Levítico 18
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
1 O Senhor disse a Moisés:
2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
2 "Dize aos israelitas o seguinte: eu sou o Senhor, vosso Deus.
3 Mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Egipte, afi si mienɔ la ene o. Nenema ke mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Kanaan, afi si mele mia kplɔm le yiyim la ene o. Migawɔ woƒe wɔnawo o.
3 Não procedereis conforme os costumes do Egito onde habitastes, ou de Canaã aonde vos conduzi: não seguireis seus costumes.
4 Ele be miawɔ nye sewo dzi, eye miakpɔ egbɔ be yewozɔ ɖe nye ɖoɖowo nu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
4 Praticareis meus preceitos e observareis minhas leis, e a elas obedecereis. Eu sou o Senhor, vosso Deus.
5 Milé nye ɖoɖowo kple nye sewo me ɖe asi, elabena ame si léa wo me ɖe asi la, anɔ agbe ɖe wo nu. Nyee nye Yehowa.
5 Observareis meus preceitos e minhas leis: o homem que o observar viverá por eles. Eu sou o Senhor.
6 “ ‘Mia dometɔ aɖeke megadɔ kple eƒe ƒometɔ o, elabena nyee nye Yehowa.
6 Nenhum de vós se achegará àquela que lhe é próxima por sangue, para descobrir sua nudez. Eu sou o Senhor.
7 “ ‘Vinyɔnu mekpɔ mɔ aɖe fofoa o. Nenema ke viŋutsu mekpɔ mɔ aɖe dadaa loo
7 Não descobrirás a nudez de teu pai, nem a de tua mãe. Ela é tua mãe: não descobrirás a sua nudez.
8 alo fofoa srɔ̃ bubuawo dometɔ aɖeke o.
8 Não descobrirás a nudez da mulher de teu pai: é a nudez de teu pai.
9 “ ‘Gawu la, mekpɔ mɔ aɖe nɔvia nyɔnu, dadaa ƒe vinyɔnu alo fofoa ƒe vinyɔnu ne wodzi wo le aƒe ɖeka me loo alo le teƒe bubuwo o.
9 Nem a de tua irmã, filha de teu pai ou de tua mãe, nascida na casa ou fora dela.
10 “ ‘Mègade asi wò tɔgbuiyɔvi nyɔnu si nye viwò ŋutsu ƒe vi alo viwò nyɔnu ƒe vi la ŋu o, elabena woƒe amamae nye wò hã tɔ.
10 Não descobrirás a nudez da filha de teu filho ou da filha de tua filha, porque é tua nudez.
11 “ ‘Mègade asi fofowò srɔ̃ ƒe vinyɔnu ŋu o.
11 Nem a da filha da mulher de teu pai, nascida de teu pai: é tua irmã.
12 “ ‘Eye mègade asi fofowò nɔvinyɔnu hã ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple fofowò.
12 Não descobrirás a nudez da irmã de teu pai: ela é da mesma carne que teu pai.
13 “ ‘Mègade asi dawò nɔvinyɔnu ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple dawò.
13 Nem a da irmã de tua mãe; porque ela é da mesma carne que tua mãe.
14 “ ‘Nenema ke, mègade asi fofowò nɔviŋutsu srɔ̃ ŋuti o, ne fofowò nɔviŋutsu ku alo le agbe o.
14 Não descobrirás a nudez do irmão de teu pai, aproximando-te de sua mulher: é tua tia.
15 “ ‘Mègade asi viwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o; wò ŋutɔ viwò srɔ̃e; megaɖe amae o.
15 Não descobrirás a nudez de tua nora: é a mulher de teu filho. Não descobrirás, pois, a sua nudez.
16 “ ‘Megade asi nɔviwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o, elabena nɔviwò ŋutsu ƒe amae.
16 Nem a da mulher de teu irmão: é a nudez de teu irmão.
17 “ ‘Mègade asi nyɔnu aɖe kple via nyɔnu alo mamayɔvia ŋu o, elabena nuwɔna ma nye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi manyagblɔ aɖe.
17 Não descobrirás a nudez de uma mulher e de sua filha, e não tomarás a filha de seu filho, nem a filha de sua filha, para descobrir a sua nudez: elas são tuas próximas parentas, e isso seria um crime.
