Levítico 12

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NAA

Sair da comparação
NAA Nova Almeida Atualizada 2017
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
1 O Senhor disse a Moisés:
2 “De se siawo na Israelviwo be, ‘Ne nyɔnu aɖe dzi ŋutsuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o, ŋkeke adre, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi.
2 — Diga aos filhos de Israel: Se uma mulher conceber e tiver um menino, ficará impura durante sete dias; como nos dias da sua menstruação, ficará impura.
3 Ele be woatso aʋa na ɖevia le ŋkeke enyia gbe.
3 E, no oitavo dia, o menino será circuncidado.
4 Ekema le ŋkeke blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ siwo akplɔe ɖo, le ale si eŋuti mekɔ haɖe o ta la, maka asi nu kɔkɔe aɖeke ŋuti o, eye made Agbadɔ me hã o.
4 Depois, ela ficará trinta e três dias a purificar-se do seu sangue; nenhuma coisa santa tocará, nem entrará no santuário até que se cumpram os dias da sua purificação.
5 Ne nyɔnu aɖe dzi nyɔnuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o kɔsiɖa eve, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi. Ekema le ŋkeke blaade-vɔ-ade siwo akplɔe ɖo me la, ʋu si anɔ dodom le eŋuti la ana be eƒe ŋuti nanɔ kɔkɔm.
5 Mas, se tiver uma menina, ficará impura durante duas semanas, como na sua menstruação; depois, ficará sessenta e seis dias a purificar-se do seu sangue.
6 “ ‘Ne nyɔnu la ƒe ŋutikɔkɔ ƒe ɣeyiɣi de la, ne via nye ŋutsuvi loo alo nyɔnuvi hã la, ele na nyɔnu la be wòana alẽvi si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa, eye wòana ahɔnɛ alo akpakpa ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Atsɔ nu siawo ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu,
6 — E, cumpridos os dias da sua purificação pelo nascimento de um filho ou de uma filha, trará ao sacerdote, à porta da tenda do encontro, um cordeiro de um ano, por holocausto, e um pombinho ou uma rolinha, por oferta pelo pecado;
7 nunɔla la asa vɔ na Yehowa, eye wòalé avu ɖe enu. Ekema eŋuti akɔ azɔ le ʋu si do le eŋu to vidzidzi me la megbe.
7 o sacerdote oferecerá esse sacrifício diante do Senhor e, pela mulher, fará expiação; e ela será purificada do fluxo do seu sangue. Esta é a lei a respeito da que der à luz um menino ou uma menina.
8 Ke ne nyɔnu aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ o la, ekema ele nɛ be wòana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nu vɔ̃ vɔsae. Nunɔla la atsɔ nu siawo alé avu ɖe enu ale be eŋuti nagakɔ.’ ”
8 Mas, se as suas posses não lhe permitirem trazer um cordeiro, então a mulher trará duas rolinhas ou dois pombinhos, um para o holocausto e o outro para a oferta pelo pecado; assim, o sacerdote fará expiação pela mulher, e ela ficará pura.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 12, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.