Levítico 22

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs ARA

Sair da comparação
ARA Almeida Revista e Atualizada 1993
1 Yehowa gblɔ na Mose bena,
1 Disse o Senhor a Moisés:
2 “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be woade bubu vɔsa kɔkɔe siwo ŋu Israelviwo kɔ nam la ŋu, ale be womaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Nyee nye Yehowa.
2 Dize a Arão e aos seus filhos que se abstenham das coisas sagradas, dedicadas a mim pelos filhos de Israel, para que não profanem o meu santo nome. Eu sou o Senhor .
3 “Tso azɔ dzi yi mavɔmavɔ me la, ne nunɔla aɖe si ŋu mekɔ o, tsɔ lã siwo amewo tsɔ va sa vɔe alo ka asi nu si Israelviwo tsɔ vɛ na Yehowa ŋu la, woaɖe nunɔlanyenye la le edzi, elabena nyee nye Yehowa.
3 Dize-lhes: Todo homem, que entre as vossas gerações, de toda a vossa descendência, se chegar às coisas sagradas que os filhos de Israel dedicam ao Senhor , tendo sobre si a sua imundícia, aquela alma será eliminada de diante de mim. Eu sou o Senhor .
4 “ ‘Ne Aron viwo dometɔ aɖe nye kpodɔléla alo dze abi si le tsi tsyɔm la, mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔewo o va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ. Ne nunɔla aɖe ka asi ame kuku aɖe ŋu alo ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o ŋu,
4 Ninguém da descendência de Arão que for leproso ou tiver fluxo comerá das coisas sagradas, até que seja limpo; como também o que tocar alguma coisa imunda por causa de um morto ou aquele com quem se der a emissão do sêmen;
5 alo wòka asi lã tata alo lã makɔmakɔ aɖe ŋu alo wòka asi ame si ŋuti mekɔ o le nane ta la,
5 ou qualquer que tocar algum réptil, com o que se faz imundo, ou a algum homem, com o que se faz imundo, seja qual for a sua imundícia.
6 nunɔla ma ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye maɖu vɔsanu kɔkɔe aɖeke o va se ɖe esime wòale tsi le fiẽ hafi.
6 O homem que o tocar será imundo até à tarde e não comerá das coisas sagradas sem primeiro banhar o seu corpo em água.
7 Ne ɣe ɖo to la, ekema eŋu akɔ, eye wòate ŋu aɖu nu kɔkɔe la azɔ, elabena eya dzie wòanɔ agbe ɖo.
7 Posto o sol, então, será limpo e, depois, comerá das coisas sagradas, porque isto é o seu pão.
8 Mekpɔ mɔ aɖu lã aɖeke si ku le eɖokui si alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu o, elabena nu sia ana wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Nyee nye Yehowa.
8 Do animal que morre por si mesmo ou é dilacerado não comerá, para, com isso, não contaminar-se. Eu sou o Senhor .
9 “ ‘Gblɔ na nunɔlawo be woawɔ se siawo dzi nyuie, ne menye nenema o la, woaɖi fɔ, eye woaku le se siawo dzi dada ta. Nyee nye Yehowa, ame si kɔ wo ŋuti.
9 Guardarão, pois, a obrigação que têm para comigo, para que, por isso, não levem sobre si pecado e morram, havendo-o profanado. Eu sou o Senhor , que os santifico.
10 “ ‘Ame si menye nunɔla o la mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o. Nunɔla ƒe amedzro alo agbatedɔwɔla mekpɔ mɔ aɖu nu sia o.
10 Nenhum estrangeiro comerá das coisas sagradas; o hóspede do sacerdote nem o seu jornaleiro comerão das coisas sagradas.
11 Ke ame bubu siwo ate ŋu aɖui koe nye kluvi si nunɔla aɖe ƒle kple eya ŋutɔ ƒe ga kple vi siwo kluvi la dzi le nunɔla la ƒe aƒe me.
11 Mas, se o sacerdote comprar algum escravo com o seu dinheiro, este comerá delas; os que nascerem na sua casa, estes comerão do seu pão.
12 Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu ɖe srɔ̃ tso to bubu me la, mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o.
12 Quando a filha do sacerdote se casar com estrangeiro, ela não comerá da oferta das coisas sagradas.
13 Ke ne enye ahosi alo eƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, viŋutsu aɖeke mele esi akpɔ edzi o, eye wògatrɔ va fofoa ƒe aƒe me la, ekema agate ŋu akpɔ gome le fofoa ƒe nuɖuɖu me. Le ame siawo megbe la, ame siwo mele nunɔlawo ƒe ƒomewo me o la mekpɔ mɔ aɖu nu sia o.
13 Mas, se a filha do sacerdote for viúva ou repudiada, e não tiver filhos, e se houver tornado à casa de seu pai, como na sua mocidade, do pão de seu pai comerá; mas nenhum estrangeiro comerá dele.
14 “ ‘Ne amedzro aɖe ɖu nu kɔkɔe la le ŋuɖeɖi me la, axe nu si wòɖu la ƒe fe na nunɔla, eye wòatsɔ home la ƒe memama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu,
14 Se alguém, por ignorância, comer a coisa sagrada, ajuntar-se-lhe-á a sua quinta parte e a dará ao sacerdote com a coisa sagrada.
15 elabena ame siwo mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o la magblẽ kɔ ɖo na vɔsanu kɔkɔe siwo Israelviwo tsɔ vɛ la o, elabena Yehowae wotsɔ vɔsanu siawo vɛ na.
