Números 15
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NVI
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
1 O Senhor disse a Moisés:
2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia nam abe mia de ene dzi,
2 "Diga o seguinte aos israelitas: Quando entrarem na terra que lhes dou para sua habitação,
3 eye miesa dzovɔ na Yehowa tso miaƒe lãhawo me, abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu la ene, nenye numevɔsa alo vɔsa siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe tɔxɛwo ŋu, lɔlɔ̃nununana alo Ŋkekenyuiwo ƒe vɔsawo ŋu la,
3 e apresentarem ao Senhor uma oferta, de bois ou de ovelhas, preparada no fogo como aroma agradável ao Senhor, seja holocausto, seja sacrifício, para cumprir um voto ou como oferta voluntária ou como oferta relativa a uma festa,
4 ekema ame si le vɔ la sam la atsɔ nuɖuvɔsa si nye wɔ memee kilogram ɖeka, si wobaka kple ami lita ɖeka na Yehowa,
4 aquele que trouxer a sua oferta apresentará também ao Senhor uma oferta de cereal de um jarro da melhor farinha amassada com um litro de óleo.
5 eye nunovɔsa si nye wain lita ɖeka la akpe ɖe eŋu. Wain hin ɖeka ƒe akpa enelia akpe ɖe alẽvi ɖeka ŋu.
5 Para cada cordeiro do holocausto ou do sacrifício, prepare um litro de vinho como oferta derramada.
6 “ ‘Nenye agboe wotsɔ le vɔ la sam la, woatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami lita ɖeka kple afã
6 "Para um carneiro, prepare uma oferta de cereal de dois jarros da melhor farinha com um litro de óleo
7 kple wain lita ɖeka kple afã la akpe ɖe eŋu abe nunovɔsa ene. Esia anye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea Yehowa ŋu.
7 e um litro de vinho como oferta derramada. Apresente-a como aroma agradável ao Senhor.
8 “ ‘Ne ètsɔ nyitsuvi aɖe be yeasa numevɔ, adzɔgbeɖevɔ alo akpedavɔe na Yehowa la,
8 "Quando algum de vocês preparar um novilho para holocausto ou para sacrifício para cumprir voto especial, ou como oferta de comunhão ao Senhor,
9 ekema nàtsɔ nuɖuvɔsa, wɔ memee lita ade kple afã kple ami lita eve akpe ɖe nyitsuvi la ŋu.
9 traga com o novilho uma oferta de cereal de três jarros da melhor farinha amassada com meio galão de óleo.
10 Nunovɔsa si akpe ɖe eŋu la anye wain lita eve. Woatsɔ dzo asa vɔ sia, eye wòadze Yehowa ŋu.
10 Traga também meio galão de vinho para a oferta derramada. Será uma oferta preparada no fogo, de aroma agradável ao Senhor.
11 Woawɔ nyitsu alo agbo, alẽvi alo gbɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nenema.
11 Cada novilho ou carneiro, ou cordeiro ou cabrito, deverá ser preparado dessa maneira.
12 Wɔ nu sia na wo dometɔ ɖe sia ɖe, ɖe woƒe agbɔsɔsɔ nu.
12 Façam isso com cada animal, com tantos quantos vocês prepararem.
13 “ ‘Dzɔleaƒea ɖe sia ɖe awɔ nu siawo ale, ne etsɔ numevɔsanu aɖe vɛ be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu.
13 "Todo o que for natural da terra deverá proceder dessa maneira quando trouxer uma oferta preparada no fogo de aroma agradável ao Senhor.
14 Hena dzidzime siwo gbɔna la, ɣe sia ɣi si amedzro aɖe alo ame bubu aɖe, si le mia dome ana dzovɔsanu aɖe be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa la, ele be wòawɔe tututu abe ale si miewɔnɛ ene.
14 E se um estrangeiro que vive entre vocês, ou entre os descendentes de vocês, apresentar uma oferta preparada no fogo, de aroma agradável ao Senhor, deverá fazer o mesmo.
