Juízes 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NTLH

Sair da comparação
NTLH Nova Tradução na Linguagem de Hoje 2000
1 Gideon, ame si wogayɔna be Yerubaal kple eƒe aʋakɔ fɔ ŋdi kanya heyi keke Harɔd vudo la gbɔ. Midiantɔwo ƒe aʋakɔ ƒo ƒu ɖe Gideon ƒe aʋakɔ ƒe anyiehe lɔƒo le balime si le More to la gbɔ xa.
1 Jerubaal, isto é, Gideão, e todos os homens que estavam com ele se levantaram de madrugada e foram acampar perto da fonte de Harode. O acampamento dos midianitas ficava no vale, no lado norte, perto do monte Moré.
2 Yehowa gblɔ na Gideon be, “Wò aʋakɔ la sɔ gbɔ akpa! Nyemaɖe mɔ mi katã miawɔ aʋa kple Midiantɔwo o, elabena Israelviwo ava ƒo adegbe nam be, ‘Míawoe ɖe mía ɖokuiwo to míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me’
2 O Senhor Deus disse a Gideão: — Você tem gente demais, e por isso não posso deixar que vocês derrotem os midianitas. Se eu deixasse, vocês poderiam pensar que venceram sem a minha ajuda.
3 Ɖo wò ame siwo nye vɔvɔ̃nɔtɔwo kple ame siwo dzidzi ƒo la ɖe aƒe.” Ale ame akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) trɔ dzo eye ame akpe ewo (10,000) siwo nɔ klalo na aʋawɔwɔ koe susɔ.
3 Anuncie ao povo o seguinte: “Quem estiver com medo, que saia do monte Gilboa e volte para casa.” Gideão anunciou, e vinte e dois mil homens voltaram. Mas dez mil ficaram.
4 Yehowa gagblɔ na Gideon be, “Ameawo sɔ gbɔ akpa. Kplɔ wo yi tɔ la to, ekema mafia ame siwo ayi kpli wò kple esiwo mayi o la wò. Ne megblɔ be, ‘Ame sia nayi kpli wò la’ ekema ayi, ke ne megblɔ be, ‘Ame sia mayi kpli wò o la’ ekema mayi o.”
4 E o Senhor disse a Gideão: — Ainda é gente demais. Leve todos até as águas, e ali eu separarei os que irão com você. Se eu disser que um homem deve ir com você, ele irá. Se disser que outro não deve ir, ele não irá.
5 Gideon kplɔ wo yi tɔ la gbɔ eye Yehowa gblɔ na Gideon be, “Ame siwo akpe nu ɖe tsi me eye woano tsi abe avu ene la, nanɔ hatsotso ɖeka me eye ame siwo adze klo eye woaku tsia kple asi ano la hã nanɔ hatsotso bubu me.”
5 Aí Gideão fez com que os homens descessem até as águas. E o Senhor Deus lhe disse: — Todos os homens que lamberem a água com a língua, como fazem os cachorros, devem ser separados dos que se ajoelharem para beber.
6 Ewɔ nenema eye ame siwo ku tsia kple asi heno la nɔ ame alafa etɔ̃ (300), ame bubuawo katã nye ame siwo dze klo heno tsia abe avu ene.
6 Trezentos homens juntaram água nas mãos e lamberam. Todos os outros se ajoelharam para beber.
7 Yehowa gblɔ na Gideon be, “Maɖu Midiantɔwo dzi kple ame alafa etɔ̃ (300) siawo! Na ame mamlɛawo natrɔ ayi aƒe!”
7 Aí o Senhor disse a Gideão: — Com estes trezentos homens que lamberam a água, eu libertarei vocês e lhes darei a vitória sobre os midianitas. Diga aos outros que voltem para casa.
8 Gideon xɔ anyikpluawo kple kpẽawo le Israelviwo si, ɖo wo ɖe aƒe eye ame alafa etɔ̃awo (300) koe tsi anyi.
8 Então Gideão mandou todos os outros israelitas para casa, menos aqueles trezentos. Mas estes ficaram com toda a comida e todas as cornetas. O acampamento dos midianitas estava abaixo deles, no vale.
