Levítico 25

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs ARA

Sair da comparação
ARA Almeida Revista e Atualizada 1993
1 Yehowa gblɔ na Mose le Sinai to la dzi bena,
1 Disse o Senhor a Moisés, no monte Sinai:
2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia na ge dzi la, ele be anyigba la naɖu dzudzɔgbe na Yehowa.
2 Fala aos filhos de Israel e dize-lhes: Quando entrardes na terra, que vos dou, então, a terra guardará um sábado ao Senhor .
3 Miaƒã miaƒe nukuwo, aɖe miaƒe waintiwo ŋu, eye miaxa miaƒe agblemenukuwo,
3 Seis anos semearás o teu campo, e seis anos podarás a tua vinha, e colherás os seus frutos.
4 ke le ƒe adrelia me la, miagblẽ anyigba la ɖi le Yehowa ŋkume; miagade agble ɖe edzi o. Migaƒã nukuwo o, eye migaɖe miaƒe waintiwo ŋu le ƒe blibo la me o.
4 Porém, no sétimo ano, haverá sábado de descanso solene para a terra, um sábado ao Senhor ; não semearás o teu campo, nem podarás a tua vinha.
5 Migaŋe nuku siwo mie le wo ɖokuiwo si o; migagbe wain tsetsewo gɔ̃ hã na mia ɖokuiwo o, elabena ƒe adrelia nye dzudzɔƒe na anyigba la.
5 O que nascer de si mesmo na tua seara não segarás e as uvas da tua vinha não podada não colherás; ano de descanso solene será para a terra.
6 Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si ado tso anyigba la me le dzudzɔƒe la me la, anye nuɖuɖu na mi, na wò ŋutɔ, wò ŋutsusubɔla kple wò nyɔnusubɔla kple agbatedɔwɔla kple ame si le gbɔwò le ŋkeke mawo me ko,
6 Mas os frutos da terra em descanso vos serão por alimento, a ti, e ao teu servo, e à tua serva, e ao teu jornaleiro, e ao estrangeiro que peregrina contigo;
7 hekpe ɖe wò aƒemelãwo kple lã wɔadã siwo le wò anyigba dzi la ŋu. Nu sia nu si anyigba la na la, woate ŋu aɖui.
7 e ao teu gado, e aos animais que estão na tua terra, todo o seu produto será por mantimento.
8 “ ‘Xlẽ dzudzɔƒe teƒe adre ale be dzudzɔƒe teƒe adreawo ƒe teƒe adre nanye ƒe blaene-vɔ-asiekɛ.
8 Contarás sete semanas de anos, sete vezes sete anos, de maneira que os dias das sete semanas de anos te serão quarenta e nove anos.
9 Ekema na woaku kpẽ le afi sia afi le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewoa gbe; le Avuléŋkeke la dzi la, na woaku kpẽ le wò anyigba blibo la dzi.
9 Então, no mês sétimo, aos dez do mês, farás passar a trombeta vibrante; no Dia da Expiação, fareis passar a trombeta por toda a vossa terra.
10 Kɔ ƒe blatɔ̃lia ŋuti, eye nàɖe gbeƒã ablɔɖe le anyigba blibo la dzi na edzinɔlawo. Anye Aseyetsoƒe na mi. Mia dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ ayi eƒe ƒome ƒe nunɔamesiwo gbɔ, eye ame sia ame atrɔ ayi eƒe to si me wòtso la me.
10 Santificareis o ano quinquagésimo e proclamareis liberdade na terra a todos os seus moradores; ano de jubileu vos será, e tornareis, cada um à sua possessão, e cada um à sua família.
11 Ƒe blaatɔ̃lia anye Aseyetsoƒe na mi. Migaƒã nu alo axa nuku siwo mie le woawo ŋutɔ ɖokui si alo agbe waintsetse siwo tsi gbe me o,
11 O ano quinquagésimo vos será jubileu; não semeareis, nem segareis o que nele nascer de si mesmo, nem nele colhereis as uvas das vinhas não podadas.
12 elabena Aseyetsoƒe kɔkɔe aɖee wònye na mi. Le ƒe ma me la, miaƒe nuɖuɖu anye nuku siwo miexa tso agble me.
12 Porque é jubileu, santo será para vós outros; o produto do campo comereis.
13 “ ‘Ɛ̃, le ƒe ma me la, ame sia ame atrɔ ayi wo de, ayi nu si nye eƒe ƒomea tɔ la gbɔ; ne edzra nane la, woagbugbɔe nɛ!
13 Neste Ano do Jubileu, tornareis cada um à sua possessão.
14 “ ‘Ne èdzra anyigba na Israelvi aɖe alo ƒlee le esi la, mègabae o.
