Levítico 16

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC

Sair da comparação
VC Versão Católica
1 Yehowa ƒo nu na Mose le Aron ƒe viŋutsu eveawo ƒe ku megbe esime wote ɖe Yehowa ŋu.
1 O Senhor falou a Moisés, depois da morte dos dois filhos de Aarão, que foram mortos por se terem aproximado do Senhor.
2 Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na nɔviwò, Aron be megayi Kɔkɔeƒe la le xɔmetsovɔ la megbe le nutsyɔnu si le nubablaɖaka la ŋgɔ ɣe sia ɣi si dze eŋu o, ne menye nenema o la, aku, elabena medzena le lilikpo me le nutsyɔnu la tame.
2 O Senhor disse-lhe: "Recomenda a teu irmão Aarão que nunca entre no santuário, além do véu, diante do propiciatório que recobre a arca, para que não morra, porque apareço na nuvem por cima do propiciatório.
3 “Aron age ɖe Kɔkɔeƒe la me ale: atsɔ nyitsuvi ɖe asi hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo hena numevɔsa.
3 Eis como Aarão entrará no santuário: tomará um novilho para o sacrifício pelo pecado e um carneiro para o holocausto.
4 Ado kɔmewu kɔkɔe la, eye wòado aklalawutewuiawo ɖe ete. Emegbe la, atsɔ aklalalidziblanu la abla ɖe eɖokui ŋu, eye wòatsɔ aklalatablanu la abla tae. Nu siawo nye awu kɔkɔewo, eya ta ele nɛ be wòale tsi hafi ado wo.
4 Revestir-se-á da túnica sagrada de linho, levará sobre o corpo um calção de linho, cingir-se-á dum cinto de linho e porá na cabeça um turbante de linho. Estas são as vestes sagradas, que ele só vestirá depois de se ter lavado.
5 Israelviwo ana gbɔ̃tsu eve hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena woƒe numevɔsa.
5 Receberá da assembléia dos israelitas dois bodes destinados ao sacrifício pelo pecado e um carneiro para o holocausto.
6 “Gbã la, ele be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ la asa nu vɔ̃ vɔsa na Yehowa ɖe eɖokui ta, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ta.
6 Aarão oferecerá por si mesmo o touro em sacrifício pelo pecado, e fará a expiação por si mesmo e pela sua casa.
7 Emegbe la, akplɔ gbɔ̃tsu eveawo ava Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu,
7 Tomará os dois bodes e os colocará diante do Senhor, à entrada da tenda de reunião.
8 eye wòadzidze nu, anya gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ kple esi nye Azazel tɔ, si ŋu wòaɖe asi le.
8 Deitará sortes os dois bodes, uma para o Senhor, e outra para Azazel.
9 Aron asa nu vɔ̃ vɔsa kple gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ.
9 Oferecerá o bode sobre o qual caiu a sorte para o Senhor e oferecê-lo-á em sacrifício pelo pecado.
10 Woatsɔ gbɔ̃tsu evelia si nye Azazel tɔ la agbagbe ava Yehowa ŋkume. Woaɖe dukɔwo ƒe nu vɔ̃wo ada ɖe edzi, eye woanyae ɖo ɖe Azazel gbɔ le gbedzi.
10 Quanto ao bode sobre o qual caiu a sorte para Azazel, será apresentado vivo ao Senhor, para que se faça a expiação sobre ele, a fim de enviá-lo a Azazel, no deserto.
11 “Ne Aron tsɔ nyitsu la sa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒometɔwo ta vɔ la,
11 Aarão oferecerá o touro pelo seu pecado, e fará a expiação por si mesmo e pela sua casa. Degolará o touro destinado ao sacrifício pelo pecado e,
12 atsɔ dzoɖesonu, aɖe aka xɔxɔwo tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi ade eme, eye wòalɔ dzudzɔdonu si wotu memie la ƒe asiʋlo eve ayi xɔmetsovɔ la godo.
12 tomando o turíbulo, que ele terá enchido de brasas do altar diante do Senhor, bem como dois punhados de perfume aromático em pó, entrará com tudo para dentro do véu.
13 Atsɔ dzudzɔdonu la akɔ ɖe dzoka xɔxɔawo dzi le afi ma, le Yehowa ŋkume, ale be dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ naxɔ amenuvevezikpui la dzi le nubablaɖaka la tame, ale be magakpɔ nubablaɖaka la tame ne wòaku o.
