Josué 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NTLH

Sair da comparação
NTLH Nova Tradução na Linguagem de Hoje 2000
1 Esi Israelviwo xɔ anyigba vɔ megbe la, wo katã wova kpe ta ɖe Silo, eye wotu Yehowa ƒe Agbadɔ ɖe afi ma.
1 Agora a terra já estava conquistada. Então todo o povo de Israel se reuniu na cidade de Siló, e armaram ali a Tenda Sagrada .
2 Womema anyigba na Israel ƒe to adre haɖe o.
2 Sete tribos ainda não tinham recebido as suas terras.
3 Ale Yosua bia Israelviwo be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie mialala hafi anya ame siwo le anyigba si Yehowa, mia Mawu la na mi la dzi?
3 Nessa ocasião Josué disse ao povo de Israel: — Até quando vão ficar esperando para tomar posse da terra que o
4 Mitia ame etɔ̃ tso to ɖe sia ɖe me, eye madɔ wo ɖa be woayi aɖatsa ŋku le afi siwo dzi míeɖu haɖe o la dzi, ale be woana manya woƒe lolome kple anyigba la ƒe lolome si to ɖe sia ɖe adi be yeaxɔ, ekema mate ŋu amae na mi.
4 Escolham três homens de cada tribo, e eu os mandarei andar por toda esta terra. Eles farão por escrito uma descrição das terras que gostariam de ter como sua propriedade e depois voltarão para falar comigo.
5 Mama anyigba la ɖe akpa adre me: Yuda ƒe viwo anɔ woƒe anyigba dzi le dziehe, eye Yosef ƒe viwo anɔ anyiehe.
5 Esses homens dividirão a terra em sete partes. A tribo de Judá ficará nas suas terras, no Sul, e os descendentes de José nas suas, no Norte.
6 Miŋlɔ nu tso anyigba la ƒe akpa adreawo ŋu tsɔ vɛ nam. Ekema mada akɔ ɖe edzi le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume ale be manya ale si mama anyigba lae.
6 Tragam a descrição da terra dividida em sete partes. Então eu farei o sorteio para consultar o Senhor , nosso Deus, por vocês.
7 Ke miɖo ŋku edzi be womama anyigba na Levitɔwo o, elabena Yehowa ƒe nunɔlawo wonye, eye woƒe nunɔladɔe nye woƒe domenyinu wɔnuku la. Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã magaxɔ anyigba aɖeke o, elabena woxɔ anyigba xoxo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, afi si ŋugbe Mose do na wo.”
7 Os levitas não receberão, como os outros, uma parte da terra porque a parte deles é servir como sacerdotes de Deus, o Senhor . As tribos de Gade, de Rúben e de Manassés do Leste já receberam as suas terras a leste do rio Jordão, terras que foram dadas por Moisés, servo do Senhor .
8 Ame siwo wotia la dze mɔ be woata anyigba la vɛ na Yosua ekema ate ŋu ama anyigba la na toawo to akɔdada le Yehowa ŋkume me.
8 E os homens saíram para fazer a descrição daquela terra, depois de receberem de Josué esta ordem: — Andem por toda esta terra, façam por escrito uma descrição dela e depois voltem para falar comigo. Então, aqui em Siló, eu farei o sorteio para consultar o
9 Ame tiatiawo wɔ abe ale si woɖo na wo ene. Woma anyigba la ɖe akpa adre me, woŋlɔ du siwo nɔ mama ɖe sia ɖe me la da ɖi, eye wotrɔ va Yosua gbɔ le asaɖa la me le Silo.
9 Assim os homens foram, andaram por toda aquela terra e fizeram uma descrição dela num livro. Eles a dividiram em sete partes e prepararam uma lista das cidades. Depois voltaram ao acampamento de Siló, onde Josué estava.
10 Le afi ma, le asaɖa la me le Silo la, Yehowa fia Yosua to akɔdada la me, ale si wòama anyigba lae na to vovovoawo.
10 Então Josué fez o sorteio para consultar o Senhor por eles e deu a cada tribo do povo de Israel uma parte da terra.
11 Anyigba si wotsɔ na Benyamin ƒe viwo la nɔ Yuda ƒe viwo kple Yosef ƒe viwo ƒe anyigbawo dome.
11 As famílias da tribo de Benjamim receberam terras que ficavam entre a tribo de Judá e as tribos de José.
12 Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyiehe dze egɔme tso Yɔdan tɔsisi la to, yi Yeriko ƒe anyiehe, to tonyigba la kple Bet Aven gbegbe la dzi.