14 Quando venderes alguma coisa ao teu próximo ou a comprares da mão do teu próximo, não oprimas teu irmão.
15 Aseyetsoƒe la ŋu nàƒle nu le nɔviwo si ɖo, eye ƒe ale si sinu nàŋe nu la ŋu wòadzrae na wò ɖo.
15 Segundo o número dos anos desde o Jubileu, comprarás de teu próximo; e, segundo o número dos anos das messes, ele venderá a ti.
16 Ne Aseyetsoƒe la le ŋgɔ ƒe geɖe la, anyigba la ƒe home akɔ. Ke ne ƒe ʋɛ aɖewo koe susɔ la, asi la abɔbɔ, elabena nu si ŋuti wole asi dom ɖo lae nye agblemenuku siwo anyigbatɔ yeye la akpɔ le anyigba la dzi.
16 Sendo muitos os anos, aumentarás o preço e, sendo poucos, abaixarás o preço; porque ele te vende o número das messes.
17 Migaba mia nɔewo o, ke boŋ mivɔ̃ miaƒe Mawu; nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
17 Não oprimais ao vosso próximo; cada um, porém, tema a seu Deus; porque eu sou o Senhor , vosso Deus.
18 “ ‘Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ nye seawo dzi, ekema mianɔ dedie le anyigba la dzi.
18 Observai os meus estatutos, guardai os meus juízos e cumpri-os; assim, habitareis seguros na terra.
19 Ne miewɔ seawo dzi la, miaƒe agblemenukuwo aʋã, eye miaɖu nu aɖi ƒo.
19 A terra dará o seu fruto, e comereis a fartar e nela habitareis seguros.
20 Ke miabia be, “Nu ka míaɖu le ƒe adrelia me esi womeɖe mɔ na mí be míaƒã nu alo aŋe nu le ƒe ma me o?”
20 Se disserdes: Que comeremos no ano sétimo, visto que não havemos de semear, nem colher a nossa messe?
21 Mayra mi le ƒe adelia me ale gbegbe be anyigba la ana nuɖuɖu si asu mia nu ƒe etɔ̃.
21 Então, eu vos darei a minha bênção no sexto ano, para que dê fruto por três anos.
22 Ne mieƒã nukuwo le ƒe enyilia me la, miaɖu miaƒe nu xoxowo, eye miayi wo ɖuɖu dzi va se ɖe esime ƒe asiekɛlia ƒe nuŋeɣi naɖo.
22 No oitavo ano, semeareis e comereis da colheita anterior até ao ano nono; até que venha a sua messe, comereis da antiga.
23 “ ‘Miɖo ŋku edzi be tɔnyee nye anyigba la, eya ta migadzrae ɖikaa o. Gbɔnyenɔlawo kple amedzro siwo le agble dzi nam ko mienye!
23 Também a terra não se venderá em perpetuidade, porque a terra é minha; pois vós sois para mim estrangeiros e peregrinos.
24 Le anyigbadzadzra ƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe me la, ele be woaɖo kpe edzi be anyigbadzrala la agate ŋu agbugbɔ anyigba la axɔ ɣe sia ɣi.
24 Portanto, em toda a terra da vossa possessão dareis resgate à terra.
25 “ ‘Ne hiã tu ame aɖe, eye wòdzra eƒe anyigba ƒe akpa aɖe la, ekema eƒe ƒometɔ tututuwo ate ŋu axe fe ɖe eta, axɔe.
25 Se teu irmão empobrecer e vender alguma parte das suas possessões, então, virá o seu resgatador, seu parente, e resgatará o que seu irmão vendeu.
26 Ne ƒometɔ aɖeke meli si ate ŋu axɔe o, eye wòva kpɔ ga emegbe la,
26 Se alguém não tiver resgatador, porém vier a tornar-se próspero e achar o bastante com que a remir,
27 ekema eya ŋutɔ agate ŋu aƒlee ɣe sia ɣi, eye wòaxe ga ɖe eta ɖe nuŋeɣi siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe naɖo la nu. Ele be anyigbaƒlela la naxɔ ga la, eye wòagbugbɔ anyigba la na anyigbatɔ gbãtɔ.
27 então, contará os anos desde a sua venda, e o que ficar restituirá ao homem a quem vendeu, e tornará à sua possessão.
28 Ke ne anyigbatɔ gbãtɔ la mete ŋu gbugbɔe ƒle o la, ekema anyigba la anye eƒlela la tɔ va se ɖe Aseyetsoƒe la dzi. Ke ele be wòagbugbɔe na anyigbatɔ la le Aseyetsoƒe la me kokoko.
28 Mas, se as suas posses não lhe permitirem reavê-la, então, a que for vendida ficará na mão do comprador até ao Ano do Jubileu; porém, no Ano do Jubileu, sairá do poder deste, e aquele tornará à sua possessão.