13 Porá o incenso no fogo diante do Senhor, para que a nuvem do perfume cubra o propiciatório da arca, e Aarão não morra.
14 Atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ƒe ɖe ade asibidɛ eme, eye wòahlẽ ʋu la ɖe amenuvevezikpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòagahlẽe zi adre ɖe eŋgɔ.
14 Tomará o sangue do touro e o aspergirá com dedo sobre o propiciatório, pela frente, e depois aspergirá com o dedo sete vezes de fronte do propiciatório.
15 “Ekema ado go, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple ameawo ƒe gbɔ̃tsu la, eye wòahlẽ eƒe ʋu ɖe xɔmetsovɔ la me, ahlẽe ɖe amenuvevezikpui la dzi kple eŋgɔ abe ale si wòwɔ kple nyitsu la ƒe ʋu ene.
15 Imolará, enfim, o bode do sacrifício pelo pecado do povo, e levará seu sangue para outro lado do véu. Fará com esse sangue como fez com o sangue do touro, aspergindo o propiciatório e a frente do propiciatório.
16 Ekema aɖe nu vɔ̃ ɖa le teƒe kɔkɔe la ŋu, elabena Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo na wòzu nu makɔmakɔ, eye wòagaɖe nu vɔ̃ ɖa le Agbadɔ si le ameawo dome, eye woƒe nu vɔ̃wo ƒo xlãe la hã ŋu.
16 É assim que fará a expiação pelo santuário, por causa das impurezas dos israelitas e de suas transgressões, e de todos os seus pecados. Da mesma forma fará pela tenda de reunião, que está com eles no meio de suas imundícies.
17 Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Agbadɔ la me ne Aron ge ɖe eme be yeaɖe nu vɔ̃ ɖa le Teƒe Kɔkɔe la ŋu o va se ɖe esime wòalé avu le eya ŋutɔ ɖokui, eƒe aƒemetɔwo kple Israelviwo katã ta, eye wòagado go.
17 Ninguém esteja na tenda de reunião quando Aarão entrar para fazer a expiação no santuário até que saia. Fará assim a expiação por si mesmo, pela sua família e por toda a assembléia de Israel.
18 “Azɔ la, ado go ayi vɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume, eye wòaɖe nu vɔ̃ ɖa le eŋu. Ele be wòasisi nyitsu la kple gbɔ̃tsu la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu,
18 Quando tiver sado, irá para o altar que está diante do Senhor e fará a expiação por esse altar: tomará o sangue do touro e do bode e o porá nos cornos do altar em toda a volta.
19 eye wòahlẽ ʋu la ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la dzi zi adre kple eƒe asibidɛ. Ale wòakɔ eŋuti tso Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo me, eye wòawɔe kɔkɔe.
19 Aspergirá com o dedo sete vezes o altar, para purificá-lo e santificá-lo por causa das imundícies dos israelitas.
20 “Ne ewu nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa le Teƒe Kɔkɔe la, Agbadɔ blibo la kple vɔsamlekpui la ŋu ƒe wɔnawo nu la, ahe gbɔ̃ gbagbe si wotia na Azazel la vɛ.
20 Havendo terminado a expiação do santuário, da tenda de reunião e do altar, Aarão trará o bode vivo.
21 Ada eƒe asi eveawo ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòaʋu Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo katã me ɖe edzi. Adro woƒe nu vɔ̃wo katã ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòana ame aɖe si wotia da ɖi la nakplɔ gbɔ̃ la ayi ɖe gbedzi.
21 Imporá as duas mãos sobre a sua cabeça, e confessará sobre ele todas as iniqüidades dos israelitas, todas as suas desobediências, todos os seus pecados. Pô-los-á sobre a cabeça do bode e o enviará ao deserto pelas mãos de um homem encarregado disso.
22 Ale gbɔ̃ la atsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo katã ayi gbedadaƒo, eye ame la aɖe asi le gbɔ̃ la ŋu ɖe gbedadaƒo afi ma.
22 O bode levará, pois, sobre si, todas as iniqüidades deles para uma terra selvagem. Quando o bode tiver sido mandado para o deserto,
23 “Azɔ la, Aron agayi Agbadɔ la me, eye wòaɖe aklalawu siwo wòdo esi wòyi xɔmetsovɔ la godo, eye wòagblẽ wo ɖe afi ma le Agbadɔ la me.
