Levítico 5
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NVI
1 “ ‘Ne ame aɖe se be woɖe gbeƒã be woava ɖi ɖase le nu vɔ̃ si ame bubu aɖe wɔ la ŋu si wòkpɔ alo nya nu le eŋu, gake meɖi ɖase le eŋuti o la, ekema ewɔ nu vɔ̃.
1 "Se alguém pecar porque, tendo sido testemunha de algo que viu ou soube, não o declarou, sofrerá as conseqüências da sua iniqüidade.
2 “ ‘Alo ne ame aɖe ka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu abe lã maɖumaɖua aɖe ƒe kukua ŋu, alo gbemelã alo aƒemelã alo nutata siwo ŋuti mekɔ o ene ŋu la, ewɔ nu vɔ̃, ne eya ŋutɔ menya be yeka asi nu makɔmakɔ ŋu o hã.
2 "Se alguém tocar qualquer coisa impura, seja um cadáver de animal selvagem ou de animal do rebanho ou de uma das pequenas criaturas que povoam a terra, ainda que não tenha consciência disso, ele se tornará impuro e será culpado.
3 Alo ne ede asi ame ƒe nu makɔmakɔ aɖe, nu sia nu si ana wòagblẽ kɔ ɖo la ŋu, togbɔ be menyae hafi o hã la, ne eva nya la, aɖi fɔ.
3 "Se alguém tocar impureza humana, qualquer coisa que o torne impuro, sem ter consciência disso, quando o souber será culpado.
4 Alo ne ame aɖe ka atam be yeawɔ nane evɔ mebu ta me nyuie hafi kae o, eɖanye nyui alo vɔ̃ la, le nya sia nya si me wòaka atam le tamemabumabutɔe la, togbɔ be menya nu si wɔm wòle o hã la, ne eva nya emegbe la, aɖi fɔ.
4 "Se alguém impensadamente jurar fazer algo bom ou mau, em qualquer assunto que alguém possa jurar descuidadamente, ainda que não tenha consciência disso, quando o souber será culpado.
5 Le go siawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me,
5 "Quando alguém for culpado de qualquer dessas coisas, confessará em que pecou
6 eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Nunɔla la alé avu ɖe enu, ekema Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee, eye mele be wòagawɔ ɖe atam si wòka la dzi o.
6 e, pelo pecado que cometeu, trará ao Senhor uma ovelha ou uma cabra do rebanho como oferta de reparação; e em favor dele o sacerdote fará propiciação pelo pecado.
7 “ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu akpɔ alẽ alo gbɔ̃ vɛ na Yehowa o la, ekema ana akpakpa eve alo ahɔnɛ fɛ̃ eve abe eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene. Xeviawo dometɔ ɖeka anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye evelia anye eƒe numevɔsa.
7 "Se não tiver recursos para oferecer uma ovelha, trará pela culpa do seu pecado duas rolinhas ou dois pombinhos ao Senhor: um como oferta pelo pecado e o outro como holocausto.
8 Nunɔla la atsɔ xevi eveawo dometɔ si wotsɔ nɛ gbã la, asa nu vɔ̃ vɔsae. Atro kɔ le xevi la nu, gake mana eƒe kɔ naɖe le enu o.
8 Ele os trará ao sacerdote, que oferecerá primeiro o que for oferecido como sacrifício pelo pecado. E destroncará o pescoço da ave, sem arrancar-lhe a cabeça totalmente,
9 Nunɔla la ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Esiae nye nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
9 e aspergirá no lado do altar o sangue da oferta pelo pecado e deixará escorrer o restante do sangue na base do altar. É oferta pelo pecado.
10 Nunɔla la atsɔ xevi evelia awɔ numevɔsae to mɔ siwo woɖo da ɖi la dzi. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu le eƒe nu vɔ̃ ta, eye Mawu atsɔe akee.
10 O sacerdote então oferecerá a outra ave como holocausto, de acordo com a forma prescrita, e fará propiciação em favor dele pelo pecado que cometeu, e ele será perdoado.