12 No Norte a sua divisa começava no rio Jordão. Daí subia pelo lado norte de Jericó, na direção oeste, seguindo pela região montanhosa até o deserto de Bete-Avém.
13 Liƒo la tso afi ma ɖo ta dziehe yi Luz, afi si wogayɔna be Betel, heyi Atarot Ada, le Bet Horon ƒe tonyigba dzi le dziehe.
13 Então ia para o sul na direção da cidade de Luz, até a subida de Luz (também chamada de Betel). Daí descia para Atarote-Adar, na montanha que fica ao sul de Bete-Horom-de-Baixo.
14 Liƒo la trɔ tso afi ma ɖo ta dziehe, eto to si le Bet Horon kasa le dziehe hewu nu ɖe Kiriat Baal, du si wogayɔna be Kiriat Yearim, si nye Yuda ƒe viwo ƒe duwo dometɔ ɖeka la gbɔ. Esiae nye Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe ɣetoɖoƒeliƒo.
14 Dali a divisa ia noutra direção e, do lado oeste da montanha que fica em frente de Bete-Horom, virava para o sul, indo até a cidade de Quiriate-Baal (ou Quiriate-Jearim), que é da tribo de Judá. Esta era a divisa a oeste.
15 Anyigba la ƒe anyigbemeliƒo tso Kiriat Yearim du la to, yi Efrɔn to la dzi, yi Naftoa vudo la gbɔ,
15 No Sul a divisa começava na ponta de Quiriate-Jearim e dali ia para o oeste até as fontes de Neftoa.
16 heyi to si le Ben Hinom ƒe Balime le Refaim ƒe balime ƒe anyiehe gome. Etso afi ma, heto Hinom ƒe balime hetrɔ yi dziehe gome, afi si Yebusitɔwo nɔ, eye wòyi ɖatɔ En Rogel.
16 Daí descia até o fim da montanha que está em frente do vale de Ben-Hinom, na ponta norte do vale dos Gigantes. A divisa seguia para o sul pelo vale de Hinom, no sul da subida dos jebuseus, até a fonte de Rogel.
17 Tso En Rogel la, liƒo la ɖo ta anyiehe kple ɣedzeƒe gome yi En Semes kple Gelilot le Adumim ƒe akpa kemɛ. Etrɔ tso afi ma ɖo ta Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ,
17 Virava para o norte, indo até a fonte de Semes, e daí a Gelilote, do outro lado da subida de Adumim. Então descia até a pedra de Boã (Boã era filho de Rúben),
18 eye wòzɔ Bet Araba ƒe anyieheliƒo la ŋu heyi Araba.
18 passava ao norte da subida defronte do vale do Jordão e depois descia até o vale.
19 Egaɖo ta dziehe, dze le Bet Hogla ŋu, eye wòwu nu ɖe Dzeƒu la to. Teƒe siae nye Yɔdan tɔsisi la ƒe seƒe le dziehe gome.
19 Seguia para o norte da subida de Bete-Hogla e terminava na ponta sul do rio Jordão, isto é, na baía onde este rio desemboca no mar Morto. Esta era a divisa no Sul.
20 Yɔdan tɔsisi lae nye anyigba sia ƒe ɣedzeƒeliƒo.
20 O rio Jordão era a divisa a leste. São estas as divisas das terras que as famílias da tribo de Benjamim receberam como sua propriedade.
21 Du blaeve-vɔ-ade siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye:
21 As cidades que pertenciam às famílias da tribo de Benjamim eram Jericó, Bete-Hogla, Emeque-Quesis,
22 Bet Araba, Zemaraim, Betel,
22 Bete-Arabá, Zemaraim, Betel,
23 Avim, Para, Ofra,
23 Avim, Pará, Ofra,
24 Kefar Amoni, Ofni, Geba. Du wuieve kple woƒe kɔƒeduwo.
24 Quefar-Amonai, Ofni e Gaba. Ao todo doze cidades, mais os povoados vizinhos.
25 Gibeon, Rama, Beerot,
25 Também eram da tribo de Benjamim as cidades de Gibeão, Ramá, Beerote,
26 Mizpeh, Kefira, Moza,
26 Mispa, Cefira, Mosa,
27 Rekem, Irpeel, Tarala,
27 Requém, Irpeel, Tarala,
28 Zela, Haelef, Yebus (alo Yerusalem), Gibea kple Kiriat Yearim. Wo katã le du wuiene.
28 Zela, Elefe, Jebus (ou Jerusalém), Gibeá e Quiriate-Jearim. Ao todo catorze cidades, mais os seus povoados. São estas as terras que as famílias da tribo de Benjamim receberam como sua propriedade.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Josué 18, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.