Levítico 17

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC

Sair da comparação
VC Versão Católica
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
1 O Senhor disse a Moisés:
2 “Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye se si Yehowa de:
2 "Dize a Aarão, a seus filhos e a todos os israelitas o seguinte: eis as ordens do Senhor:
3 Israelvi ɖe sia ɖe si asa vɔ kple nyitsu, alẽvi alo gbɔ̃ le asaɖa la me alo egodo
3 Todo israelita que imolar um boi, uma ovelha ou uma cabra, no acampamento ou fora dele,
4 le esime wòatsɔe ava Mawu ƒe Agbadɔ la nu bena woasa vɔ na Yehowa le Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe ŋkume teƒe la, woabu ame ma be eɖi fɔ le ʋukɔkɔɖi me. Ekɔ ʋu ɖi, eye ele be woaɖee ɖa le eƒe amewo dome.
4 sem apresentá-lo à entrada da tenda de reunião para oferecê-lo ao Senhor diante do seu tabernáculo, será réu do sangue oferecido. Esse homem derramou sangue, e será cortado do meio de seu povo.
5 Se sia ƒe taɖodzinue nye wòana be Israelviwo magasa vɔ le gbedzi o, ke boŋ wòana be woatsɔ woƒe vɔsanuwo vɛ na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, woatɔ dzo ami la abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene, wòanye nu si adze Yehowa ŋu, eye wòado dzidzɔ nɛ.
5 Por isso os israelitas, em lugar de ofereceram os seus sacrifícios no campo, apresentarão as vítimas ao sacerdote, diante do Senhor, à entrada da tenda de reunião, e as oferecerão ao Senhor em sacrifício pacífico.
6 Nu sia wɔwɔ ana nunɔla la nate ŋu ahlẽ ʋu la ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi, le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatɔ dzo lãwo ƒe ami abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene na Yehowa. Nu sia adze Yehowa ŋu eye wòado dzidzɔ nɛ.
6 O sacerdote derramará o seu sangue sobre o altar do Senhor, à entrada da tenda de reunião, e queimará a gordura em odor agradável ao Senhor.
7 Woawɔ alea, ale be amewo masa vɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo le gbedzi o. Esia anye se na mi tegbetegbe tso dzidzime yi dzidzime.’
7 Nunca mais oferecerão os seus sacrifícios aos sátiros, com os quais se prostituem. Esta será para eles uma lei perpétua de geração em geração.
8 “Gblɔ na wo be, ‘Israelvi aɖe alo amedzro aɖe si le mia dome, ame si asa numevɔ alo vɔsa bubu aɖe,
8 Dir-lhes-ás: todo israelita ou todo estrangeiro que habita no meio deles, e que oferecer um holocausto ou outro sacrifício,
9 eye metsɔe va Mawu ƒe Agbadɔ la nu be wòasa vɔ la na Yehowa o la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome.
9 sem levar a vítima à entrada da tenda de reunião para sacrificá-la ao Senhor, será cortado do meio de seu povo.
10 “ ‘Mado dɔmedzoe ɖe ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si aɖu lã aɖe ƒe ʋu la ŋu. Maɖee ɖa le eƒe amewo dome.
10 A todo israelita ou a todo estrangeiro, que habita no meio deles, e que comer qualquer espécie de sangue, voltarei minha face contra ele, e exterminá-lo-ei do meio de seu povo.
11 Esi lã aɖe ƒe agbe le eƒe ʋu me ta la, metsɔ lãwo ƒe ʋu na mi be miahlẽ ɖe vɔsamlekpui la dzi abe miaƒe luʋɔwo ŋuti kɔkɔ ene. Ʋue léa avu, elabena eyae nye agbe la.
11 Pois a alma da carne está no sangue, e dei-vos esse sangue para o altar, a fim de que ele sirva de expiação por vossas almas, porque é pela alma que o sangue expia.
12 Nu sia tae mede se na Israelviwo alo amedzro siwo le wo dome la be womekpɔ mɔ aɖu lã aɖeke ƒe ʋu o ɖo.
12 Eis por que eu disse aos israelitas: ninguém dentre vós comerá sangue, nem o estrangeiro que habita no meio de vós.
13 “ ‘Ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si yi adegbe, eye wòwu lã aɖe alo xevi aɖe, si ŋu se ɖe mɔ le be woaɖu la, ele nɛ be wòatsyɔ ʋu la akɔ ɖe anyigba, eye wòakplɔ ke atsyɔ edzi,
13 Se um israelita ou um estrangeiro que habita no meio deles capturar na caça um animal ou pássaro que se possa comer, derramará o seu sangue, e o cobrirá com terra,
14 elabena ʋue nye agbe la, eya tae megblɔ na Israelviwo be womaɖui gbeɖegbeɖe o, elabena xevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe ƒe agbee nye eƒe ʋu, eya ta ele be woatsrɔ̃ ame sia ame si aɖu lã ƒe ʋu la.
14 porque a alma de toda carne é o seu sangue, que é sua alma. Eis por que eu disse aos israelitas: não comereis sangue de animal algum, porque a alma de toda carne é o seu sangue; quem o comer será elimitado.
15 “ ‘Kpe ɖe esia ŋu la, ele na ame sia ame, Israelvi alo amedzro, si aɖu lã aɖe si ku le eɖokui si alo lã aɖe si lã lénu aɖe vuvu la, be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eƒe ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Esia megbe la, eƒe ŋuti akɔ.
15 Toda pessoa, natural ou estrangeira, que comer um animal morto ou dilacerado, lavará suas vestes, banhar-se-á em água e ficará impura até a tarde; e depois será pura.
16 Ke ne menya eƒe awuwo o, eye mele tsi hã o la, ekema eya ŋutɔ akpɔ eyomedzenu.’ ”
16 Mas, se não lavar as vestes e o corpo, levará sobre si a sua iniqüidade."

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 17, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.