Levítico 15

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NVI

Sair da comparação
NVI Nova Versão Internacional
1 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,
1 O Senhor disse a Moisés e a Arão:
2 “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ŋutsu aɖe le afu ɖɔm la, eŋuti mekɔ o.
2 "Digam o seguinte aos israelitas: Quando um homem tiver um fluxo que sai do corpo, o fluxo é impuro.
3 Ne afua le dodom alo ne enu tso hã la, ŋutsu la ŋu mekɔ o.
3 Ele ficará impuro por causa do seu fluxo, quer continue, quer fique retido.
4 “ ‘Abati si dzi wòmlɔ kple nu si dzi wònɔ hã ŋu mekɔ o,
4 "A cama em que um homem com fluxo se deitar ficará impura, e qualquer coisa em que se sentar ficará impura.
5 eya ta ame si ka asi ŋutsu la ƒe abati ŋu hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi.
5 Quem tocar na cama dele, lavará as suas roupas e se banhará com água, e ficará impuro até à tarde.
6 Ame si nɔ zikpui si dzi ŋutsu si ŋu mekɔ o nɔ la hã ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi.
6 Todo aquele que se sentar sobre qualquer coisa na qual esse homem se sentou, lavará suas roupas e se banhará com água, e estará impuro até à tarde.
7 “ ‘Ame si ka asi ŋutsu si le afu ɖɔm ŋuti la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi.
7 "Quem tocar no homem que tiver um fluxo lavará as suas roupas e se banhará com água, e ficará impuro até à tarde.
8 “ ‘Ne ŋutsu si le afu ɖɔm ɖe ta ɖe ame si ŋuti kɔ ŋu la, ele na ame ma be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ.
8 "Se o homem cuspir em alguém que está puro, este lavará as suas roupas e se banhará com água, e ficará impuro até à tarde.
9 “ ‘Nu sia nu si dzi afuɖɔla la anɔ ne ele sɔ dom la, ŋuti mekɔ o,
9 Tudo aquilo em que o homem se sentar quando montar um animal estará impuro,
10 eye ame si aka asi nu siwo dzi wònɔ do sɔ la dometɔ aɖe ŋu la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Nenema ke ame si fɔ nuawo hã la ŋuti mekɔ o va se ɖe fie; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi.
10 e todo aquele que tocar em qualquer coisa que tenha estado debaixo dele ficará impuro até à tarde; quem pegar essas coisas lavará as suas roupas e se banhará com água, e ficará impuro até à tarde.
11 “ ‘Ne ŋutsu si ŋu mekɔ o, meklɔ asi hafi ka asi ame aɖe ŋu o la, ele na amea hã be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
11 "Qualquer pessoa em quem o homem com fluxo tocar sem lavar as mãos, lavará as suas roupas e se banhará com água, e ficará impura até à tarde.
12 “ ‘Ele be woagbã ze si ŋu ŋutsu la ka asii, eye woaklɔ atinu si ŋu wòka asii.
12 "A vasilha de barro na qual ele tocar será quebrada; se tocar numa vasilha de madeira, ela será lavada.
13 “ ‘Ne ŋutsu aɖe ŋu kɔ tso afuɖɔɖɔ me la, nexlẽ ŋkeke adre hena eƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu, nenya eƒe awuwo eye wòale tsi nyuie ekema eŋuti akɔ.
13 "Quando um homem sarar de seu fluxo, contará sete dias para a sua purificação; lavará as suas roupas e se banhará em água corrente, e ficará puro.
14 Le ŋkeke enyia gbe la, alé akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, ado ɖe Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatsɔ wo ana nunɔla la.
14 No oitavo dia pegará duas rolinhas ou dois pombinhos e irá perante o Senhor, à entrada da Tenda do Encontro, e os dará ao sacerdote.
15 Nunɔla la atsɔ akpakpawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòatsɔ evelia asa numevɔ. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le afu si wòɖɔ la ta.
15 O sacerdote os sacrificará, um como oferta pelo pecado e o outro como holocausto, e assim fará propiciação perante o Senhor em favor do homem por causa do fluxo.
16 “ ‘Ɣe sia ɣi si ŋutsu aɖe anye tsi la, ele nɛ be wòale tsi nyuie, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
16 "Quando de um homem sair o sêmen, banhará todo o seu corpo com água, e ficará impuro até à tarde.
17 Ele be wòanya nudodo alo ayi si ŋu ŋutsu ƒe tsi la ka la kple tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
17 Qualquer peça de roupa ou de couro em que houver sêmen será lavada com água, e ficará impura até à tarde.
18 Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe gbɔ la, ele be wo ame eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
18 "Quando um homem se deitar com uma mulher e lhe sair o sêmen, ambos terão que se banhar com água, e estarão impuros até à tarde.
