Levítico 23

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC

Sair da comparação
VC Versão Católica
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
1 O Senhor disse a Moisés: "Dize aos israelitas o seguinte:
2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiawoe nye nye ŋkekenyui ɖoɖiwo, Yehowa ƒe ŋkekenyui ɖoɖi siwo miaɖe gbeƒãe abe takpekpe kɔkɔewo ene.
2 eis as festas do Senhor que anunciareis como devendo ser santas assembléias: estas são as minhas solenidades.
3 “ ‘Esiawo akpe ɖe miaƒe dzudzɔgbewo ŋuti, dzudzɔgbe siawoe nye kɔsiɖa la ƒe ŋkeke adrea gbe, eye wònye ŋkeke siwo dzi miadzudzɔ le ɣe sia ɣi le miaƒe aƒewo me; miakpe ta asubɔm, eye miadzudzɔ tso miaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me.
3 Trabalhareis seis dias, mas no sétimo dia, sábado, dia de repouso, haverá uma santa assembléia. Nele não fareis trabalho algum. É o repouso consagrado ao Senhor, em todos os lugares em que habitardes."
4 “ ‘Esiawoe nye Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe ɖoanyiawo, takpekpe kɔkɔe siwo miayɔ le ɣeyiɣi ɖoɖiawo dzi.
4 "Eis as festas do Senhor, santas assembléias que anunciareis no devido tempo.
5 Yehowa Ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la adze egɔme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienea gbe le fiẽ.
5 No primeiro mês, no décimo quarto dia do mês, entre as duas tardes, será a Páscoa do Senhor.
6 “ ‘Le ɣleti gbãtɔ ma ke ƒe ŋkeke wuiatɔ̃a gbe la, Yehowa ƒe Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui adze egɔme. Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo si me womede amɔʋãtike o.
6 E no décimo quinto dia desse mês, realizar-se-á a festa dos Pães sem Fermento em honra do Senhor: comereis pães sem fermento durante sete dias.
7 Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o.
7 Tereis no primeiro dia uma santa assembléia, e não fareis nenhum trabalho servil.
8 Hena ŋkeke adre la, miawɔ dzovɔsa na Yehowa, eye le ŋkeke adrelia dzi la, yɔ takpekpe kɔkɔe, eye miawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke la dzi o.’ ”
8 Durante sete dias oferecereis ao Senhor sacrifícios pelo fogo. No sétimo dia haverá uma santa assembléia; e não fareis trabalho algum servil".
9 Yehowa gblɔ na Mose be,
9 O Senhor disse a Moisés: "Dize aos israelitas o seguinte:
10 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo anyigba si mele mia na ge dzi, eye miexa nukuwo la, mitsɔ lu babla gbãtɔ vɛ na nunɔla la.
10 quando tiverdes entrado na terra que vos hei de dar, e fizerdes a ceifa, trareis ao sacerdote um molho de espigas como primícias de vossa ceifa.
11 Ele be wòanye lu babla la le yame le Yehowa ŋkume, ale be wòaxɔe na mi. Nunɔla la anyee le Yehowa ŋkume le Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke.
11 O sacerdote agitará esse molho de espigas diante do Senhor, para que ele vos seja favorável: fará isso no dia seguinte ao sábado.
12 Gbe ma gbe ke miatsɔ alẽvi si xɔ ƒe ɖeka, eye wòle blibo la asa numevɔe na Yehowa.
12 No mesmo dia em que o molho for agitado, oferecereis ao Senhor em holocausto um cordeiro de um ano, sem defeito,
13 Miatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami la asa numevɔ na Yehowa, eye wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nɛ. Emegbe la, miatsɔ wain lita ɖeka asa nunovɔ.
13 ajuntando a ele uma oferta de dois décimos de flor de farinha amassada com óleo, como sacrifício pelo fogo de agradável odor ao Senhor, e mais uma libação de vinho, constando de um quarto de hin.
14 Miekpɔ mɔ aɖu abolo aɖeke, bli tɔtɔe alo bli yeye aɖeke o va se ɖe ŋkeke si dzi miawɔ vɔsa sia na miaƒe Mawu la. Esia anye ɖoɖo mavɔ na mi hena dzidzime siwo ava dzɔ le afi sia afi si mianɔ la.
14 Não comereis nem pão, nem grão torrado, nem espigas frescas até o dia em que levardes a oferta ao vosso Deus. Esta é uma lei perpétua para vossos descendentes, em todos os lugares em que habitardes."
15 “ ‘Tso Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke, gbe si gbe mietsɔ lu babla gbãtɔ vɛ, eye mienyee le yame la, xlẽ kɔsiɖa blibo adre.
15 "A partir do dia seguinte ao sábado, desde o dia em que tiverdes trazido o molho para ser agitado, contareis sete semanas completas.
