Levítico 27

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs ARA

Sair da comparação
ARA Almeida Revista e Atualizada 1993
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
1 Disse mais o Senhor a Moisés:
2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe be yeatsɔ ame aɖewo ana Yehowa to ga home si dze be woaxe ɖe wo ta me la,
2 Fala aos filhos de Israel e dize-lhes: Quando alguém fizer voto com respeito a pessoas, estas serão do Senhor , segundo a tua avaliação.
3 ekema ɖe ŋutsu si xɔ tso ƒe blaeve yi blaade nu la ana klosalo kpekpeme kilogram afã ɖe Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu.
3 Se o objeto da tua avaliação for homem, da idade de vinte anos até à de sessenta, será a tua avaliação de cinquenta siclos de prata, segundo o siclo do santuário.
4 Nenye be nyɔnue la, ana klosalo kpekpeme kilogram ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka.
4 Porém, se for mulher, a tua avaliação será de trinta siclos.
5 Ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo kilogram ƒe mama atɔ̃ ƒe ɖeka, eye ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo gram alafa ɖeka kple ewo.
5 Se a idade for de cinco anos até vinte, a tua avaliação do homem será de vinte siclos, e a da mulher, de dez siclos.
6 Woaxe gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu, eye woaxe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu.
6 Se a idade for de um mês até cinco anos, a tua avaliação do homem será de cinco siclos de prata, e a tua avaliação pela mulher será de três siclos de prata.
7 Ŋutsu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃, eye nyɔnu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃.
7 De sessenta anos para cima, se for homem, a tua avaliação será de quinze siclos; se mulher, dez siclos.
8 Ke ne ame si le adzɔgbe la ɖem da ahe ale gbegbe be mate ŋu axe fe si wòle be wòaxe o la, woakplɔe va nunɔla la gbɔ, eya kple nunɔla la naɖo aɖaŋu, eye wòaxe nu si nunɔla la aɖo nɛ la.
8 Mas, se for mais pobre do que a tua avaliação, então, apresentar-se-á diante do sacerdote, para que este o avalie; segundo o que permitem as posses do que fez o voto, o avaliará o sacerdote.
9 “ ‘Ke ne nu si amea tsɔ ɖe adzɔgbee la nye lã si dzi woda asi ɖo be woatsɔ asa vɔe na Yehowa la, ne wotsɔ lã sia ɖe adzɔgbee la, ele kɔkɔe na Yehowa.
9 Se for animal dos que se oferecem ao Senhor , tudo quanto dele se der ao Senhor será santo.
10 Mele be adzɔgbeɖela la natrɔ eƒe ta me o; matrɔ ta me le etsɔtsɔ na Yehowa ŋu loo alo atsɔ nu nyui aɖo gbegblẽa teƒe alo atsɔ gbegblẽa aɖo nyuia teƒe o. Ne etrɔ ta me la, ekema lã si wòɖɔli kple esi wòtsɔ ɖɔlii siaa le kɔkɔe.
10 Não o mudará, nem o trocará bom por mau ou mau por bom; porém, se dalgum modo se trocar animal por animal, um e outro serão santos.
11 Ke ne lã si wòɖe adzɔgbe be yeatsɔ asa vɔe nye lã makɔmakɔ, lã si womaxɔ abe vɔsa na Yehowa ene o la, ele be wòatsɔ lã la ayi na nunɔla,
11 Se for animal imundo dos que se não oferecem ao Senhor , então, apresentará o animal diante do sacerdote.
12 ame si akpɔe ne lã la nyo alo menyo o. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe lã la ŋu la, nenema ko wòanɔ.
12 O sacerdote o avaliará, seja bom ou mau; segundo a avaliação do sacerdote, assim será.
13 Ne lã la nye lã si woate ŋu atsɔ asa vɔe, gake amea di be yeaxe fe ɖe eteƒe la, ekema axe ga home si nunɔla la agblɔ nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu.
