Levítico 20

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC

Sair da comparação
VC Versão Católica
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
1 O Senhor disse a Moisés: "Dirás aos israelitas:
2 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be woawu Israelvi alo amedzro si le Israel, ame si atsɔ viawo dometɔ aɖe ana Molek. Teƒe ma nɔlawo naƒu kpee.
2 todo israelita ou estrangeiro que habita em Israel e que sacrificar um de seus filhos a Moloc, será punido de morte. O povo da terra o apedrejará.
3 Emegbe nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe eŋu, eye maɖee ɖa le eƒe amewo dome, elabena etsɔ via sa vɔe na Molek, eto esia me wɔ nye Agbadɔ wòzu teƒe si medze be maganɔ o, eye wòdo vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la.
3 Eu voltarei o meu rosto contra ele e o cortarei do meio de seu povo, porque manchou o meu santuário e profanou o meu santo nome, dando um de seus filhos a Moloc.
4 Ne anyigba la dzi tɔwo wɔ abe ɖe womenya naneke tso ame si tsɔ via na Molek ŋu o, eye wogbe be yewomawui o la,
4 Se o povo da terra não se importar por esse homem ter dado um de seus filhos a Moloc, e se não o matar,
5 ekema nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe amea kple eƒe ƒometɔwo ŋu, eye matsrɔ̃ ame siwo katã subɔa Molek alo mawu bubuwo.
5 eu voltarei meu rosto contra ele e contra a sua família, e o cortarei do meio de seu povo com todos aqueles que se prostituem como ele, prestando culto a Moloc.
6 “ ‘Maɖe ŋku atɔ ame sia ame si adze ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo yome, eye madze nye boŋ yome o; matsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome.
6 Se alguém se dirigir aos espíritas ou aos adivinhos para fornicar com eles, voltarei meu rosto contra esse homem e o cortarei do meio de seu povo.
7 “ ‘Eya ta mikɔ mia ɖokuiwo ŋu, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
7 Santificai-vos, e sede santos, porque eu sou o Senhor, vosso Deus.
8 Miwɔ nye seawo katã dzi, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa mia ŋuti.
8 Observai minhas leis e praticai-as. Eu sou o Senhor que vos santifico.
9 “ ‘Ame sia ame si aƒo fi ade fofoa alo dadaa la, ele be woawui kokoko, elabena eƒo fi de eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kple ʋu.
9 Quem amaldiçoar o pai ou a mãe será punido de morte. Amaldiçoou o seu pai ou a sua mãe: levará a sua culpa.
10 “ ‘Ne ŋutsu aɖe wɔ ahasi kple ehavi srɔ̃ la, ele be woawu ŋutsu ahasiwɔla la kple nyɔnu ahasiwɔla la siaa.
10 Se um homem cometer adultério com uma mulher casada, com a mulher de seu próximo, o homem e a mulher adúltera serão punidos de morte.
11 “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ fofoa srɔ̃ gbɔ la, eɖe fofoa ƒe amama ɖe go. Ele be woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa, elabena woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.
11 Se um homem dormir com a mulher de seu pai, descobrindo assim a nudez de seu pai, serão ambos punidos de morte; levarão a sua culpa.
12 “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ toyɔvia gbɔ la, woawu wo ame eve la siaa; woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui to ɖiƒoƒo wo nɔewo me.
12 Se um homem dormir com a sua nora, serão ambos punidos de morte; isso é uma ignomínia, e eles levarão a sua culpa.
13 “ ‘Tohehe si woana ŋutsu eve siwo dɔ wo nɔewo gbɔe nye woawu wo ame eve la. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.
13 Se um homem dormir com outro homem, como se fosse mulher, ambos cometerão uma coisa abominável. Serão punidos de morte e levarão a sua culpa.
14 “ ‘Ŋutsu si dɔ nyɔnu aɖe kple nyɔnu la dada gbɔ la, wɔ nu vɔ̃ triakɔ aɖe. Woatɔ dzo wo ame etɔ̃ la katã agbagbee be wòaɖe ŋukpenanu vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome.
14 Se um homem tomar por mulheres a filha e a mãe, cometerá um crime. Serão queimados no fogo, ele e elas, para que não haja tal crime no meio de vós.
15 “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi lãnɔ aɖe ŋu la, ele be woawu ŋutsu la kple lãnɔ la siaa, elabena woƒe ʋu anɔ woawo ŋutɔ ƒe ta dzi.
15 Se um homem tiver comércio com um animal, será punido de morte, e matareis também o animal.