23 Aarão voltará para a tenda de reunião, tirará as vestes de linho que ele pôs à sua entrada no santuário, e as deporá ali.
24 Esia megbe la, ale tsi le teƒe kɔkɔe aɖe, agado awuawo, ayi aɖasa eya ŋutɔ ƒe numevɔ kple ameawo ƒe numevɔ, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple ameawo ta.
24 Lavará o seu corpo no lugar santo, retomará depois suas vestes e sairá para imolar o seu holocausto e o povo, fazendo a expiação por ele e pelo povo.
25 Ekema atɔ dzo nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo ƒe ami ɖe vɔsamlekpui la dzi.
25 Queimará no altar a gordura do sacrifício pelo pecado.
26 “Ame si kplɔ gbɔ̃tsu la yi na Azazel le gbedzi la, agbɔ ava nya eƒe awuwo, ale tsi, eye wòayi asaɖa la me.
26 O homem que tiver conduzido o bode a Azazel no deserto, lavará suas vestes e banhar-se-á. Depois disso poderá voltar ao acampamento.
27 Woatsɔ nyitsu kple gbɔ̃tsu si Aron tsɔ sa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòtsɔ woƒe ʋu yi Teƒe Kɔkɔe la hena avuléle la ayi asaɖa la godo, eye woatɔ dzo wo kpe ɖe woƒe agbalẽ kple dɔmenuwo ŋu.
27 "Serão levados para fora do acampamento o touro e o bode oferecidos em sacrifício pelo pecado, cujo sangue terá sido levado ao santuário para aí fazer-se a expiação; queimar-se-ão no fogo o seu couro, a sua carne e os seus excrementos.
28 Emegbe la, ame si tɔ dzo lãawo la, anya eƒe awuwo, ale tsi, eye wòatrɔ ayi asaɖa la me.
28 Aquele que os tiver queimado lavará as suas vestes, banhar-se-á e depois disso poderá voltar ao acampamento.
29 “Esia nanye ɖoɖo mavɔ na mi: le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ele be miagbe nu le mia ɖokuiwo gbɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o, eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro si le mia dome o,
29 Esta será para vós uma lei perpétua: no sétimo mês, no décimo dia do mês, jejuareis e não fareis trabalho algum, tanto o nativo como o estrangeiro que habita nomeio de vós,
30 elabena le ŋkeke sia dzi woalé avu na mi, akɔ mia ŋuti. Ekema le Yehowa ŋkume la, mia ŋuti akɔ tso miaƒe nu vɔ̃wo katã me.
30 porque nesse dia se fará a expiação por vós, para que vos purifiqueis e sejais livres de todos os vossos pecados diante do Senhor.
31 Enye dzudzɔgbe na mi, miawɔ ŋkeke la ŋu dɔ na nutsitsidɔ. Esia nye se mavɔ na mi.
31 Será um sábado, um dia de descanso para vós, durante o qual jejuareis. Esta é uma instituição perpétua.
32 Le dzidzime bubuwo ƒe ɣeyiɣiwo me la, nunɔlagã si wosi ami na, eye wokɔ eŋuti ɖe Tɔgbuia Aron teƒe lae awɔ ŋutikɔkɔ kɔnu sia. Eyae nye ame si ado aklalawu kɔkɔeawo,
32 A expiação será feita pelo sacerdote que foi ungido e empossado para exercer o sacerdócio em lugar de seu pai. Revestirá as vestes de linho, as vestes sagradas,
33 eye wòakɔ Teƒe Kɔkɔe la, Agbadɔ la, vɔsamlekpui la, nunɔlawo kple ameawo ŋu.
33 e fará a expiação pelo santuário sagrado, pela tenda de reunião, pelo altar, pelos sacerdotes e por toda a assembléia.
34 “Esia anye se mavɔ na mi; woalé avu ɖe Israelviwo ta ƒe sia ƒe le woƒe nu vɔ̃wo ta.”
34 Esta será para vs uma instituição perpétua: uma vez por ano far-se-á a expiação de todos os pecados dos israelitas." Aarão fez como o Senhor o tinha ordenado a Moisés.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 16, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.