18 “ ‘Mègaɖe nɔvinyɔnu eve o, ne menye nenema o la, woanɔ ŋui ɖom wo nɔewo. Gake ne srɔ̃wò ku la, àte ŋu aɖe nɔvia nyɔnu faa.
18 Não tomarás a irmã de tua mulher, de modo que lhe seja um rival, descobrindo a sua nudez com a de tua mulher durante a sua vida.
19 “ ‘Mègade asi nyɔnu si tsi gbɔto la ŋu o,
19 Não te achegarás a uma mulher durante a sua menstruação para descobrir a sua nudez.
20 “ ‘Megade asi hawòvi srɔ̃ ŋu, ale be màgblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò kple nyɔnu la siaa o.
20 Não terás comércio com a mulher de teu próximo: contaminar-te-ias com ela.
21 “ ‘Mègatsɔ viwò aɖeke na Molek o; atsɔe asa vɔe le eƒe vɔsamlekpui dzi. Mègaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa.
21 Não darás nenhum de teus filhos para ser sacrificado a Moloc; e não profanarás o nome de teu Deus. Eu sou o Senhor.
22 “ ‘Se sesẽ tsi tsitre ɖe ŋutsu kple ŋutsu ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ ŋuti, elabena enye nu vɔ̃ triakɔ le Mawu gbɔ.
22 Não te deitarás com um homem, como se fosse mulher: isso é uma abominação.
23 “ ‘Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ adɔ lãnɔ aɖeke gbɔ, eye wòaƒo ɖi eɖokui o. Nenema ke nyɔnu aɖeke mekpɔ mɔ alɔ̃ lãtsu aɖeke nayɔ asii o. Esia nye ŋukpenanu gã aɖe ŋutɔ.
23 Não terás comércio com um animal, para te contaminares com ele. Uma mulher não se prostituirá a um animal: isso é uma abominação.
24 “ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to mɔ siawo dometɔ aɖeke dzi o, elabena nu siawoe dukɔwo bubuwo wɔna. Esi wowɔa nu siawo ta la, manya wo ɖa le anyigba si dzi yim miele la dzi.
24 Não vos contamineis com nenhuma dessas coisas, porque é assim que se contaminaram as nações que vou expulsar diante de vós.
25 Woƒo ɖi anyigba blibo la kple nuwɔna siawo, eya ta mele to hem na ame siwo le afi ma, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe.
25 A terra está contaminada; punirei suas iniqüidades e a terra vomitará seus habitantes.
26 Ele be miazɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo nu tututu, eye mele be miawɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o. Ele be Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome siaa la nalé se siawo me ɖe asi sesĩe.
26 Vós, porém, observareis minhas leis e minhas ordens, e não cometereis nenhuma dessas abominações, tanto o aborígine como o estrangeiro que habita no meio de vós,
27 Ɛ̃, ame siwo le anyigba si dzi mele mia kplɔm le yiyim dzi la wɔa nu vɔ̃ siawo madzudzɔmadzudzɔe ale gbegbe be anyigba blibo la gblẽ.
27 porque todas essas abominações cometeram os habitantes da terra que vos precederam, e a terra está contaminada.
28 Migawɔ nu siawo o. Ne miewɔ nu siawo la, anyigba la atu mi aƒu gbe abe ale si wòatu dukɔ siwo le afi ma fifia la aƒu gbe ene.
28 Desse modo a terra não vos vomitará por havê-la contaminado, como vomitou os povos que a habitaram antes de vós.
29 “ ‘Ame sia ame si awɔ ŋunyɔnu siawo dometɔ aɖe la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome.
29 Todos aqueles, com efeito, que cometerem qualquer dessas abominações, serão cortados do meio de seu povo.
30 Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, migadze kɔnu nyɔŋu siwo wowɔna hafi mieva la yome o, eye migatsɔ wo do gu mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”
30 Guardareis, pois, os meus mandamentos, e não seguireis nenhum dos costumes abomináveis que se praticavam antes de vós, e não vos contaminareis por eles. Eu sou o Senhor, vosso Deus."
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 18, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.