aƒetɔ la me.
8 Saudai Ampliato, amicíssimo meu no Senhor.
9 Mido gbe na Urbano, míaƒe hadɔwɔla le Kristo me kple nɔvi lɔlɔ̃tɔ Stakis nam.
9 Saudai Urbano, nosso colaborador em Cristo Jesus, e o meu amigo Estáquis.
10 Mido gbe na Apeles, ame si li ke le Kristo me la hã.
10 Saudai Apeles, provado em Cristo. Saudai aqueles que são da casa de Aristóbulo.
11 Medo gbe na ƒonyemetɔ Herodion.
11 Saudai Herodião, meu parente. Saudai os que são da família de Narciso, que estão no Senhor.
12 Mido gbe na xɔ̃nye Trifena kple Trifosa, ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo.
12 Saudai Trifena e Trifosa, que trabalham para o Senhor. Saudai a estimada Pérside, que muito trabalhou para o Senhor.
13 Medo gbe na Rufo, ame si Aƒetɔ la tia be wòanye ye ŋutɔ tɔ kple dadaa lɔlɔ̃a, ame si kpɔ dzinye abe danye ene.
13 Saudai Rufo, escolhido no Senhor, e sua mãe, que considero como minha.
14 Mido gbe na Asinkrito, Flego, Hermes, Patroba, Herma kple nɔvi bubu siwo katã le wo gbɔ la.
14 Saudai Asíncrito, Flegonte, Hermes, Pátrobas, Hermas e os irmãos que estão com eles.
15 Migblɔ na Filologo, Yunia, Nereo kple nɔvia nyɔnu kple Olimpa kple kristotɔ bubu siwo katã le wo gbɔ la be medo gbe na wo.
15 Saudai Filólogo e Júlia, Nereu e sua irmã, Olímpio e todos os irmãos que estão com eles.
16 Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo nam.
16 Saudai-vos uns aos outros com ósculo santo. Todas as igrejas de Cristo vos saúdam.
17 Nya ɖeka gale asinye magblɔ hafi awu agbalẽ sia nu. Migade ha kple ame siwo dea mama amewo dome, nana amewo ƒe xɔse trana, eye wofiaa nu siwo tsi tsitre ɖe nu siwo wofia mi tso Kristo ŋuti la o.
17 Rogo-vos, irmãos, que desconfieis daqueles que causam divisões e escândalos, apartando-se da doutrina que recebestes. Evitai-os!
18 Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie, eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu.
18 Esses tais não servem a Cristo nosso Senhor, mas ao próprio ventre. E com palavras adocicadas e linguagem lisonjeira enganam os corações simples.
19 Ke ame sia ame nya be miawo ya la, mienye nuteƒewɔlawo. Nu sia doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Medi be mianya nu tso nu si nyo la ŋu ɣe sia ɣi, eye miavo tso nu vɔ̃ ɖe sia ɖe me.
19 A vossa obediência se tornou notória em toda parte, razão por que eu me alegro a vosso respeito. Mas quero que sejais prudentes no tocante ao bem, e simples no tocante ao mal.
20 Esusɔ vie ŋutifafa ƒe Mawu la nagbã Satana ɖe miaƒe afɔ te gudugudu. Míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe yayra nava mia dzi.
20 O Deus da paz em breve não tardará a esmagar Satanás debaixo dos vossos pés. A graça de nosso Senhor Jesus Cristo esteja convosco!
21 Timoteo, nye hadɔwɔla kple Lukio, Yason kple Sosipatro, ame siwo nye ƒonyemetɔwo la do gbe na mi.
21 Saúdam-vos Timóteo, meu cooperador, Lúcio, Jasão e Sosípatro, meus parentes.
22 Nye, Tertio, ame si le agbalẽ sia ŋlɔm la, nye hã medo gbe na mi abe mia nɔvi kristotɔ ɖeka ene.
22 Eu, Tércio, que escrevi esta carta, vos saúdo no Senhor.
23 Gayo be mado gbe na mi. Eya ƒe amedzroe menye, eye hamea kpea ta le afii le eƒe aƒe me.
23 Saúda-vos Gaio, meu hospedeiro, e de toda a Igreja.
24 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã. Amen.]
24 Saúda-vos Erasto, tesoureiro da cidade, e Quarto, nosso irmão.
25 Azɔ mikafu Mawu si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu Kristo me la. Esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke.
25 Àquele que é poderoso para vos confirmar, segundo o meu Evangelho, na pregação de Jesus Cristo - conforme a revelação do mistério, guardado em segredo durante séculos,
26 Ke azɔ la, abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe do ŋgɔ, eye abe ale si Mawu mavɔtɔ la de se ene la, wole gbeƒã ɖem na dukɔwo katã be woaxɔe ase, eye woaɖo to eya amea.
26 mas agora manifestado por ordem do eterno Deus e, por meio das Escrituras proféticas, dado a conhecer a todas as nações, a fim de levá-las à obediência da fé - ,
27 Mawu, ame si ɖeka koe nye nunyala to Yesu Kristo dzi la tɔ nanye ŋutikɔkɔe la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.
27 a Deus, único, sábio, por Jesus Cristo, glória por toda a eternidade! Amém.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Romanos 16, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.