15 Não profanarão as coisas sagradas que os filhos de Israel oferecem ao Senhor ,
16 Ne ame aɖe da le se sia dzi la, eɖi fɔ, eye wòde eɖokui dzɔgbevɔ̃e gã aɖe me, elabena eɖu nunana kɔkɔe la, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa nunanawo ŋuti.’ ”
16 pois assim os fariam levar sobre si a culpa da iniquidade, comendo as coisas sagradas; porque eu sou o Senhor , que os santifico.
17 Yehowa gblɔ na Mose be,
17 Disse mais o Senhor a Moisés:
18 “Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe, dzɔleaƒea alo amedzro si le Isreal sa numevɔ na Yehowa abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo nunana le lɔlɔ̃nu ene la,
18 Fala a Arão, e a seus filhos, e a todos os filhos de Israel e dize-lhes: Qualquer que, da casa de Israel ou dos estrangeiros em Israel, apresentar a sua oferta, quer em cumprimento de seus votos ou como ofertas voluntárias, que apresentar ao Senhor em holocausto,
19 Yehowa axɔe, ne enye lãtsu si de blibo, eye wònye nyitsuvi fɛ̃ alo alẽ alo gbɔ̃.
19 para que seja aceitável, oferecerá macho sem defeito, ou do gado, ou do rebanho de ovelhas, ou de cabras.
20 Mele be woana nu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke le la o, elabena Mawu maxɔe o.
20 Porém todo o que tiver defeito, esse não oferecereis; porque não seria aceito a vosso favor.
21 Ne ame aɖe be yeasa akpedavɔ na Yehowa tso eƒe lãhawo me, abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo abe nu si tso eƒe dzi me nana ko ene la, ele be wòana lã aɖe si de blibo. Ne mele alea o la, Yehowa maxɔ eƒe nunana la o.
21 Quando alguém oferecer sacrifício pacífico ao Senhor , quer em cumprimento de voto ou como oferta voluntária, do gado ou do rebanho, o animal deve ser sem defeito para ser aceitável; nele, não haverá defeito nenhum.
22 Womatsɔ lã si nye ŋkuagbãtɔ alo lã si afi aɖe gblẽ na alo lã si dze abi alo akpa alo le ŋutigbalẽmedɔ bubu aɖe lém la vɛ na Yehowa o. Medze na numevɔsa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi o.
22 O cego, ou aleijado, ou mutilado, ou ulceroso, ou sarnoso, ou cheio de impigens, não os oferecereis ao Senhor e deles não poreis oferta queimada ao Senhor sobre o altar.
23 Ne nane de gbɔ edzi alo nane mede tututu o le nyitsu alo alẽ si wotsɔ vɛ ƒe ŋutilã ŋu la, woate ŋu anae abe lɔlɔ̃nununana ene, ke menye hena adzɔgbeɖefexexe o.
23 Porém novilho ou cordeiro desproporcionados poderás oferecer por oferta voluntária, mas, por voto, não será aceito.
24 Womatsɔ lã si nuvevi wɔ voku na alo lã si wota la ana Yehowa ɣe aɖeke ɣi o.
24 Não oferecereis ao Senhor animal que tiver os testículos machucados, ou moídos, ou arrancados, ou cortados; nem fareis isso na vossa terra.
25 Amedzro siwo le mia dome kple Israelviwo siaa woawɔ se siawo dzi le vɔsanuwo nana me, elabena Mawu maxɔ lã si ŋu nane gblẽ le la na vɔsa sia o.’ ”
25 Também da mão do estrangeiro nenhum desses animais oferecereis como pão do vosso Deus, porque são corrompidos pelo defeito que há neles; não serão aceitos a vosso favor.
26 Yehowa gblɔ na Mose be,
26 Disse mais o Senhor a Moisés:
27 “Ne wodzi nyivi alo alẽvi alo gbɔ̃vi aɖe la, woana wòanɔ dadaa gbɔ ŋkeke adre. Tso ŋkeke enyilia dzi la, woaxɔe abe dzovɔsa ene na Yehowa.
27 Quando nascer o boi, ou cordeiro, ou cabra, sete dias estará com a mãe; do oitavo dia em diante, será aceito por oferta queimada ao Senhor .
28 Mègawu nyi alo alẽ kple via le ŋkeke ɖeka dzi o.
28 Ou seja vaca, ou seja ovelha, não imolarás a ela e seu filho, ambos no mesmo dia.
29 “Ne èsa akpedavɔ na Yehowa la, sae ale be woate ŋu axɔe na wò.
29 Quando oferecerdes sacrifício de louvores ao Senhor , fá-lo-eis para que sejais aceitos.
30 Ele be woaɖui gbe ma gbe ke; mègagblẽ eƒe ɖeke ɖi va se ɖe ŋdi o. Nyee nye Yehowa.
30 No mesmo dia, será comido; e, dele, nada deixareis ficar até pela manhã. Eu sou o Senhor .
31 “Ele be mialé nye seawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi. Nyee nye Yehowa.
31 Pelo que guardareis os meus mandamentos e os cumprireis. Eu sou o Senhor .
32 Migaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Ele be Israelviwo nabum ame kɔkɔe. Nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe,
32 Não profanareis o meu santo nome, mas serei santificado no meio dos filhos de Israel. Eu sou o Senhor , que vos santifico,
33 eye mekplɔ mi tso Egipte be manye miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa.”
33 que vos tirei da terra do Egito, para ser o vosso Deus. Eu sou o Senhor .

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 22, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.