Jeremias 28

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC

Sair da comparação
VC Versão Católica
1 Eva eme le ɣleti atɔ̃lia me le ƒe ma ke me, esi nye ƒe enelia le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me be Nyagblɔɖila Hananiya, Azur ƒe vi si tso Gibeon gblɔ nam le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nunɔlawo kple ameha la katã ŋkume be,
1 Nesse mesmo ano, no começo do reinado de Sedecias, rei de Judá, ou seja, no quinto mês do quarto ano, Ananias, filho de Azur, profeta de Gabaão, veio ao templo e, perante os sacerdotes e a multidão, proferiu as seguintes palavras:
2 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Mele Babilonia fia ƒe kɔkuti la ŋe ge.
2 Assim fala o Senhor dos exércitos, Deus de Israel: vou romper o jugo do rei de Babilônia.
3 Le ƒe eve megbe la, matrɔ nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar lɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me tsɔ yi Babilonia la vɛ.
3 Ainda exatamente mais dois anos, e farei voltar a este lugar todos os objetos do templo que Nabucodonosor, rei de Babilônia, dele retirou, levando-os para Babilônia.
4 Makplɔ Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi agbɔ va teƒe sia, hekpe ɖe Yudatɔ siwo katã woɖe aboyoe yi ɖe Babilonia la ŋuti, elabena maŋe Babilonia fia ƒe kɔkuti.’ ” Yehowae gblɔe.
4 Para aqui trarei Jeconias, filho de Joaquim, rei de Judá, e todos os deportados de Judá que foram para Babilônia - oráculo do Senhor -, porquanto vou romper o jugo do rei de Babilônia.
5 Tete Nyagblɔɖila Yeremia ɖo nya la ŋu na Nyagblɔɖila Hananiya le nunɔlaawo kple ame siwo katã nɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.
5 O profeta Jeremias, porém, na presença dos sacerdotes e do povo que se aglomerava no templo, respondeu ao profeta Ananias:
6 Egblɔ be, “Amen! Yehowa nena wòava eme nenema! Yehowa nena wò nyagblɔɖi la nava eme be woagbugbɔ nu siwo katã wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple aboyome siwo wokplɔ yi Babilonia la natrɔ gbɔ.
6 assim seja, disse ele, e que Deus o permita! Realize o Senhor tua profecia e traga de volta o mobiliário do templo e os deportados de Babilônia.
7 Ke hã la, ɖo to nàse nya siwo ku ge mala ɖe to me na wò kple ame siwo le teƒe sia.
7 Escuta, contudo, o que vou dizer-te, assim como a todo o povo:
8 Tsã la, nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na nye kple wò la gblɔ aʋawɔwɔ, gbegblẽ kple dɔvɔ̃ ƒe nyawo ɖi ɖe dukɔ geɖewo kple fiaɖuƒe geɖewo ŋuti.
8 os profetas que nos precederam a mim e a ti anunciaram, contra numerosos países e reinos poderosos, guerra, fome e peste.
9 Gake nyagblɔɖila si gblɔ ŋutifafanya aɖe, eye eƒe nyagblɔɖi la va eme la koe wobuna be enye ame si Yehowa dɔ vavã.”
9 Quanto ao profeta que predisse a felicidade, somente quando seu oráculo se realizar, poder-se-á saber se ele é realmente um enviado do Senhor.
10 Kasia Nyagblɔɖila Hananiya ɖe kɔkuti la le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia eye wòŋee.
10 Arrancou, então, o profeta Ananias o jugo do pescoço do profeta Jeremias e, partindo-o,
11 Egblɔ le ameawo ƒe ŋkume be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Aleae maŋe Babilonia fia Nebukadnezar ƒe kɔkuti le kɔe na dukɔwo katã le ƒe eve me.’ ” Le esia megbe la, Nyagblɔɖila Yeremia lé eƒe mɔ hedzo.
11 exclamou perante a multidão: Oráculo do Senhor! Assim é que, dois anos decorridos, quebrarei do pescoço de todas as nações o jugo de Nabucodonosor, rei de Babilônia! Retirou-se, então, o profeta Jeremias.
12 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, esi Nyagblɔɖila Hananiya ŋe kɔkuti le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,
12 Mas, depois que o profeta Ananias assim arrancou e destruiu o jugo do pescoço de Jeremias, a palavra do Senhor foi dirigida a este nestes termos:
13 “Yi nàgblɔ na Hananiya be ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Èŋe atikɔkuti, gake le eteƒe la, woatsɔ gakɔkuti ana wo.
13 Vai dizer a Ananias: eis o que disse o Senhor: quebraste um jugo de madeira, mas o substituíste por outro de ferro.
14 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔ ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Matsɔ gakɔkuti aku kɔ na dukɔwo katã be woasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar eye woazu subɔlawo nɛ. Mana ŋusẽe ɖe lã wɔadãwo gɔ̃ hã dzi.” ’ ”
14 Porquanto, eis o que disse o Senhor dos exércitos: é de ferro o jugo que imponho ao pescoço de todas estas nações, a fim de que se submetam a Nabucodonosor, rei de Babilônia. Ficar-lhe-ão submissas, e a ele dou também todo o poder sobre os animais selvagens.
15 Tete Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Hananiya nyagblɔɖila la be, “Ɖo to afii, Hananiya! Yehowa medɔ wò o, evɔ nèƒoe ɖe dukɔ sia nu be wòaxɔ aʋatsonyawo dzi ase.
15 E Jeremias acrescentou, ao dirigir-se ao profeta Ananias: Ouve bem, Ananias! Não te outorgou missão o Senhor. És tu que arrastas o povo a crer na mentira.
16 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mele ɖe wò ge ɖa le anyigba dzi. Àku le ƒe sia me, elabena ègblɔ aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu ƒe nya.’ ”
16 Por isso, eis o que disse o Senhor: vou afastar-te da face da terra. Ainda neste ano morrerás, pois que insuflaste a revolta contra o Senhor!
17 Le ɣleti adrelia me le ƒe ma me la, Nyagblɔɖila Hananiya ku.
17 Nesse mesmo ano, no sétimo mês, pereceu o profeta Ananias.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Jeremias 28, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.