19 “ ‘Ne nyɔnu aɖe kpɔ dzinu la, eŋu mekɔ o va se ɖe esime ŋkeke adre nava yi. Le ɣeyiɣi sia me la, ame sia ame si ka asi eŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
19 "Quando uma mulher tiver fluxo de sangue que sai do corpo, a impureza da sua menstruação durará sete dias, e quem nela tocar ficará impuro até à tarde.
20 “ ‘Nu sia nu si dzi wòamlɔ alo anɔ le ɣe ma ɣi me la ŋuti mekɔ o.
20 "Tudo sobre o que ela se deitar durante a sua menstruação ficará impuro, e tudo sobre o que ela se sentar ficará impuro.
21 Ame sia ame si ka asi eƒe abati ŋu la anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
21 Todo aquele que tocar em sua cama lavará as suas roupas e se banhará com água, e ficará impuro até à tarde.
22 Ame sia ame si ka asi eƒe nunɔdzi aɖe ŋu la, anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
22 Quem tocar em alguma coisa sobre a qual ela se sentar lavará as suas roupas e se banhará com água, e estará impuro até à tarde.
23 Eɖanye abati o, eɖanye nu si dzi wònɔ o, ne ame aɖe ka asi eŋu ko la, amea ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
23 Quer seja a cama, quer seja qualquer coisa sobre a qual ela esteve sentada, quando alguém nisso tocar estará impuro até à tarde.
24 “ ‘Ŋutsu si adɔ nyɔnu sia gbɔ le eƒe asiɖoanyiɣi, eye ʋua ƒe ɖe ka eŋu la, eŋuti makɔ o hena ŋkeke adre, eye abati ɖe sia ɖe si dzi wòamlɔ la ŋu makɔ o.
24 "Se um homem se deitar com ela e a menstruação dela nele tocar, estará impuro por sete dias; qualquer cama sobre a qual ele se deitar estará impura.
25 “ ‘Ne gbɔtotsitsi la xɔ ɣeyiɣi wu ale si wòxɔna tsã alo wòva le ɣeyiɣi trama aɖe dzi le ɣletia me la, ekema nyɔnu la ŋuti mekɔ o, zi ale si ʋu la le dodom abe ale si wònɔna ne wòɖo asi anyi ene.
25 "Quando uma mulher tiver um fluxo de sangue por muitos dias fora da sua menstruação normal, ou um fluxo que continue além desse período, ela ficará impura enquanto durar o corrimento, como nos dias da sua menstruação.
26 Esia fia be nu sia nu si dzi wòamlɔ le ɣeyiɣi ma me la ŋu makɔ o, abe ale si wòanɔ le eƒe gbɔtotsitsi ŋutɔ me ene. Nenema ke nu sia nu si dzi wòanɔ hã ŋu mekɔ o.
26 Qualquer cama em que ela se deitar enquanto continuar o seu fluxo estará impura, como acontece com a sua cama durante a sua menstruação, e tudo sobre o que ela se sentar estará impuro, como durante a sua menstruação.
27 Ame sia ame si ka asi eƒe abati alo nu si dzi wònɔ ŋu la ŋu mekɔ o. Ele be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ.
27 Quem tocar em alguma dessas coisas ficará impuro; lavará as suas roupas e se banhará com água, e ficará impuro até à tarde.
28 “ ‘Ne gbɔtotsitsi sia nu tso, eye ŋkeke adre va yi la, ekema eŋuti kɔ azɔ.
28 "Quando sarar do seu fluxo, contará sete dias, e depois disso estará pura.
29 Le ŋkeke enyia gbe la, nyɔnu la atsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu.
29 No oitavo dia pegará duas rolinhas ou dois pombinhos e os levará ao sacerdote, à entrada da Tenda do Encontro.
30 Nunɔla la atsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, atsɔ evelia asa numevɔ, eye wòalé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le ale si gbɔtotsitsi na eŋu mekɔ o la ta.
30 O sacerdote sacrificará um como oferta pelo pecado e o outro como holocausto, e assim fará propiciação em favor dela, perante o Senhor, devido à impureza do seu fluxo.
31 “ ‘Ale ne Israelviwo ŋu mekɔ o la, miakɔ wo ŋuti; ne menye nenema o la, woagblẽ kɔ ɖo na nye Agbadɔ si le wo dome, eye woaku.’ ”
31 "Mantenham os israelitas separados das coisas que os tornam impuros, para que não morram por contaminar com sua impureza o meu tabernáculo, que está entre eles".
32 Eya ta esiae nye se na ŋutsu si le afu ɖɔm kple ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o,
32 Essa é a regulamentação acerca do homem que tem fluxo e daquele de quem sai o sêmen, tornando-se impuro,
33 kple se le nyɔnuwo ƒe gbɔtotsitsi ŋu kple se na ŋutsu si adɔ nyɔnu si tsi gbɔto, eye eŋu mekɔ o la gbɔ.
33 da mulher em sua menstruação, do homem ou da mulher que têm fluxo e do homem que se deita com uma mulher que está impura.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 15, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.