Levítico 11

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NVI

Sair da comparação
NVI Nova Versão Internacional
1 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena,
1 Disse o Senhor a Moisés e a Arão:
2 “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Le lã siwo katã nɔa anyigba dzi la, esiawoe nye esiwo miaɖu.
2 "Digam aos israelitas: De todos os animais que vivem na terra, estes são os que vocês poderão comer:
3 Miate ŋu aɖu lã sia lã si ƒe afɔkli me fe, eye wòdzɔa nu gaɖuna.
3 Qualquer animal que tem casco fendido e dividido em duas unhas, e que rumina.
4 “ ‘Lã aɖewo li siwo dzɔa nu gaɖuna alo woƒe afɔkli me koe fe, gake migaɖu wo o. Togbɔ be kposɔ ɖua nu, dzonɛ gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye lã makɔmakɔ na mi.
4 "Vocês não poderão comer aqueles que só ruminam nem os que só têm o casco fendido. O camelo, embora rumine, não tem casco fendido; considerem-no impuro.
5 Xɔfie, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye la makɔmakɔ na mi.
5 O coelho, embora rumine, não tem casco fendido; é impuro para vocês.
6 Fɔmizi, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Lã makɔmakɔ wònye na mi.
6 A lebre, embora rumine, não tem casco fendido; considerem-na impura.
7 Ha, togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Lã makɔmakɔ wònye na mi.
7 E o porco, embora tenha casco fendido e dividido em duas unhas, não rumina; considerem-no impuro.
8 Mele be miaɖu eƒe lã loo alo aka asi eƒe kukua teti hã ŋu o. Nu makɔmakɔ wònye na mi.
8 Vocês não comerão a carne desses animais nem tocarão em seus cadáveres; considerem-nos impuros.
9 “ ‘Le tɔmelãwo katã gome la, miekpɔ mɔ aɖu ɖe sia ɖe si ŋu adza kple tsro le, ne woɖe wo tso tɔsisiwo me loo alo atsiaƒu me.
9 "De todas as criaturas que vivem nas águas do mar e dos rios, vocês poderão comer todas as que possuem barbatanas e escamas.
10 Ke lã siwo katã le atsiaƒu me alo tɔ me esiwo ŋu adza alo tsro mele o, woɖale lã siwo katã ƒua tsi dome alo nu gbagbe bubu siwo katã le tɔ me dome o, wonye ŋunyɔnu na mi.
10 Mas todas as criaturas que vivem nos mares ou nos rios, que não possuem barbatanas e escamas, quer dentre todas as pequenas criaturas que povoam as águas quer dentre todos os outros animais das águas, serão proibidas para vocês.
11 Esi wònye be wonye ŋunyɔnuwo na mi ta la, migaɖu woƒe lã o, eye woƒe kukua hã nanyɔ ŋu na mi.
11 Por isso, não poderão comer sua carne e considerarão impuros os seus cadáveres.
12 Nu gbagbe ɖe sia ɖe si le tɔ me, esi ŋu tsro kple adza mele o la nanye ŋunyɔnu na mi.
12 Tudo o que vive na água e não possui barbatanas e escamas será proibido para vocês.
13 “ ‘Xe siawo nanyɔ ŋu na mi, eye miaɖu wo o, elabena wonye ŋunyɔnuwo: hɔ̃, akaga, akpo,
13 "Estas são as aves que vocês considerarão impuras, das quais não poderão comer porque são proibidas: a águia, o urubu, a águia-marinha,
14 aʋako dzĩtɔwo kple yibɔtɔwo,
14 o milhafre, o falcão,
15 akpaviã ƒomevi vovovoawo,
15 qualquer espécie de corvo,
16 adzexe si to dzo ɖe ta, adzexe ŋutɔ, golo, tsalɛ̃, aʋako,
16 a coruja-de-chifre, a coruja-de-orelha-pequena, a coruja-orelhuda, qualquer espécie de gavião,
17 ʋlukuku, tsimese, kple aŋɔɣi,
17 o mocho, a coruja-pescadora e o corujão,
18 favieʋuto, aluge kple akaga,
18 a coruja-branca, a coruja-do-deserto, o abutre,
19 damixe, ako ƒomeviwo, agudzixe kple agutɔ.