16 Xlẽ ŋkeke blaatɔ̃ va se ɖe ŋkeke si dze Dzudzɔgbe adrelia dzi, eye miasa vɔ kple nuŋeŋe yeyewo na Yehowa.
16 Contareis cinqüenta dias até o dia seguinte ao sétimo sábado, e apresentareis ao Senhor uma nova oferta.
17 Nunana sia anye abolo eve tso miaƒe aƒewo me, eye woanye wo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ nɛ ƒe dzesi ene. Mitsɔ wɔ memee si ʋã la kilogram eve wɔ abolo siawo. Nunana sia nye miaƒe kutsetse gbãtɔwo na Yehowa.
17 Trareis de vossa casa dois pães feitos de dois décimos de flor de farinha, cozidos com fermento, para agitá-los como oferta; são as primícias do Senhor.
18 Kpe ɖe abolo kple wain ŋuti la, miatsɔ alẽvi adre siwo xɔ ƒe ɖeka, nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo de blibo la asa numevɔ na Yehowa. Wo katã nye dzovɔsawo eye wonye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa.
18 Oferecereis com o pão em holocausto ao Senhor sete cordeiros de um ano, sem defeito, um novilho e dois carneiros, acompanhados da oferta e da libação: este será um sacrifício de agradável odor ao Senhor.
19 Emegbe la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka la asa akpedavɔe.
19 Oferecereis também um bode pelo pecado e, como sacrifício pacífico, dois cordeiros de um ano.
20 Nunɔla la anye nunana siawo le yame le Yehowa ŋkume hekpe ɖe nu gbãtɔwo ƒe abolo ŋu, kpakple alẽvi eveawo siwo nye nu kɔkɔewo na Yehowa, eye woatsɔ wo ana nunɔlawo abe woƒe nuɖuɖu ene.
20 O sacerdote os agitará com o pão das primícias, como ofertas agitadas diante do Senhor, com os dois cordeiros: serão consagrados ao Senhor, e serão propriedade do sacerdote.
21 Woaɖe gbeƒã ŋkeke ma abe amewo katã ƒe takpekpe kɔkɔe ƒe ɣeyiɣi ene. Migawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o. Esia nye se si dzi woawɔ tso dzidzime yi dzidzime.
21 Nesse mesmo dia anunciareis a festa e convocareis uma santa assembléia: não fareis trabalho algum servil. Esta é uma lei perpétua para vossos descendentes, em qualquer lugar onde habitardes.
22 “ ‘Ne miexa miaƒe nukuwo la, mele be miaŋe nu sia nu va se ɖe boto ke o, eye mele be miafɔ nukui siwo dudu ɖe anyigba o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, ame siwo si anyigba mele o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”
22 Quando fizeres a ceifa em tua terra, não ceifarás até o extremo limite de teu campo e não recolherás a espiga de tua ceifa: deixá-la-eis para o pobre e o estrangeiro. Eu sou o Senhor, vosso Deus".
23 Yehowa gblɔ na Mose bena,
23 O Senhor disse a Moisés: "Dize aos israelitas o seguinte:
24 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ele be miadzudzɔ mia ɖokui, wòanye takpekpe kɔkɔe si dzi woaɖo ŋkui kple kpẽkuku.
24 no sétimo mês, no primeiro dia do mês, haverá para vós um dia de repouso, solenidade que publicareis ao som da trombeta, uma santa assembléia.
25 Migawɔ gbe sia gbe dɔwo o, ke boŋ misa dzovɔ na Yehowa.’ ”
25 Não fareis trabalho algum servil, e oferecereis ao Senhor sacrifícios consumidos pelo fogo".
26 Yehowa gblɔ na Mose be,
26 O Senhor disse a Moisés:
27 “Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ nye Avuléŋkekenyui la. Miwɔ takpekpe kɔkɔe, miatsi nu adɔ, eye miasa dzovɔ na Yehowa.
27 "No décimo dia do sétimo mês será o dia das Expiações. Tereis uma santa assembléia: humilhareis vossas, almas e oferecereis ao Senhor sacrifícios queimados pelo fogo.
28 Migawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, elabena enye avuléŋkeke tɔxɛ le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume.
28 Não fareis trabalho algum naquele dia, porque é um dia de expiação em que deve ser feita a expiação por vós diante do Senhor, vosso Deus.
29 Ne ame aɖe mewɔ ŋkeke sia ŋu dɔ hena dzimetɔtrɔ kple konyifafa ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta o la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome.
29 Todo aquele que se não humilhar nesse dia será cortado do meio de seu povo.
30 Matsrɔ̃ ame sia ame si awɔ dɔ aɖe gbe ma gbe la tso eƒe amewo dome.
30 E todo o que fizer nesse dia um trabalho qualquer, eu o suprimirei do meio de seu povo.
31 Miawɔ dɔ aɖeke kura o. Ele be esia nanye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo ava va le afi si mianɔ.
31 Não fareis, pois, trabalho algum; esta é uma lei perpétua para vossos descendentes, em todos os lugares em que habitardes.
