Levítico 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NVI
1 “ ‘Ame si di be yeasa nuɖuvɔ na Yehowa la atsɔ wɔ memee, akɔ ami kple dzudzɔdotike ɖe edzi,
1 "Quando alguém trouxer uma oferta de cereal ao Senhor, terá que ser da melhor farinha. Sobre ela derramará óleo, colocará incenso
2 eye wòatsɔe ana Aron ƒe viŋutsuwo, nunɔlawo. Nunɔla la aɖe wɔ memee la kple ami la ƒe asiʋlo ɖeka akpe ɖe dzudzɔdonuawo katã ŋuti, eye wòafiae abe ŋkuɖodzinu ene le vɔsamlekpui la dzi, wòanye numevɔsa, ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu.
2 e a levará aos descendentes de Arão, os sacerdotes. Um deles apanhará um punhado da melhor farinha com óleo, juntamente com todo o incenso, e o queimará no altar como porção memorial. É oferta preparada no fogo, de aroma agradável ao Senhor.
3 Woatsɔ wɔ la ƒe mamlɛa ana Aron kple via ŋutsuwo abe woƒe nuɖuɖu ene; ke woabu esiawo katã abe nuɖuvɔsa kɔkɔe na Yehowa ene.
3 O que restar da oferta de cereal pertence a Arão e a seus descendentes; é parte santíssima das ofertas dedicadas ao Senhor preparadas no fogo.
4 “ ‘Ne wotsɔ abolo si wome le kpo me vɛ abe vɔsa na Yehowa ene la, ele be woamee kple wɔ memee kple ami, gake amɔʋãtike manɔ eme o. Woate ŋu atsɔ akpɔnɔ si wome kple wɔ maʋamaʋã, eye wokɔ ami ɖe edzi hã ana abe nuɖuvɔsa ene.
4 "Se um de vocês trouxer uma oferta de cereal assada no forno, seja da melhor farinha: bolos feitos sem fermento, amassados com óleo, ou pães finos sem fermento e untados com óleo.
5 Ne woatɔ nane kple ami atsɔ ana abe nuɖuvɔsa ene la, woatsɔ wɔ memee maʋamaʋã atɔe.
5 Se a sua oferta de cereal for preparada numa assadeira, seja da melhor farinha, amassada com óleo e sem fermento.
6 Woaflii kakɛkakɛ, eye woakɔ ami ɖe edzi. Esia hã nye nuɖuvɔsa aɖe.
6 Divida-as em pedaços e derrame óleo sobre ela; é uma oferta de cereal.
7 Ne wò nuɖuvɔsa nye nu si woɖa la, woaɖae kple wɔ memee, eye woakɔ ami ɖe edzi.
7 Se a sua oferta de cereal for cozida numa panela, seja da melhor farinha com óleo.
8 Ne wò nuɖuvɔsa nye nu si wome le kpo me, tɔ alo mee le dzo dzi la, ele be nàtsɔ nuɖuvɔsa la ayi na nunɔla, eye eya atsɔe ayi vɔsamlekpui la dzi, eye eya atsɔe ana Yehowa.
8 Traga ao Senhor a oferta de cereal feita desses ingredientes, apresente-a ao sacerdote, que a levará ao altar.
9 Nunɔlaa atɔ dzo vɔsanu la ƒe akpa aɖe ko, ke Yehowa akpɔ ŋudzedze le vɔsanu blibo la ŋuti.
9 Ele apanhará a porção memorial da oferta de cereal e a queimará no altar; é oferta preparada no fogo, de aroma agradável ao Senhor.
10 Vɔsanu mamlɛa nye Aron kple viawo tɔ, ke woabu wo katã abe numevɔsa kɔkɔe na Yehowa ene.
10 O restante da oferta de cereal pertence a Arão e a seus descendentes; é parte santíssima das ofertas dedicadas ao Senhor preparadas no fogo.
11 “ ‘Mele be amɔʋãtike nanɔ nuɖuvɔsa siwo mietsɔna vaa Yehowa ŋkume la me o, elabena mele be miatɔ dzo nuʋãtike alo anyitsi le dzovɔsa si miewɔna na Yehowa la me o.
11 "Nenhuma oferta de cereal que vocês trouxerem ao Senhor será feita com fermento, pois vocês não queimarão fermento nem mel como oferta preparada no fogo ao Senhor.
12 Miate ŋu atsɔ wo vɛ na Yehowa abe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo ƒe nunanawo ene, gake mele be woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nu si aʋẽ lĩlĩlĩ la ene o.
12 Podem trazê-los como oferta dos primeiros frutos ao Senhor, mas não poderão oferecê-los no altar como aroma agradável.
13 Mide dze miaƒe nuɖuvɔsawo katã me. Migagbe nubabla ƒe dze si nye miaƒe Mawu tɔ dede miaƒe nuɖuvɔsawo me o; mide dze miaƒe vɔsawo katã me.
13 Tempere com sal todas as suas ofertas de cereal. Não exclua de suas ofertas de cereal o sal da aliança do seu Deus; acrescente sal a todas as suas ofertas.
14 “ ‘Ne ètsɔ nane tso wò agblemenuku gbãtɔwo me, awɔ nuɖuvɔsa na Yehowa la, ele na wò be nànyɔ bli la, nàtoe alo nàtɔe hafi atsɔ vɛ.
14 "Se você trouxer ao Senhor uma oferta de cereal dos primeiros frutos, ofereça grãos esmagados de cereal novo, tostados no fogo.
15 Kɔ ami ɖe edzi, eye nàkpe dzudzɔdonu ɖe eŋu, elabena nuɖuvɔsae.
15 Sobre ela derrame óleo e coloque incenso; é oferta de cereal.
16 Ekema nunɔla la atɔ dzo bli gbagbã la kple amia ƒe ɖe kple dzudzɔdonu la katã abe dzovɔsa ene na Yehowa.
16 O sacerdote queimará a porção memorial do cereal esmagado e do óleo, juntamente com todo o incenso, como uma oferta ao Senhor, preparada no fogo. "
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 2, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.