Levítico 19
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
1 O Senhor disse a Moisés:
2 “Ƒo nu na Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la, eye nàgblɔ na wo be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa, miaƒe Mawu, mele kɔkɔe.
2 "Dirás a toda a assembléia de Israel o seguinte: sede santos, porque eu, o Senhor, vosso Deus, sou santo.
3 “ ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nabu fofoa kple dadaa, eye miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.
3 Cada um de vós respeite a sua mãe e o seu pai, e guarde os meus sábados. Eu sou o Senhor, vosso Deus.
4 “ ‘Migatrɔ ɖe legbawo ŋu alo miatsɔ ga awɔ mawuwo na mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
4 Não vos volteis para os ídolos, e não façais para vós deuses de metal fundido. Eu sou o Senhor, vosso Deus.
5 “ ‘Ne miesa akpedavɔ na Yehowa la, misae tututu ɖe sea nu ale be mate ŋu axɔe.
5 Quando oferecerdes ao Senhor um sacrifício pacífico, oferecê-lo-eis de maneira que seja aceito.
6 Miɖui le ŋkeke si dzi miesa vɔ la le alo ne ŋu ke. Nu si atsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la, woatɔ dzoe,
6 Comer-se-á a vítima no mesmo dia ou no dia seguinte; o que sobrar no terceiro dia será queimado no fogo.
7 elabena esi woaɖu le ŋkeke etɔ̃a gbe la, madze ŋunye o, eye nyemate ŋu axɔe o.
7 Se se comer dela no terceiro dia, será uma abominação: o sacrifício não será aceito.
8 Ne mieɖui le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mieɖi fɔ, elabena miedo ŋunyɔ Yehowa ƒe kɔkɔenyenye, eye woaɖe mi ɖa tso Yehowa ƒe amewo dome.
8 Quem o comer levará sua iniqüidade, porque terá profanado o que é consagrado ao Senhor: esse será cortado do seu povo.
9 “ ‘Ne miexa miaƒe agblemenuwo la, migaŋe nuku siwo le agblea to o, eye migafɔ nuku siwo dudu ɖe anyigba hã o.
9 Quando fizerdes a ceifa em vossa terra, não cortareis as espigas até os limites de vosso campo, e não recolhereis o que resta a respigar de vossas colheitas.
10 Miwɔ nenema ke le miaƒe wain tsetsewo hã gome. Migagbe kutsetseawo katã o, eye migafɔ esiwo ge ɖe anyigba hã o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
10 Não respigareis tampouco a vossa vinha, nem colhereis os grãos caídos no campo; deixá-los-eis para o pobre e o estrangeiro. Eu sou o Senhor, vosso Deus.
11 “ ‘Migafi fi o.
11 Não furtareis, não usareis de embustes nem de mentiras uns para com os outros.
12 “ ‘Migatsɔ nye ŋkɔ aka atam ɖe aʋatsonya aɖeke dzi, eye miato nu sia wɔwɔ me aƒo fi ade nye ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
12 Não jurareis falso em meu nome, porque profanaríeis o nome de vosso Deus. Eu sou o Senhor.
13 “ ‘Migaba ame aɖeke alo ate ame aɖeke ɖe to o.
13 Não oprimirás o teu próximo, e não o despojarás. O salário do teu operário não ficará contigo até o dia seguinte.
14 “ ‘Migaƒo fi de tekunɔ o, eye migada nu ɖe ŋkuagbãtɔ si va yina la ƒe mɔ me o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
14 Não amaldiçoarás um surdo; não porás algo como tropeço diante do cego; mas temerás o teu Deus. Eu sou o Senhor.
15 “ ‘Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nafia dzɔdzɔenyenye le woƒe nyametsotsowo me, eye womakpɔ ame aɖeke ƒe ahedada alo hotsuikpɔkpɔ dzi ɖa o. Ele be woawɔ nuteƒe ɣe sia ɣi.
15 Não sereis injustos em vossos juízos: não favorecerás o pobre nem terás complacência com o grande; mas segundo a justiça julgarás o teu próximo.
16 “ ‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o.
16 Não semearás a difamação no meio de teu povo, nem te apresentarás como testemunha contra a vida do teu próximo. Eu sou o Senhor.
17 “ ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene.
17 Não odiarás o teu irmão no teu coração. Repreenderás o teu próximo para que não incorras em pecado por sua causa.
18 “ ‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa.
18 Não te vingarás; não guardarás rancor contra os filhos de teu povo. Amarás o teu próximo como a ti mesmo. Eu sou o Senhor.
19 “ ‘Miwɔ nye seawo dzi.
19 Guardareis os meus mandamentos. Não juntarás animais de espécies diferentes. Não semearás no teu campo grãos de espécies diferentes. Não usarás roupas tecidas de duas espécies de fios.
