Malaquias 1
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs ARA
1 Esia nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ na Israel dukɔa to Nyagblɔɖila Malaki dzi. Wolɔ̃ Yakob, eye wolé fu Esau.
1 Sentença pronunciada pelo Senhor contra Israel, por intermédio de Malaquias.
2 Yehowa gblɔ be, “Melɔ̃ mi.
2 Eu vos tenho amado, diz o Senhor ; mas vós dizeis: Em que nos tens amado? Não foi Esaú irmão de Jacó? — disse o Senhor ; todavia, amei a Jacó,
3 Ke Esau ya la melé fui, metrɔ eƒe nɔƒe wòzu gbegbe, eye metsɔ eƒe domenyinu na amegaxiwo.”
3 porém aborreci a Esaú; e fiz dos seus montes uma assolação e dei a sua herança aos chacais do deserto.
4 Edom gblɔ be, “Togbɔ be wogbã mi hã la, míagatso aƒedoawo.”
4 Se Edom diz: Fomos destruídos, porém tornaremos a edificar as ruínas, então, diz o Senhor dos Exércitos: Eles edificarão, mas eu destruirei; e Edom será chamado Terra-De-Perversidade e Povo-Contra-Quem-O- Senhor -Está-Irado-Para-Sempre.
5 O, mi, Israelviwo, mitsa ŋku ne miakpɔ nu siwo wɔm Yehowa le, le xexea me godoo ekema miagblɔ be, ‘Nyateƒee, Yehowa ƒe ŋusẽ tri akɔ la gbɔ míaƒe liƒowo ŋu yi sãsãsã!’
5 Os vossos olhos o verão, e vós direis: Grande é o Senhor também fora dos limites de Israel.
6 “Viŋutsu dea bubu fofoa ŋuti eye kluvi ɖoa bubu na eƒe aƒetɔ; ekema ne nyee nye mia fofo la, afi ka nye bubu le? Ne nye nyee nye miaƒe Aƒetɔ la, nu ka ta mievɔ̃am o? Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
6 O filho honra o pai, e o servo, ao seu senhor. Se eu sou pai, onde está a minha honra? E, se eu sou senhor, onde está o respeito para comigo? — diz o Senhor dos Exércitos a vós outros, ó sacerdotes que desprezais o meu nome. Vós dizeis: Em que desprezamos nós o teu nome?
7 “Mietsɔ nuɖuɖu makɔmakɔwo sa vɔe nam le nye vɔsamlekpui dzi,
7 Ofereceis sobre o meu altar pão imundo e ainda perguntais: Em que te havemos profanado? Nisto, que pensais: A mesa do Senhor é desprezível.
8 Miegblɔna na amewo hã be, Mitsɔ lã siwo mede blibo o la sa vɔe le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi faa, ɛ̃, lã siwo ƒe ŋkuwo gbã kple esiwo le dɔ lém la, megblẽ naneke o? Nu sia miewɔ, eye miebe menye vɔ̃ oa? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be mitsɔ wo na miaƒe mɔmefia abe nunana ene, eye miakpɔe ɖa be adze eŋu hã?” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
8 Quando trazeis animal cego para o sacrificardes, não é isso mal? E, quando trazeis o coxo ou o enfermo, não é isso mal? Ora, apresenta-o ao teu governador; acaso, terá ele agrado em ti e te será favorável? — diz o Senhor dos Exércitos.
9 “Azɔ miele kuku ɖem be, Mawu, kpɔ míaƒe nublanui, Esi mietsɔ nunana madzemadze mawo vɛ ɖe, nu ka ta wòakpɔ nublanui na mi?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
9 Agora, pois, suplicai o favor de Deus, que nos conceda a sua graça; mas, com tais ofertas nas vossas mãos, aceitará ele a vossa pessoa? — diz o Senhor dos Exércitos.
10 “O, nunɔla ɖeka pɛ hã mele mia dome si atu gbedoxɔ ƒe ʋɔtruwo, ale be miadzudzɔ vɔsanu madzemadze siawo tsɔtsɔ va vɔsamlekpui la dzi oa?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe, “eye miaƒe nu mele ŋunye nyom kura o, eye miaƒe nunana aɖeke hã medze ŋunye o.
10 Tomara houvesse entre vós quem feche as portas, para que não acendêsseis, debalde, o fogo do meu altar. Eu não tenho prazer em vós, diz o Senhor dos Exércitos, nem aceitarei da vossa mão a oferta.
11 Tso ɣedzeƒe yi ɖe ɣetoɖoƒe ke la, dukɔ bubuwo ado nye ŋkɔ ɖe dzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ. Le xexea me godoo woatsɔ vɔsa ʋeʋẽ lĩlĩlĩwo kple vɔsa kɔkɔewo ade bubu nye ŋkɔ ŋuti elabena mexɔ ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
11 Mas, desde o nascente do sol até ao poente, é grande entre as nações o meu nome; e em todo lugar lhe é queimado incenso e trazidas ofertas puras, porque o meu nome é grande entre as nações, diz o Senhor dos Exércitos.
12 “Ke miawo ya miedo gui hele gbɔgblɔm be, ‘Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o,’ eye ‘edzinuɖuɖu le ŋu nyɔm.’
12 Mas vós o profanais, quando dizeis: A mesa do Senhor é imunda, e o que nela se oferece, isto é, a sua comida, é desprezível.
13 Miegblɔ be, ‘Mawusubɔsubɔ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ sesẽ loo!’ Ale miegblɔ be, ‘yewomawɔ ɖe se siwo wòde na mi la dzi o,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
13 E dizeis ainda: Que canseira! E me desprezais, diz o Senhor dos Exércitos; vós ofereceis o dilacerado, e o coxo, e o enfermo; assim fazeis a oferta. Aceitaria eu isso da vossa mão? — diz o Senhor .
14 Ame si ɖe adzɔgbe be yeatsɔ lãtsu si de blibo le yeƒe lãhawo dome asa vɔe na Yehowa gake wòɖɔlii kple lã lédɔ la, fiƒode neva edzi wòaɖi eŋu kpekpekpe elabena nye la, Fiagãe menye eye ele be woatsɔ vɔvɔ̃ na nye ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ nya siawo.
14 Pois maldito seja o enganador, que, tendo um animal sadio no seu rebanho, promete e oferece ao Senhor um defeituoso; porque eu sou grande Rei, diz o Senhor dos Exércitos, o meu nome é terrível entre as nações.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Malaquias 1, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.