Neemias 11
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NVI
1 Le ɣeyiɣi sia me la, Israel dukɔa kplɔlawo nɔ Yerusalem, Du Kɔkɔe la me. Ke azɔ la, woda akɔ be woatia ame siwo le du bubuawo me le Yuda kple Benyamin la ƒe ewolia be woawo hã nava nɔ Yerusalem.
1 Os líderes do povo passaram a morar em Jerusalém, e o restante do povo fez um sorteio para que, de cada dez pessoas, uma viesse morar em Jerusalém, a santa cidade; as outras nove deveriam ficar em suas próprias cidades.
2 Ame aɖewo ʋu va Yerusalem le wo ɖokui si, eye wode bubu gã aɖe wo ŋu.
2 O povo abençoou todos os homens que se apresentaram voluntariamente para morar em Jerusalém.
3 Kplɔla aɖewo tso du bubuwo me va Yerusalem, ke Israelvi aɖewo, nunɔlawo, Levitɔwo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe dɔwɔlawo ƒe dzidzimeviwo dometɔ geɖewo ganɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒewo me le du vovovowo me le Yuda,
3 Alguns israelitas, sacerdotes, levitas, servos do templo e descendentes dos servos de Salomão viviam nas cidades de Judá, cada um em sua propriedade. Estes são os líderes da província que passaram a morar em Jerusalém;
4 le esime ame aɖewo tso Yuda kple Benyamin nɔ Yerusalem.
4 além deles veio gente tanto de Judá quanto de Benjamim viver em Jerusalém. Dentre os descendentes de Judá: Ataías, filho de Uzias, neto de Zacarias, bisneto de Amarias; Amarias era filho de Sefatias e neto de Maalaleel, descendente de Perez.
5 Maaseya, Baruk ƒe vi, Baruk fofoe nye Kol Hoze, ame si fofoe nye Hazaya, ame si fofoe nye Adaya, ame si fofoe nye Yoyarib, ame si fofoe nye Zekaria, Silonitɔ la ƒe vi.
5 Maaséias, filho de Baruque, neto de Col-Hozé, bisneto de Hazaías; Hazaías era filho de Adaías, neto de Joiaribe e bisneto de Zacarias, descendente de Selá.
6 Ame siawo nye Perez ƒe dzidzimevi dzɔatsu alafa ene kple blaade-vɔ-enyi (468) siwo nɔ Yerusalem.
6 Os descendentes de Perez que viviam em Jerusalém totalizavam 468 homens de destaque.
7 Benyamin ƒe to la ƒe kplɔlawoe nye:
7 Dentre os descendentes de Benjamim: Salu, filho de Mesulão, neto de Joede, bisneto de Pedaías; Pedaías era filho de Colaías, neto de Maaséias, bisneto de Itiel, tataraneto de Jesaías;
8 Gabai kple Salai ƒe dzidzimevi nye alafa asieke kple blaeve-vɔ-enyi (928).
8 os seguidores de Salu, Gabai e Salai totalizavam 928 homens.
9 Woƒe fiae nye Yoel, Zikri ƒe vi, ame si ƒe kpeɖeŋutɔe nye Yuda, Hasenua ƒe vi. Hasenua nye kplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ.
9 Joel, filho de Zicri, era o oficial superior entre eles, e Judá, filho de Senua, era responsável pelo segundo distrito da cidade.
10 Kplɔla siwo tso nunɔlawo dome:
10 Dentre os sacerdotes: Jedaías; o filho de Joiaribe; Jaquim;
11 Seraya, Hilkia ƒe vi. Hilkia fofoe nye Mesulam, ame si fofoe nye Merayot, ame si fofoe nye Ahitub, nunɔlagã.
11 Seraías, filho de Hilquias, neto de Mesulão, bisneto de Zadoque; Zadoque era filho de Meraiote, neto de Aitube, supervisor na casa de Deus,
12 Nunɔla alafa enyi kple blaeve-vɔ-eve (822) nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me le ame siawo ƒe dzikpɔkpɔ te.
12 e seus colegas, que faziam o trabalho do templo totalizavam 822 homens. Adaías, filho de Jeroão, neto de Pelaías, bisneto de Anzi; Anzi que era filho de Zacarias, neto de Pasur, bisneto de Malquias,
13 Malkiya ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa eve kple blaene-vɔ-eve (242);
13 e seus colegas, que eram chefes de famílias, totalizavam 242 homens. Amassai, filho de Azareel, neto de Azai, bisneto de Mesilemote, tataraneto de Imer,
14 si ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128).
14 e os seus colegas, que eram homens de destaque, totalizavam 128. O oficial superior deles era Zabdiel, filho de Gedolim.