32 Ŋkeke sia nye dzudzɔgbe; miabɔbɔ mia ɖokui, eye miase veve ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Avuléɣeyiɣi sia adze egɔme tso fiẽ si do ŋgɔ na Avuléŋkekenyui la, eye wòayi edzi va se ɖe ŋkekenyui la ƒe fiẽ.”
32 Será para vós um sábado, um dia de repouso, e humilhareis vossas almas. No nono dia do mês, à tarde observareis um sábado, de uma tarde à tarde seguinte.
33 Yehowa gblɔ na Mose bena,
33 O Senhor disse a Moisés: "Dize aos israelitas o seguinte:
34 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, Yehowa ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la adze egɔme eye woaɖui ŋkeke adre.
34 no décimo quinto dia do sétimo mês, celebrar-se-á a festa dos Tabernáculos durante sete dias, em honra do Senhor.
35 Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe le ŋkeke gbãtɔ dzi. Migawɔ dɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o.
35 No primeiro dia haverá uma santa assembléia: não fareis nenhum trabalho servil.
36 Le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be miasa dzovɔ na Yehowa. Ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe bubu le ŋkeke enyia gbe. Woagasa dzovɔ na Yehowa gbe ma gbe. Enye dzidzɔɣeyiɣi aɖe, eye womeɖe mɔ be woawɔ dɔ sesẽ aɖeke o.’
36 Durante sete dias oferecereis ao Senhor sacrifícios queimados pelo fogo. No oitavo dia tereis uma santa assembléia e oferecereis ao Senhor sacrifícios queimados pelo fogo. Será uma assembléia solene: não fareis trabalho algum servil.
37 (“ ‘Esiawoe nye ŋkekenyui siwo miaɖu atsɔ de bubu Yehowa ŋu; ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔewo, eye woasa dzovɔwo, numevɔ, nuɖuvɔ, akpedavɔ kple nunovɔ na Yehowa. Ŋkeke ɖe sia ɖe kple etɔ
37 Estas são as solenidades do Senhor que anunciareis para haver santas assembléias, para oferecer ao Senhor sacrifícios queimados pelo fogo, holocaustos, oblações, vítimas e libações, cada coisa em seu dia,
38 Ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui siawo kpe ɖe kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe Dzudzɔgbe ŋu. Vɔ siwo woasa le ŋkekenyui siawo dzi la akpe ɖe miaƒe ɣe sia ɣi ƒe nunanawo kple adzɔgbeɖefewo ŋu.)
38 sem falar dos sábados do Senhor, de vossos dons, vossos votos e de todas as ofertas espontâneas que fizerdes ao Senhor.
39 “ ‘Anyɔnyɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔ sia, si le miaƒe nuŋeɣi ƒe nuwuwu lae nye ɣeyiɣi si dzi miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre le Yehowa ŋkume. Miɖo ŋku edzi be ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ nye dzudzɔgbe kɔkɔewo.
39 No décimo quinto dia do sétimo mês, quando tiverdes colhido os produtos da terra, celebrareis uma festa ao Senhor durante sete dias. O primeiro dia será um dia de repouso, bem como o oitavo.
40 Le ŋkeke gbãtɔ dzi la, mitsɔ kutsetseti ƒe alɔ siwo dzi kutsetsewo le kple deʋaya kple atilɔ siwo do abe amiti siwo le tɔʋuwo to ene; mitsɔ wo tu agbadɔwo. Mitso aseye le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume ŋkeke adre sɔŋ.
40 No primeiro dia tomareis frutos de árvores formosas, folhas de palmeiras, ramos de árvores frondosas e de salgueiros da torrente; e alegrar-vos-eis durante sete dias diante do Senhor, vosso Deus.
41 Ŋkekenyui sia, si woaɖu na Yehowa ŋkeke adre, ƒe sia ƒe la, nye se tso dzidzime yi dzidzime.
41 Cada ano celebrareis esta festa durante sete dias em honra do Senhor. Esta é uma lei perpétua para vossos descendentes. Celebrá-la-eis no sétimo mês.
42 Le ŋkeke adre mawo me la, ele be mi ame siwo katã nye Israelvi dzidziawo la, mianɔ agbadɔ siawo me.
42 Habitareis em barracas de ramos durante sete dias: todo homem da geração de Israel habitará em barracas de ramos,
43 Nu sia ƒe taɖodzinue nye be woaɖo ŋku edzi na Israelviwo, tso dzidzime yi dzidzime be meɖe mi tso Egiptenyigba dzi, eye mena mienɔ agbadɔwo me. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”
43 para que saibam os vossos descendentes que eu fiz habitar os israelitas em barracas de ramos, quando os tirei do Egito. Eu sou o Senhor, vosso Deus."
44 Ale Mose ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkekenyui siwo woaɖu ƒe sia ƒe la na Israelviwo.
44 Foi assim que Moisés falou aos israelitas, prescrevendo-lhes as festas do Senhor.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 23, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.