9 Aƒetɔ la gblɔ na Gideon le zã me be, “Fɔ kaba! Kplɔ wò aʋawɔlawo, eye miadze Midiantɔwo dzi elabena mana miaɖu wo dzi!
9 Naquela noite o Senhor Deus disse a Gideão: — Levante-se e ataque o acampamento dos midianitas. Eu já dei a vitória a você.
10 Ke ne èle vɔvɔ̃m la, ekema wò ɖeka yi futɔwo ƒe asaɖa la me, kplɔ wò subɔla Pura ɖe asi,
10 Mas, se você estiver com medo de atacar, desça até o acampamento deles. Leve junto Purá, o seu ajudante.
11 eye nàɖo to nya siwo gblɔm futɔwo le, ekema dzi aɖo ƒowò, eye nàtso enumake ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu!” Ale Gideon kplɔ Pura ɖe asi eye wowɔ ɖɔɖɔɖɔ yi futɔwo ƒe nɔƒe.
11 Você vai ouvir o que eles estão dizendo e então terá coragem para atacar o acampamento. Gideão e Purá desceram até bem perto do acampamento inimigo.
12 Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kple dukɔ bubuwo tso ɣedzeƒe ƒo ƒu ɖe balime la abe ʋetsuviwo alo ƒutake ene eye woƒe kposɔwo sɔ gbɔ wu xexlẽ.
12 Os midianitas, os amalequitas e os povos do deserto estavam espalhados no vale, como uma nuvem de gafanhotos. Eles e os seus camelos eram tantos como os grãos de areia da praia do mar.
13 Gideon te ɖe agbadɔ aɖe ŋu esime futɔwo dometɔ ɖeka ku drɔ̃e, ɖi vo, nyɔ tso alɔ̃ me teti henɔ drɔ̃e la lĩm na nɔvia. Egblɔ be, “Meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe, abolo gã aɖe mli ge ɖe míaƒe asaɖa la me eye wòlɔ míaƒe agbadɔ la ƒu anyi gbloo!”
13 Quando Gideão chegou, ouviu um homem contando o seu sonho a um amigo. Ele dizia: — Eu sonhei que um pão de
14 Ame evelia gblɔ be, “Gɔmeɖeɖe ɖeka koe le wò drɔ̃e la si. Gideon, Yoas ƒe vi, Israel ŋutsu la ava tsrɔ̃ Midiantɔwo kple dukɔ bubu siwo kpe ɖe wo ŋu la ƒe aʋakɔwo katã.”
14 O amigo respondeu: — É a espada de Gideão, o israelita, o filho de Joás! Isso quer dizer que Deus entregou a ele o nosso povo e todo o nosso exército!
15 Gideon se drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe. Nu si ko wòte ŋu wɔ lae nye etsi tsitre ɖe afi ma eye wòkafu Mawu! Azɔ etrɔ enumake yi Israelviwo ƒe asaɖa me eye wòdo ɣli be, “Mifɔ kaba elabena Yehowa ana míaɖu Midiantɔwo ƒe aʋakɔ gã siawo dzi!”
15 Quando Gideão ouviu esse sonho e entendeu o que ele queria dizer, ajoelhou-se e adorou a Deus. Então voltou para o acampamento israelita e disse: — Levantem-se! O
16 Gideon ma ame alafa etɔ̃ la ɖe akpa etɔ̃ me, tsɔ kpẽ kple anyikplu si me akakati le la na ame sia ame.
16 Gideão separou os trezentos em três grupos e deu a cada homem uma corneta de chifre de carneiro e um jarro com uma tocha dentro.
17 Ke eɖe eƒe ɖoɖowo me na wo hegblɔ be, “Ne míeva ɖo futɔwo ƒe asaɖaŋudzɔlawo gbɔ la, miwɔ nu si tututu mawɔ.
17 E disse: — Olhem para mim! E, quando eu chegar perto do acampamento inimigo, façam o que eu fizer.
18 Ne nye kple nye amewo míeku míaƒe kpẽwo ko la, miawo hã miku mia tɔwo le asaɖa la ƒe akpa ɖe sia ɖe eye miado ɣli sesĩe be, ‘Míele aʋa wɔm na Mawu kple Gideon!’ ”
18 Quando eu e o meu grupo tocarmos as cornetas, então vocês, que estarão cercando o acampamento, toquem as cornetas e gritem: “Pelo Senhor e por Gideão!”