11 “ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu atsɔ akpakpawo alo ahɔnɛ fɛ̃wo asa nu vɔ̃ vɔe o la, ekema ana wɔ memee kilogram ɖeka. Mele be woakɔ ami ɖe edzi loo alo atsakae kple dzudzɔdonu o, elabena nu vɔ̃ vɔsae.
11 "Se, contudo, não tiver recursos para oferecer duas rolinhas ou dois pombinhos, trará como oferta pelo pecado um jarro da melhor farinha como oferta pelo pecado. Mas sobre ela não derramará óleo nem colocará incenso, porquanto é oferta pelo pecado.
12 Atsɔe vɛ na nunɔla la; nunɔla la aɖe wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka ɖe wɔ blibo la teƒe, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe dzovɔsa bubu ɖe sia ɖe na Yehowa ene. Esiae anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
12 Ele a trará ao sacerdote, que apanhará um punhado dela como porção memorial e queimará essa porção no altar, em cima das ofertas dedicadas ao Senhor, preparadas no fogo. É oferta pelo pecado.
13 Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖe sia ɖe ta, eye Mawu atsɔe akee. Wɔ la ƒe mamlɛa azu nunɔla la tɔ abe ale si wowɔna le nuɖuvɔsa gome ene.’ ”
13 Assim o sacerdote fará propiciação em favor dele por qualquer desses pecados que tiver cometido, e ele será perdoado. O restante da oferta pertence ao sacerdote, como no caso da oferta de cereal".
14 Yehowa gblɔ na Mose be,
14 O Senhor disse a Moisés:
15 “Ne ame aɖe gblẽ kɔ ɖo, eye wòwɔ nu vɔ̃ le manyamanya me, ku ɖe Yehowa ƒe nu kɔkɔewo dometɔ aɖe ŋu la, abe tohehe ene la, alé agbo ɖeka le lãhawo dome vɛ na Yehowa, esi ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la, eye eƒe home sɔ kple klosalo si wòle be wòana le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Enye fɔɖivɔsa na Yehowa.
15 "Quando alguém cometer uma ofensa, pecando sem intenção em qualquer coisa consagrada ao Senhor, trará ao Senhor um carneiro do rebanho, sem defeito, avaliado em prata com base no peso padrão do santuário, como oferta pela culpa.
16 Kpe ɖe esia ŋu la, ele nɛ be wòaɖo nu si mete ŋu wɔ o la teƒe ku ɖe nu kɔkɔeawo ŋuti, agatsɔ nu si wòle be wòana la ƒe akpa atɔ̃lia akpe ɖe nuawo ŋu, eye wòatsɔ wo katã vɛ na nunɔla la, ame si atsɔ agbo la alé avui abe fɔɖivɔsa ene. Ale woatsɔe akee.
16 Fará restituição pelo que deixou de fazer em relação às coisas consagradas, acrescentará um quinto do valor e o entregará ao sacerdote. Este fará propiciação por ele com o carneiro da oferta pela culpa, e ele será perdoado.
17 “Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye wòwɔ nu si wogbe be womawɔ o le Yehowa ƒe ɖoɖowo dometɔ aɖe me, ne eya ŋutɔ menyae o gɔ̃ hã la, eɖi fɔ eye woabui nu vɔ̃e nɛ.
17 "Se alguém pecar, fazendo o que é proibido em qualquer dos mandamentos do Senhor, ainda que não o saiba, será culpado e sofrerá as conseqüências da sua iniqüidade.
18 Ele be wòatsɔ agbo ɖeka si de blibo, eye asixɔxɔ si dze la le eŋu la tso eƒe alẽwo dome vɛ na nunɔla la abe eƒe fɔɖivɔsa ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu ɖe nu vɔ̃ si meɖo wɔ o la ta, eye woatsɔe akee.
18 Do rebanho ele trará ao sacerdote um carneiro, sem defeito e devidamente avaliado, como oferta pela culpa. Assim o sacerdote fará propiciação em favor dele pelo erro que cometeu sem intenção, e ele será perdoado.
19 Ele be wòatsɔe ana abe fɔɖivɔsa ene, elabena eɖi fɔ le Yehowa ŋkume.”
19 É oferta pela culpa, pois com certeza tornou-se culpado perante o Senhor".
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 5, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.