20 “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi kosi si menye ablɔɖeme o ŋu, eye wòbia eta na ɖeɖe la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo le ʋɔnudrɔ̃ƒe, gake womawu wo o, elabena kosi la menye ablɔɖeme o.
20 Se um homem se deitar com uma mulher escrava desposada com outro, mas não resgatada nem posta em liberdade, serão ambos castigados, mas não morrerão, porque ela não era livre.
21 Ele be ŋutsu la natsɔ eƒe fɔɖivɔsa vɛ na Yehowa le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nu si wòanae nye agbo.
21 Em expiação o homem oferecerá ao Senhor à entrada da tenda de reunião, um carneiro como sacrifício de reparação.
22 Nunɔla la alé avu kple agbo la le nu vɔ̃ si ŋutsu la wɔ ta, eye woatsɔe akee.
22 O sacerdote fará por ele a expiação diante do Senhor com o carneiro do sacrifício de reparação pelo pecado cometido; e o seu pecado lhe será perdoado.
23 “ ‘Ne mieva ɖo anyigba la dzi, eye miedo kutsetseti ƒomevi vovovowo la, migaɖu ƒe gbãtɔ etɔ̃awo ƒe tsetseawo o, elabena wole abe nu siwo ŋu wogbe nu le ene. Womaɖu wo o.
23 Quando entrardes na terra e tiverdes plantado toda sorte de árvores frutíferas considerareis os seus primeiros frutos como incircuncisos; eles o serão durante três anos, e não se comerá deles.
24 Woatsɔ ƒe enelia ƒe kutsetsewo katã ana Yehowa abe eƒe kafukafunu ene.
24 No quarto ano todos os seus frutos serão consagrados ao Senhor com ações de graças.
25 Ƒe atɔ̃lia ƒe kutsetsewoe nye mia tɔ. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.
25 No quinto ano comereis de seus frutos para que a árvore continue a produzi-los. Eu sou o Senhor, vosso Deus.
26 “ ‘Migaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o.
26 Não comereis nada que contenha sangue. Não praticareis a adivinhação nem a magia.
27 “ ‘Mègalũ wò loglo o, eye mègafɔ wò ge dzi hã o.
27 Não cortareis o cabelo em redondo, nem rapareis a barba pelos lados.
28 “ ‘Migasi mia ɖokuiwo alo miasi ame aɖe ŋuti le tsyɔ̃wɔwɔ me o. Nyee nye Yehowa.
28 Não fareis incisões na vossa carne por um morto, nem fareis figura alguma no vosso corpo. Eu sou o Senhor.
29 “ ‘Mègagblẽ viwò ɖetugbi ƒe dzadzɛnyenye me to ewɔwɔ gboloe me o. Ne menye nenema o la, anyigba la azu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo anɔ edzi.
29 Não prostituas tua filha, para que a terra não se entregue à prostituição e não se encha de crimes.
30 “ ‘Milé se si ku ɖe nye Dzudzɔgbe ŋuti la me ɖe asi, eye miade bubu nye Agbadɔ la ŋu, elabena nyee nye Yehowa.
30 Observareis meus sábados e respeitareis meu santuário. Eu sou o Senhor.
31 “ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ dede me o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
31 Não vos dirijais aos espíritas nem aos adivinhos: não os consulteis, para que não sejais contaminados por eles. Eu sou o Senhor, vosso Deus.
32 “ ‘Ele be miatsɔ bubu kple sisiɖa si dze la na ame tsitsiwo le Mawuvɔvɔ̃ ta. Nyee nye Yehowa!
32 Levanta-te diante dos cabelos brancos; honra a pessoa do velho, e teme a teu Deus. Eu sou o Senhor.
33 “ ‘Migate amedzro siwo le miaƒe anyigba dzi la ɖe to o, eye migaba wo o.
33 Se um estrangeiro vier habitar convosco na vossa terra, não o oprimireis,
34 Ele be mialé be na wo abe mia ɖokuiwo ene, eye miaɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu!
34 mas esteja ele entre vós como um compatriota, e tu o amarás como a ti mesmo, porque fostes já estrangeiros no Egito. Eu sou o Senhor, vosso Deus.
35 “ ‘Migawɔ dzidzenu mademadewo ŋu dɔ ne miele didime, kpekpeme kple agbɔsɔsɔ dzidzem o.
35 Não cometereis injustiça nos juízos, nem na vara, nem no peso, nem na medida.
36 Miwɔ nudanu kple nudakpe anukwaretɔwo, nudanu kple nudzidzenu anukwaretɔwo ŋu dɔ. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egipte.
36 Tereis balanças justas, pesos justos, um efá justo e um hin justo. Eu sou o Senhor, vosso Deus que vos tirei do Egito.
37 “ ‘Ele be mialé nye sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi, elabena nyee nye Yehowa!’ ”
37 Observareis todas as minhas leis e meus mandamentos, e os praticareis. Eu sou o Senhor".
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 19, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.