19 a cegonha, qualquer tipo de garça, a poupa e o morcego.
20 “ ‘Nudzodzoe siwo katã zɔna le afɔ ene dzi, woanye ŋunyɔnu na mi.
20 "Todas as pequenas criaturas que enxameiam, que têm asas, mas que se movem pelo chão serão proibidas para vocês.
21 Ke nudzodzoe aɖewo li siwo zɔna le afɔ ene dzi, esiwo miate ŋu aɖu. Esiawoe nye esiwo te afɔwo le hena kpotiti le anyigba.
21 Dentre estas, porém, vocês poderão comer aquelas que têm pernas articuladas para saltar no chão.
22 Esiwo miaɖu woe nye ʋetsuvi tɔgbiwo katã, gbagblami kple abɔ ƒomeviwo katã.
22 Dessas vocês poderão comer os diversos tipos de gafanhotos.
23 Miekpɔ mɔ aɖu nu bubu siwo katã dzona, eye woto afɔ ene la dometɔ aɖeke o.
23 Mas considerarão impuras todas as outras criaturas que enxameiam, que têm asas e que se movem pelo chão.
24 “ ‘Ame sia ame si aka asi woƒe kukua ŋu la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ,
24 "Por meio deles vocês ficarão impuros; todo aquele que tocar em seus cadáveres estará impuro até à tarde.
25 eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo enumake. Ele nɛ hã be wòaɖe eɖokui ɖe aga va se ɖe fiẽ abe ame si ŋuti mekɔ o ene.
25 Todo o que carregar o cadáver de algum deles lavará as suas roupas e estará impuro até à tarde.
26 “ ‘Ame si ka asi lã si ƒe afɔkli me mefe tututu o, alo lã si medzɔa nu gaɖuna o ŋu la hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ.
26 "Todo animal de casco não dividido em duas unhas ou que não rumina é impuro para vocês; quem tocar qualquer um deles ficará impuro.
27 Miekpɔ mɔ aɖu lã afɔene siwo ƒe afɔwo nu fetsu le o. Ame si ka asi woƒe kukua ŋu hã ŋuti mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
27 Todos os animais de quatro pés, que andam sobre a planta dos pés são impuros para vocês; todo o que tocar os seus cadáveres ficará impuro até à tarde.
28 Ele be ame si atsɔ eƒe kukua aƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ, elabena mede se na mi tso wo ŋu.
28 Quem carregar o cadáver de algum deles lavará suas roupas, e estará impuro até à tarde. São impuros para vocês.
29 “ ‘Lã siwo zɔna le anyigba, eye wo ŋu mekɔ na mi o la woe nye, adɔ, afi kple adoglo ƒomeviwo,
29 "Dos animais que se movem rente ao chão, estes vocês considerarão impuros: a doninha, o rato, qualquer espécie de lagarto grande,
30 xɔmenyatri, ve, adoglo, atɔ kple agama.
30 a lagartixa, o lagarto-pintado, o lagarto, o lagarto da areia e o camaleão.
31 Ame sia ame si ka asi nu siawo ƒe kukuawo ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
31 De todos os que se movem rente ao chão, esses vocês considerarão impuros. Quem neles tocar depois de mortos estará impuro até à tarde.
32 Nu sia nu si dzi nu siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ge dze la ŋu mekɔ o. Ne ege dze nu si wowɔ kple ati, avɔ, ɖovu alo kotoku aɖe dzi la, ele be woaklɔe kple tsi alo anyae, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Le esia megbe la, woagate ŋu awɔ eŋu dɔ.
32 E tudo sobre o que um deles cair depois de morto, qualquer que seja o seu uso, ficará impuro, seja objeto feito de madeira, de pano, de couro ou de pano de saco. Deverá ser posto em água e estará impuro até a tarde, e então ficará puro.
33 Ne ege dze agba aɖe si wome kple tsu me la, nu sia nu si le agba la me la ŋu mekɔ o, eye ele be woagbã agba la.
33 Se um deles cair dentro de uma vasilha de barro, tudo o que nela houver ficará impuro, e vocês quebrarão a vasilha.
34 Ne tsi si wotsɔ klɔ nu makɔmakɔ aɖe ŋu hlẽ ɖe nuɖuɖu aɖe ŋu la, nuɖuɖu la ŋu mekɔ o. Nunono si le agba makɔmakɔ aɖe me hã ŋu mekɔ o.