15 Se ɖeka mawo ke nanɔ ameha la si na mi kple amedzro siwo le mia dome la siaa elabena miesɔ le Yehowa ƒe ŋkume. Esia nye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo gbɔna.
15 A assembléia deverá ter as mesmas leis, que valerão tanto para vocês como para o estrangeiro que vive entre vocês; este é um decreto perpétuo pelas suas gerações, que, perante o Senhor, valerá tanto para vocês quanto para o estrangeiro residente.
16 Se kple ɖoɖo mawo ke nakplɔ mi kple amedzro siwo le mia dome.’ ”
16 A mesma lei e ordenança se aplicará tanto a vocês como ao estrangeiro residente".
17 Yehowa gblɔ na Mose be,
17 O Senhor disse ainda a Moisés:
18 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si dzi mele mia kplɔm yi dzi,
18 "Diga aos israelitas: Quando vocês entrarem na terra para onde os levo
19 eye mieɖu anyigba ma dzi nuɖuɖu la, mitsɔ eƒe ɖe sa vɔe na Yehowa.
19 e comerem do fruto da terra, apresentem uma porção como contribuição ao Senhor.
20 Mitsɔ miaƒe wɔ gbãtɔwo tɔ tatalĩ, wòanye vɔsa tso miaƒe lu gbãtɔ si tso lugbɔƒe.
20 Apresentem um bolo feito das primícias da farinha de vocês. Apresentem-no como contribuição da sua colheita.
21 To dzidzime siwo ava me la, ele be miasa vɔ sia na Yehowa tso miaƒe luwɔ gbãtɔwo me.’ ”
21 Em todas as suas gerações vocês apresentarão das primícias da farinha uma contribuição ao Senhor.
22 “ ‘Ne miawo alo miaƒe dzidzimeviwo da vo, eye womewɔ se siwo katã Yehowa de na mi le ƒeawo me to Mose dzi la dzi o la,
22 "Mas se vocês pecarem e deixarem de cumprir todos esses mandamentos
23 Yehowa ƒe se siwo wode na mi to edzi tso gbe si gbe Yehowa de wo, woayi edzi to dzidzime siwo gbɔna me,
23 — tudo o que o Senhor lhes ordenou por meio de Moisés, desde o dia em que os ordenou e pelas suas gerações —
24 eye menye nu si woɖo wɔ, eye ameha la menya nu tso eŋu o la, ameha blibo la ana nyitsu fɛ̃ aɖe hena numevɔsa hena ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu hekpe ɖe eƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa si woɖo da ɖi kple gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu.
24 e se isso for feito sem intenção e não for do conhecimento da comunidade, toda a comunidade terá que oferecer um novilho para o holocausto de aroma agradável ao Senhor. Também apresentarão com sua oferta de cereal uma oferta derramada, conforme as prescrições, e um bode como oferta pelo pecado.
25 Nunɔla alé avu ɖe Israelviwo katã nu, eye woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo, elabena vodadae, eye woɖɔ vodada sia ɖo to dzovɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me le Yehowa ŋkume.
25 O sacerdote fará propiciação por toda a comunidade de Israel, e eles serão perdoados, pois o seu pecado não foi intencional e eles trouxeram ao Senhor uma oferta preparada no fogo e uma oferta pelo pecado.
26 Woatsɔ nu vɔ̃ ake ame sia ame; woatsɔe ake amedzro siwo le Israelviwo dome hã, elabena ameha blibo lae da vo, eya ta ameha blibo la akpɔ gome le tsɔtsɔke la me.
26 A comunidade de Israel toda e os estrangeiros residentes entre eles serão perdoados, porque todo o povo esteve envolvido num pecado involuntário.
27 “ ‘Nenye ame ɖekae da vo la, ekema amea ana gbɔ̃nɔe si xɔ ƒe ɖeka la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
27 "Se, contudo, apenas uma pessoa pecar sem intenção, ela terá que trazer uma cabra de um ano como oferta pelo pecado.