29 “ ‘Ne ame aɖe dzra eƒe aƒe le du si woɖo gli ƒo xlãe me la, agate ŋu axɔe le ƒe ɖeka me ko.
29 Quando alguém vender uma casa de moradia em cidade murada, poderá resgatá-la dentro de um ano a contar de sua venda; durante um ano, será lícito o seu resgate.
30 Ke ne mete ŋu xɔe le ƒe ɖeka ma me o la, ekema azu eƒlela kple eƒe dzidzimeviwo tɔ ɖikaa, eye magbugbɔ ayi edzrala ƒe asi me le Aseyetsoƒe la gɔ̃ hã me o.
30 Se, passando-se-lhe um ano, não for resgatada, então, a casa que estiver na cidade que tem muro ficará em perpetuidade ao que a comprou, pelas suas gerações; não sairá do poder dele no Jubileu.
31 Ke aƒe siwo le du siwo womeɖo gli ƒo xlã o me ya la le ko abe aƒe siwo wotso ɖe agblewo dzi ene, eya ta woate ŋu agbugbɔ wo axɔ ɣe sia ɣi, eye woagbugbɔ wo na nutɔ gbãtɔwo le Aseyetsoƒe la me kokoko.
31 Mas as casas das aldeias que não têm muro em roda serão estimadas como os campos da terra; para elas haverá resgate, e sairão do poder do comprador no Jubileu.
32 “ ‘Mele alea le Levitɔwo ya gome o. Levitɔwo ya ate ŋu agbugbɔ woƒe aƒewo axɔ ɣe sia ɣi, le du siwo wotsɔ na wo la me,
32 Mas, com respeito às cidades dos levitas, às casas das cidades da sua possessão, terão direito perpétuo de resgate os levitas.
33 ke ne Levitɔ aɖeke mexɔe o la, ekema woaɖe asi le aƒe si wodzra le woawo ŋutɔ ƒe du me la ŋuti le Aseyetsoƒe la dzi, elabena Levitɔwo ƒe duwo nye woawo ŋutɔ tɔ le Israelviwo dome.
33 Se o levita não resgatar a casa que vendeu, então, a casa comprada na cidade da sua possessão sairá do poder do comprador, no Jubileu; porque as casas das cidades dos levitas são a sua possessão no meio dos filhos de Israel.
34 Womeɖe mɔ na Levitɔwo be woadzra lãnyiƒenyigba siwo ƒo xlã woƒe duwo o, elabena wonye wo tɔ ɖikaa, eye womagate ŋu anye ame bubu aɖeke tɔ o.
34 Mas o campo no arrabalde das suas cidades não se venderá, porque lhes é possessão perpétua.
35 “ ‘Ne hiã tu hawòvi, Israelvi, eye magate ŋu akpɔ eɖokui dzi o la, enye wò dɔdeasi be nàkpe ɖe eŋu. Na wòava nɔ gbɔwò le wò aƒe me abe amedzro si dze gbɔwò ene.
35 Se teu irmão empobrecer, e as suas forças decaírem, então, sustentá-lo-ás. Como estrangeiro e peregrino ele viverá contigo.
36 Mègaxɔ deme ɖe ga si nèdo nɛ la dzi o, ke boŋ vɔ̃ wò Mawu, eye nàna wòanɔ gbɔwò.
36 Não receberás dele juros nem ganho; teme, porém, ao teu Deus, para que teu irmão viva contigo.
37 Ɖo ŋku edzi be deme aɖeke mele eme o, eye nàna nu sia nu si hiãe la adzɔmaxɔe. Mègati viɖe yome o.
37 Não lhe darás teu dinheiro com juros, nem lhe darás o teu mantimento por causa de lucro.
38 Esiae nye sedede tso nye, Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be matsɔ Kanaanyigba ana mi, eye manye miaƒe Mawu.
38 Eu sou o Senhor , vosso Deus, que vos tirei da terra do Egito, para vos dar a terra de Canaã e para ser o vosso Deus.
39 “ ‘Ne nɔviwò Israelvi aɖe ɖo ko, eye wòdzra eɖokui na wò la, mele be nàwɔ eŋu dɔ abe kluvi bubuawo ene o,
39 Também se teu irmão empobrecer, estando ele contigo, e vender-se a ti, não o farás servir como escravo.
40 ke boŋ nàbui abe wò agbatedɔwɔla alo wò amedzro ene, eye wòasubɔ wò va se ɖe Aseyetsoƒe la me.
40 Como jornaleiro e peregrino estará contigo; até ao Ano do Jubileu te servirá;
41 Le Aseyetsoƒe la me la, ate ŋu adzo kple viawo, eye wòatrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe ƒometɔwo kple eƒe domenyinuwo gbɔ.