19 Ale Gideon kple ame alafa ɖeka siwo nɔ eŋu la ɖo Midiantɔwo ƒe asaɖa la ƒe gbɔto le zãtitina esime woɖɔli dzɔlawo teti. Woku woƒe kpẽwo eye wogbã anyikplu siwo le wo si.
19 Um pouco antes da meia-noite, na hora de ser trocada a guarda, Gideão e os seus cem homens chegaram bem perto do acampamento. Então tocaram as cornetas e quebraram os jarros que levavam.
20 Aʋalɔgo etɔ̃awo me nɔlawo hã ku kpẽawo, gbã woƒe anyikpluwo, lé akakatiawo ɖe mia eye wolé kpẽawo ɖe ɖusi hena kuku. Wodo ɣli sesĩe be, “Esia nye yi na Yehowa kple Gideon!”
20 Os três grupos tocaram as cornetas e quebraram os jarros. Eles seguravam a tocha na mão esquerda e a corneta na direita e gritavam: “Uma espada pelo Senhor e por Gideão!”
21 Esi Gideon ƒe ameawo ɖe to ɖe asaɖa la la, Midiantɔwo katã lé du tsɔ eye wonɔ ɣli dom esime wonɔ dua dzi.
21 E cada um ficou parado no seu lugar em volta do acampamento. Então todo o exército inimigo fugiu, gritando.
22 Esi ame alafa etɔ̃awo (300) ku kpẽawo la, Yehowa de zi asaɖa la me be wotsɔ yi ɖe wo nɔewo ŋu. Woƒe asrafowo si yi ɖe Bet Sita ɖo ta Zerera gbɔ va se ɖe keke Abel Mehola si te ɖe Tabat ƒe liƒo dzi ke.
22 Enquanto os trezentos homens tocavam as cornetas, o Senhor Deus fez com que os homens do acampamento atacassem uns aos outros com as suas espadas. Eles fugiram na direção de Zererá e foram a Bete-Sita e até a divisa de Abel-Meolá, perto de Tabate.
23 Woyɔ Israelvi siwo tso Naftali, Aser kple Manase la, wodo go eye woti Midiantɔwo yome.
23 Então os homens das tribos de Naftali, de Aser e das duas metades da tribo de Manassés foram chamados e perseguiram os midianitas.
24 Gideon dɔ dɔlawo wotsa le Efraim tonyigba la katã dzi nɔ gbɔgblɔm be, “Miɖi va dze Midiantɔwo dzi eye miaxe mɔ na woƒe Yɔdan tɔsisi la tsotso va se ɖe keke Bet Bera ke.”
24 Gideão enviou mensageiros para dizerem a todos os que moravam na região montanhosa de Efraim: — Desçam e lutem contra os midianitas. Defendam o rio Jordão e os seus riachos até Bete-Bara e não deixem os midianitas atravessarem. Então os homens de Efraim foram e defenderam o rio Jordão e os seus riachos até Bete-Bara.
25 Israelviwo lé Midiantɔwo ƒe aʋafia eveawo, Oreb kple Zeb. Wowu Oreb le agakpe si wotsɔ eƒe ŋkɔ na eye woyɔnɛ fifia be Oreb la gbɔ eye wowu Zeb le wainfiaƒe si woyɔna fifia be Zeb. Woti Midiantɔwo yome eye wotsɔ Oreb kple Zib ƒe tawo vɛ na Gideon le Yɔdan tɔsisi la godo.
25 Eles prenderam Orebe e Zeebe, os dois chefes midianitas. Mataram Orebe na pedra de Orebe e mataram Zeebe no seu tanque de pisar uvas. Continuaram a perseguir os midianitas e levaram a cabeça de Orebe e a de Zeebe para Gideão, que estava a leste do rio Jordão.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Juízes 7, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.