15 Levitɔwo ƒe kplɔlawoe nye:
15 Dentre os levitas: Semaías, filho de Hassube, neto de Azricão, bisneto de Hasabias, tataraneto de Buni;
16 Sabetai kple Yozabad, ame siwo kpɔa dɔwɔlawo le gbedoxɔa godo dzi;
16 Sabetai e Jozabade, dois dos líderes dos levitas, encarregados do trabalho externo do templo de Deus;
17 Matania, Mika ƒe vi. Mika fofoe nye Zabdi, Asaf ƒe vi. Mataniae nye ame si dzea akpedasɔlemewo gɔme kple gbedodoɖa.
17 Matanias, filho de Mica, neto de Zabdi, bisneto de Asafe, o dirigente que conduzia as ações de graça e as orações; Bacbuquias, o segundo entre os seus colegas; e Abda, filho de Samua, neto de Galal, bisneto de Jedutum.
18 Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la nɔ ame alafa eve kple blaenyi-vɔ-ene (284).
18 Os levitas totalizavam 284 na cidade santa.
19 Agbonudzɔlawo:
19 Os porteiros: Acube, Talmom e os homens dos seus clãs; eram 172 homens que guardavam as portas.
20 Israelvi mamlɛawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kaka ɖe Yuda duwo me, ame sia ame nɔ eƒe ƒomenyigba dzi.
20 Os demais israelitas, incluindo os sacerdotes e os levitas, estavam em todas as cidades de Judá, cada um na propriedade de sua herança.
21 Ke gbedoxɔmedɔwɔlawo katã, ame siwo ƒe kplɔlawoe nye Ziha kple Gispa la nɔ Ofel.
21 Os que prestavam serviço no templo moravam na colina de Ofel, e Zia e Gispa estavam encarregados deles.
22 Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la ƒe amegãe nye Uzi, Bani ƒe vi, Hasabia ƒe vi, Matania ƒe vi, Mika ƒe vi. Uzi nye Asaf ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka. Dzidzimevi siawoe nye hadzilawo na subɔsubɔ le gbedoxɔ me.
22 O oficial superior dos levitas em Jerusalém era Uzi, filho de Bani, neto de Hasabias, bisneto de Matanias, tataraneto de Mica. Uzi era um dos descendentes de Asafe, que eram responsáveis pela música do templo de Deus.
23 Hadzila siawo nɔ fia la ƒe kpɔkplɔ te, ame si wɔa ɖoɖo ɖe woƒe gbe sia gbe ƒe wɔnawo ŋu.
23 Eles estavam sujeitos às prescrições do rei, que regulamentavam suas atividades diárias.
24 Petahia, Mesezabel ƒe vi, ame si dzɔ tso Zera, Yuda ƒe vi me la naa kpekpeɖeŋu le dua dzi ɖuɖu ƒe nyawo katã me.
24 Petaías, filho de Mesezabeel, descendente de Zerá, filho de Judá, representavam o rei nas questões de ordem civil.
25 Yuda ƒe vi siwo nɔ kɔƒewo me le agblewo me la nɔ Kiriat Arba, Dibon kple Yekabzeel kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la.
25 Alguns do povo de Judá foram morar em Quiriate-Arba e em seus povoados ao redor, em Dibom e seus povoados, em Jecabzeel e seus povoados,
26 Yesua, Molada, Bet Pelet,
26 em Jesua, em Moladá, em Bete-Pelete,
27 Hazar Sual, Beerseba kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo,
27 em Hazar-Sual, em Berseba e seus povoados,
28 Ziklag; Mekona kple woƒe kɔƒewo,
28 em Ziclague, em Meconá e seus povoados,
29 Enrimɔn, Zora, Yarmut,
29 em En-Rimom, em Zorá, em Jarmute,
30 Zanoa, Adulam kple woƒe kɔƒewo, Lakis kple eƒe agblewo kpakple Azeka kple eƒe duwo. Ale ameawo ƒe nɔƒe tso Beerseba va yi Hinom balime la to.
30 em Zanoa, em Adulão e em seus povoados, em Láquis e seus arredores, e em Azeca e seus povoados. Eles se estabeleceram desde Berseba até o vale de Hinom.
31 Benyamin ƒe dzidzimeviwo tso Geba nɔ Mikmas, Aya, Betel kple eƒe kɔƒewo,
31 Os descendentes dos benjamitas foram viver em Geba, Micmás, Aia, Betel e seus povoados,
32 Anatɔt, Nɔb, Anania,
32 em Anatote, Nobe e Ananias,
33 Hazor, Rama, Gitaim,
33 Hazor, Ramá e Gitaim,
34 Hadid, Zeboim, Nebalat,
34 Hadide, Zeboim e Nebalate,
35 Lod, Ono kple Aɖaŋudɔwɔlawo ƒe Balime.
35 Lode e Ono, e no vale dos Artesãos.
36 Woɖo Levitɔ aɖewo, ame siwo nɔ Yuda la ɖa be woanɔ Benyamin ƒe viwo gbɔ.
36 Alguns grupos dos levitas de Judá se estabeleceram em Benjamim.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Neemias 11, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.