13 Porém, se dalgum modo o resgatar, então, acrescentará a quinta parte à tua avaliação.
14 “ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe aƒe abe nu si ŋuti kɔ ene na Yehowa la, nunɔla la akpɔ aƒea ƒe nyonyo alo manyomanyo dzi ɖa. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe aƒea ŋu la, nenema ko wòanɔ.
14 Quando alguém dedicar a sua casa para ser santa ao Senhor , o sacerdote a avaliará, seja boa ou seja má; como o sacerdote a avaliar, assim será.
15 Ne ame si tsɔ eƒe aƒe na agaxɔe la, ele nɛ be wòatsɔ ga home la ƒe atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe ga home la ŋu, eye aƒea agazu etɔ.
15 Mas, se aquele que a dedicou quiser resgatar a casa, então, acrescentará a quinta parte do dinheiro à tua avaliação, e será sua.
16 “ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Yehowa la, do asi ɖe eŋu ɖe eƒe lolome kple nuku agbɔsɔsɔ si woate ŋu aƒã ɖe edzi la nu. Anyigba si dzi woate ŋu aƒã lu kilogram blaeve ɖo la naxɔ klosaloga ewo.
16 Se alguém dedicar ao Senhor parte do campo da sua herança, então, a tua avaliação será segundo a semente necessária para o semear: um gômer pleno de cevada será avaliado por cinquenta siclos de prata.
17 Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba na Yehowa le Aseyetsoƒe la me la, ekema nutɔ la naxe ga home la katã.
17 Se dedicar o seu campo desde o Ano do Jubileu, segundo a tua plena avaliação, ficará.
18 Ke ne etsɔe na le Aseyetsoƒe la megbe la, ekema ga home si wòaxe la aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe bubu nagaɖo la ŋu.
18 Mas, se dedicar o seu campo depois do Ano do Jubileu, então, o sacerdote lhe contará o dinheiro segundo os anos restantes até ao Ano do Jubileu, e isto se abaterá da tua avaliação.
19 Ne amea di be yeagaxɔ anyigba la la, ekema ele nɛ be wòaxe ga home si nunɔla la ɖo nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ekema anyigba la agazu etɔ.
19 Se aquele que dedicou o campo dalgum modo o quiser resgatar, então, acrescentará a quinta parte do dinheiro à tua avaliação, e ficará seu.
20 “ ‘Ke ne eɖo be yemagbugbɔ anyigba la axɔ o, alo wòdzrae na ame bubu aɖe, eye wòna anyigba la zu Yehowa tɔ le Aseyetsoƒe la me la, ekema magate ŋu axɔe o.
20 Se não quiser resgatar o campo ou se o vender a outro homem, nunca mais se resgatará.
21 Ne woɖe asi le anyigba la ŋu le Aseyetsoƒe la me la, ekema anyigba la azu Yehowa tɔ abe anyigba si wotsɔ nɛ ene. Woatsɔe na nunɔla la.
21 Porém, havendo o campo saído livre no Ano do Jubileu, será santo ao Senhor , como campo consagrado; a posse dele será do sacerdote.
22 “ ‘Ne ame aɖe tsɔ anyigba si eya ŋutɔ ƒle, eye menye eƒe ƒome ƒe anyigba ƒe akpa aɖeke o na Yehowa la,
22 Se alguém dedicar ao Senhor o campo que comprou, e não for parte da sua herança,
23 ekema nunɔla la agblɔ ga home si anyigba la axɔ va se ɖe Aseyetsoƒe si gbɔna la nɛ. Amea axe ga home ma enumake na Yehowa.
23 então, o sacerdote lhe contará o preço da avaliação até ao Ano do Jubileu; e, no mesmo dia, dará o importe da avaliação como coisa santa ao Senhor .