28 Nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.
28 O sacerdote fará propiciação pela pessoa que pecar, cometendo uma falta involuntária perante o Senhor, e ela será perdoada.
29 Se sia bla mi ame Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome hã.
29 Somente uma lei haverá para todo aquele que pecar sem intenção, seja ele israelita nato, seja estrangeiro residente.
30 “ ‘Ke ne ame aɖe nya nyuie hafi da vo aɖe la, nenye Israelvi alo amedzro hã la, ekema edo vlo Yehowa, eya ta ele be woaɖee ɖa le eƒe amewo dome.
30 "Mas todo aquele que pecar com atitude desafiadora, seja natural da terra, seja estrangeiro residente, insulta ao Senhor, e será eliminado do meio do seu povo.
31 Esi wòdo vlo Yehowa ƒe sewo abe nu ɖowɔ ene, eye wònya nyuie hafi da le eƒe se dzi la, ele be woawui, eye eƒe nu vɔ̃ anɔ eya ŋutɔ dzi.’ ”
31 Por ter desprezado a palavra do Senhor e quebrado os seus mandamentos, terá que ser eliminado; sua culpa estará sobre ele".
32 Gbe ɖeka esime Israelviwo nɔ gbedzi la, wolé Israelvi aɖe wònɔ nake fɔm le Dzudzɔgbe la dzi.
32 Certo dia, quando os israelitas estavam no deserto, encontraram um homem recolhendo lenha no dia de sábado.
33 Wokplɔe yi Mose kple Aron kple ameha la ŋkume.
33 Aqueles que o encontraram recolhendo lenha levaram-no a Moisés, a Arão e a toda a comunidade,
34 Wodee mɔ va se ɖe esime woanya nu si Yehowa adi be woawɔ.
34 que o prenderam, porque não sabiam o que deveria ser feito com ele.
35 Yehowa gblɔ na Mose be, “Ele be ŋutsu la naku. Ele be ameawo katã naƒu kpee le asaɖa la godo wòaku.”
35 Então o Senhor disse a Moisés: "O homem terá que ser executado. Toda a comunidade o apedrejará fora do acampamento".
36 Ale wohee yi asaɖa la godo, eye wowui abe ale si Yehowa ɖo na wo ene.
36 Assim, toda a comunidade o levou para fora do acampamento e o apedrejou até à morte, conforme o Senhor tinha ordenado a Moisés.
37 Yehowa gblɔ na Mose be,
37 O Senhor disse a Moisés:
38 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mia kple miaƒe dzidzimeviwo miade gbo miaƒe avɔwo ƒe dzogoewo to, eye ka blɔtɔ nanɔ gbo ɖe sia ɖe ŋu.
38 "Diga o seguinte aos israelitas: Façam borlas nas extremidades das suas roupas e ponham um cordão azul em cada uma delas; façam isso por todas as suas gerações.
39 Ne miekpɔ gbo siawo la, ekema miaɖo ŋku se siwo katã Yehowa de na mi la dzi be miawɔ wo dzi, eye miagatsɔ mia ɖokuiwo adzra na ŋutilãmenuwo, miaƒe dzi ƒe nudzodzrowo kple nu siwo miaƒe ŋku kpɔna la o.
39 Quando virem essas borlas vocês se lembrarão de todos os mandamentos do Senhor, para que lhes obedeçam e não se prostituam nem sigam as inclinações dos seus corações e dos seus olhos.
40 Ekema miaɖo ŋku edzi, awɔ nye sewo katã dzi, eye miakɔ mia ɖokuiwo ŋuti na miaƒe Mawu la.
40 Assim vocês se lembrarão de obedecer a todos os meus mandamentos, e para o seu Deus vocês serão um povo consagrado.
41 Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi do goe tso Egipte be manye miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”
41 Eu sou o Senhor, o seu Deus, que os trouxe do Egito para ser o Deus de vocês. Eu sou o Senhor, o seu Deus".
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Números 15, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.