16 “ ‘Ne nyɔnu aɖe na lã aɖe de asi eŋu la, ele be woawu nyɔnu la kple lã la siaa, elabena tohehe mae dze na wo.
16 Se uma mulher se aproximar de um animal para se prostituir com ele, será morta juntamente com o animal. Serão mortos, e levarão a sua iniqüidade.
17 “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia nyɔnu, eɖanye fofoa ƒe vinyɔnu alo dadaa ƒe vinyɔnu ŋu la, enye ŋukpenanu, eye ele be woatsrɔ̃ wo ame eve la ɖa tso Israelviwo dome. Fɔɖiɖi la anɔ ŋutsu la dzi.
17 Se um homem tomar a sua irmã, filha de seu pai ou de sua mãe, e vir a sua nudez, e ela vir a sua, isso é uma coisa infame. Serão exterminados sob os olhos de seus compatriotas: descobriu a nudez de sua irmã; levará a sua iniqüidade.
18 “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe si tsi gbɔto gbɔ la, woatsrɔ̃ wo ame eve la, elabena ŋutsu la ɖe nyɔnu la ƒe makɔmakɔnyenye ɖe go.
18 Se um homem dormir com uma mulher durante o tempo de sua menstruação e vir a sua nudez, descobrindo o seu fluxo e descobrindo-o ela mesma, serão ambos cortados do meio de seu povo.
19 “ ‘Ŋutsu aɖeke made asi fofoa nɔvinyɔnu alo dadaa nɔvinyɔnu ŋu o, elabena ƒometɔ tututu wonye na wo nɔewo. Woƒe fɔɖiɖi anɔ woawo ŋutɔ dzi.
19 Não descobrirás a nudez da irmã de tua mãe, nem da irmã de teu pai, porque descobrirás a sua carne; levarão sua iniqüidade.
20 “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi fofoa nɔviŋutsu srɔ̃ alo dadaa nɔviŋutsu srɔ̃ ŋu la, ekema eɖe fofoa nɔviŋutsu alo dadaa nɔviŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woƒe tohehee nye woƒe nu vɔ̃ anɔ woƒe ta dzi, eye woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe.
20 Se um homem se deitar com sua tia, ele descobrirá a nudez de seu tio; levarão a sua iniqüidade, e morrerão sem filhos.
21 “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia ŋutsu srɔ̃ ŋuti la, ewɔ nu makɔmakɔ, elabena eɖe nɔvia ŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe.
21 Se um homem tomar a mulher de seu irmão, será uma impureza; ofenderá a honra de seu irmão: não terão filhos.
22 “ ‘Eya ta miwɔ nye seawo kple nye ɖoɖowo katã dzi, ale be anyigba si metsɔ na mi la matu mi aƒu gbe o.
22 Observareis todas as minhas leis e meus mandamentos e os praticareis, a fim de que não vos vomite a terra aonde vos conduzo para aí habitar.
23 Migawɔ dukɔ siwo manya ɖa le mia ŋgɔ la ƒe kɔnuwo o, elabena nu tovo siwo katã ŋu mede se na mi le la, woawoe wowɔna. Nu sia tae melé fu wo ɖo.
23 Não seguireis os costumes da nação que eu expulsar de diante de vós, porque fizeram todas essas coisas e eu as abominei.
24 Medo woƒe anyigba ŋugbe na mi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Enye anyigba aɖe si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la, ame si de vovototo miawo kple dukɔ bubuwo ƒe amewo dome.
24 Eu vos disse: possuireis essa terra, a qual vos darei em possessão, terra que mana leite e mel. Eu sou o Senhor, vosso Deus, que vos separei dos outros povos.
25 “ ‘Eya ta ele be miade vovototo xe kple lã siwo meɖe mɔ na mi be miaɖu kple esiwo mebe migaɖu o la dome. Migaƒo ɖi mia ɖokui, eye miana magbe nu le mia gbɔ to miaƒe lã kple xe siwo mede se na mi be migaɖu o la ɖuɖu me o, togbɔ be wobɔ ɖe anyigba la dzi fũu hã.
25 Fareis a distinção entre animais puros e impuros, entre as aves puras e impuras, e não vos torneis abomináveis por causa de animais, de aves ou de animais que se arrastam sobre a terra, como vos ensinei a distinguir como impuros.
26 Ele be mianye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la, kɔkɔetɔe menye, eye meɖe mi ɖe aga tso dukɔ bubuwo me tɔwo katã gbɔ be mianye tɔnyewo.
26 Sereis para mim santos, porque eu, o Senhor, sou santo; e vos separei dos outros povos para que sejais meus.
27 “ ‘Ele kokoko be woaƒu kpe ŋɔliyɔlawo alo bokɔwo, woɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo o, woaku. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.’ ”
27 Qualquer homem ou mulher que evocar os espíritos ou fizer adivinhações, será morto. Serão apedrejados, e levarão sua culpa".

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 20, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.