24 Ekema le Aseyetsoƒe la me la, anyigba la agazu nutɔ gbãtɔ si si wòƒlee le la tɔ.
24 No Ano do Jubileu, o campo tornará àquele que o vendeu, àquele de quem era a posse do campo por herança.
25 Ga homeawo katã nanɔ Kɔkɔeƒe la ƒe ga me: ga siwo katã woaxe la nanye esi dzi nunɔlawo ɖo kpee da ɖi.
25 Toda a tua avaliação se fará segundo o siclo do santuário; o siclo será de vinte geras.
26 “ ‘Ame aɖeke matsɔ nyitsu alo agbo si ʋu dɔnu na dadaa la ana Yehowa o, elabena Yehowa tɔe wònye xoxo.
26 Mas o primogênito de um animal, por já pertencer ao Senhor , ninguém o dedicará; seja boi ou gado miúdo, é do Senhor .
27 Ke ne enye ŋgɔgbevi na lã si ŋu se meɖe mɔ le be woatsɔ asa vɔe na Yehowa o la, ekema amea axe ga home si nunɔla ayɔ nɛ la kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ke ne amea medi be yeagbugbɔe axɔ o la, nunɔla la nadzrae na ame bubu ɖe sia ɖe.
27 Mas, se for de um animal imundo, resgatar-se-á, segundo a tua avaliação, e sobre ele acrescentará a quinta parte; se não for resgatado, vender-se-á, segundo a tua avaliação.
28 Ke nu sia nu si woatsɔ ana Yehowa, eɖanye amegbetɔ o, lã o alo anyigba si ƒe dome ame aɖe menyi o la, womadzra wo o, eye womagbugbɔ wo axɔ hã o, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo wonye na Yehowa.
28 No entanto, nada do que alguém dedicar irremissivelmente ao Senhor , de tudo o que tem, seja homem, ou animal, ou campo da sua herança, se poderá vender, nem resgatar; toda coisa assim consagrada será santíssima ao Senhor .
29 “ ‘Ne wodo busu ame aɖe la, womaxɔe kple ga o, ke boŋ woawui.
29 Ninguém que dentre os homens for dedicado irremissivelmente ao Senhor se poderá resgatar; será morto.
30 “ ‘Nu siwo katã anyigba wɔ, agblemenukuwo loo alo kutsetsewo ƒe mama ewolia ƒe ɖeka nye Yehowa tɔ, eye wonye nu kɔkɔe.
30 Também todas as dízimas da terra, tanto dos cereais do campo como dos frutos das árvores, são do Senhor ; santas são ao Senhor .
31 Ne ame aɖe di be yeaxɔ yeƒe kutsetse la alo agblemenuku la aƒle la, ele be wòaxe ga home la kple eƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka.
31 Se alguém, das suas dízimas, quiser resgatar alguma coisa, acrescentará a sua quinta parte sobre ela.
32 Ne lãkplɔla aɖe le eƒe lãwo xlẽm ɖekeɖekae la, lã ewolia ɖe sia ɖe nye Yehowa tɔ, eɖanye nyi, alẽ alo aƒemelã bubu ɖe sia ɖe o.
32 No tocante às dízimas do gado e do rebanho, de tudo o que passar debaixo do bordão do pastor, o dízimo será santo ao Senhor .
33 Womatia lã ewolia si woatsɔ ana Yehowa la ɖe eƒe nyonyo alo manyomanyo ta o. Womatsɔ ɖeke aɖɔli bubu hã o. Ne woaɖɔli lã aɖe kokoko la, ekema esi woaɖɔli kple esi woatsɔ aɖɔlii la siaa nye Yehowa tɔ, eye womaxe fe ɖe wo ta o!’ ”
33 Não se investigará se é bom ou mau, nem o trocará; mas, se dalgum modo o trocar, um e outro serão santos; não serão resgatados.
34 Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose le Sinai to la dzi na Israelviwo.
34 São estes os mandamentos que o Senhor ordenou a Moisés, para os filhos de Israel, no monte Sinai.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 27, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.