41 então, sairá de tua casa, ele e seus filhos com ele, e tornará à sua família e à possessão de seus pais.
42 Esi wònye nyee kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, eye nye subɔlawo mienye ta la, mele be woadzra mi abe kluvi bubuawo ene loo
42 Porque são meus servos, que tirei da terra do Egito; não serão vendidos como escravos.
43 alo awɔ fu mi o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu.
43 Não te assenhorearás dele com tirania; teme, porém, ao teu Deus.
44 “ ‘Miate ŋu aƒle kluviwo tso dukɔ bubu siwo ƒo xlã mi la me,
44 Quanto aos escravos ou escravas que tiverdes, virão das nações ao vosso derredor; delas comprareis escravos e escravas.
45 eye miate ŋu aƒle amedzro siwo ƒo xlã mi la ƒe viwo, togbɔ be wodzi wo le miaƒe anyigba dzi hã.
45 Também os comprareis dos filhos dos forasteiros que peregrinam entre vós, deles e das suas famílias que estiverem convosco, que nasceram na vossa terra; e vos serão por possessão.
46 Woanye kluviwo na mi tegbetegbe, eye miagblẽ wo ɖi na mia viwo. Ke mele be miawɔ mia nɔvi, Israelviwo ya nenema o.
46 Deixá-los-eis por herança para vossos filhos depois de vós, para os haverem como possessão; perpetuamente os fareis servir, mas sobre vossos irmãos, os filhos de Israel, não vos assenhoreareis com tirania, um sobre os outros.
47 “ ‘Ne amedzro aɖe si le mia dome zu hotsuitɔ, eye ne Israelvi aɖe ɖo ko, eye wòdzra eɖokui na amedzro hotsuitɔ la alo hotsuitɔ la ƒe ƒometɔ la,
47 Quando o estrangeiro ou peregrino que está contigo se tornar rico, e teu irmão junto dele empobrecer e vender-se ao estrangeiro, ou peregrino que está contigo, ou a alguém da família do estrangeiro,
48 Israelvi la nɔviŋutsu,
48 depois de haver-se vendido, haverá ainda resgate para ele; um de seus irmãos poderá resgatá-lo:
49 fofoa alo dadaa nɔviŋutsu, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu, viŋutsu alo ame sia ame si nye eƒe ƒometɔ tututu la ate ŋu axɔe. Eya ŋutɔ hã ate ŋu axɔ eɖokui ne ate ŋu akpɔ ga home la.
49 seu tio ou primo o resgatará; ou um dos seus, parente da sua família, o resgatará; ou, se lograr meios, se resgatará a si mesmo.
50 Fe si wòaxe ɖe eƒe ablɔɖe ta la, aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe la naɖo la ŋu. Esɔ kple fe si woaxe na agbatedɔwɔlawo le ƒe mawo me.
50 Com aquele que o comprou acertará contas desde o ano em que se vendeu a ele até ao Ano do Jubileu; o preço da sua venda será segundo o número dos anos, conforme se paga a um jornaleiro.
51 Ne ƒe geɖewo ava yi hafi Aseyetsoƒe la naɖo la, ekema amea axe ga si wòxɔ esime wòdzra eɖokui la ƒe akpa gãtɔ.
51 Se ainda faltarem muitos anos, devolverá proporcionalmente a eles, do dinheiro pelo qual foi comprado, o preço do seu resgate.
52 Ne ƒeawo va yi, eye wòsusɔ ƒe ʋɛ aɖewo ko Aseyetsoƒe la naɖo la, ekema axe ga si wòxɔ esi wòdzra eɖokui la ƒe akpa sue aɖe ko.
52 Se restarem poucos anos até ao Ano do Jubileu, então, fará contas com ele e pagará, em proporção aos anos restantes, o preço do seu resgate.
53 Ne edzra eɖokui na amedzro aɖe la, ele be amedzro la nalé be nɛ abe agbatedɔwɔla ene, ke mawɔ eŋu dɔ abe kluvi alo nu si nye etɔ la ene o.
53 Como jornaleiro, de ano em ano, estará com ele; não se assenhoreará dele com tirania à tua vista.
54 “ ‘Ne womete ŋu xɔe hafi Aseyetsoƒe la ɖo o la, ekema woana ablɔɖe eya ŋutɔ kple viawo le Aseyetsoƒe la me.
54 Se desta sorte se não resgatar, sairá no Ano do Jubileu, ele e seus filhos com ele.
55 Elabena nye amewoe nye Israelviwo. Nyee ɖe wo tso Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”
55 Porque os filhos de Israel me são servos; meus servos são eles, os quais tirei da terra do Egito. Eu sou o Senhor , vosso Deus.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 25, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.