34 Qualquer alimento sobre o qual cair essa água, ficará impuro, e qualquer bebida que estiver dentro da vasilha, ficará impura.
35 Ne lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ka abolokpo aɖe ŋu la, abolokpo la hã ŋu mekɔ o, eya ta ele be woagbãe.
35 Tudo aquilo sobre o que o cadáver de um desses animais cair ficará impuro; se for um forno ou um fogão de barro vocês o quebrarão. Estão impuros, e vocês os considerarão como tais.
36 Ne nu siawo ƒe kuku aɖe ge ɖe tɔʋu alo tsigago aɖe si me tsi le la me la, tsi la menye tsi makɔmakɔ o, gake ame si ɖe nu kukua le tsia me ya la ŋu mekɔ o.
36 Mas, se cair numa fonte ou numa cisterna onde se recolhe água, ela permanece pura; mas quem tocar no cadáver ficará impuro.
37 Ne nu kukua ka nuku aɖe si ƒã ge wole ŋu la, nuku la mezu nuku makɔmakɔ o.
37 Se um cadáver cair sobre alguma semente a ser plantada, ela permanece pura;
38 Ke ne nukua ƒo tsi hafi nu kuku la ge ɖe edzi la, ekema nuku ƒotsi la ŋu mekɔ o.
38 mas se foi derramada água sobre a semente, vocês a considerarão impura.
39 “ ‘Ne dɔléle wu lã aɖe si ŋu woɖe mɔ le be woaɖu la, ame si ka asi lã la ƒe kukua ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
39 "Quando morrer um animal que vocês têm permissão para comer, quem tocar no seu cadáver ficará impuro até à tarde.
40 Gawu la, ele be ame si ɖu eƒe lã alo tsɔe yi ɖaƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ.
40 Quem comer da carne do animal morto terá que lavar as suas roupas e ficará impuro até à tarde. Quem carregar o cadáver do animal terá que lavar as suas roupas, e ficará impuro até à tarde.
41 “ ‘Nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba dzi la nye nu si woatsri; womaɖui o.
41 "Todo animal que se move rente ao chão lhes será proibido e não poderá ser comido.
42 Migaɖu nu gbagbe si tana le anyigba le eƒe ƒodo dzi alo wòzɔna kple afɔ ene loo alo le afɔ geɖewo dzi la o. Enye nu si woatsri.
42 Vocês não poderão comer animal algum que se move rente ao chão, quer se arraste sobre o ventre quer ande de quatro ou com o auxílio de muitos pés; eles lhes são proibidos.
43 Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka wo ŋu me o.
43 Não se contaminem com qualquer desses animais. Não se tornem impuros com eles nem deixem que eles os tornem impuros.
44 Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Minɔ dzadzɛe le nu siawo ŋuti, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. Eya ta migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka nu siwo tana le anyigba la dometɔ aɖeke ŋu me o.
44 Pois eu sou o Senhor Deus de vocês; consagrem-se e sejam santos, porque eu sou santo. Não se tornem impuros com qualquer animal que se move rente ao chão.
45 Elabena nyee nye Yehowa si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be manye miaƒe Mawu. Ele na mi be mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye.
45 Eu sou o Senhor que os tirou da terra do Egito para ser o seu Deus; por isso, sejam santos, porque eu sou santo.
46 “ ‘Esiawoe nye se siwo ku ɖe lãwo, xewo kple nu siwo katã ƒua tsi alo tana le anyigba la ŋu.
46 "Essa é a regulamentação acerca dos animais, das aves, de todos os seres vivos que se movem na água e de todo animal que se move rente ao chão.
47 Esiawoe nye vovototo siwo le nu siwo ŋuti kɔ, eye woaɖu wo kple nu siwo ŋuti mekɔ o, eye womaɖu wo o le nu gbagbe siwo nye lãwo le anyigba dzi la dome.’ ”
47 Vocês farão separação entre o impuro e o puro, entre animais que podem e os que não podem ser comidos".

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Levítico 11, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.