Jeremias 19
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC
1 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Yi ɖaƒle ze le zemela si; kplɔ dumegã kple nunɔla tsitsi aɖewo ɖe asi,
1 Eis o que me diz o Senhor: Vai à casa do oleiro e compra um vaso de barro. Tomarás então contigo anciãos do povo e anciãos dos sacerdotes,
2 ne miayi ɖe Ben Hinom ƒe Balime si te ɖe agbo si woyɔna be Zemegbo la ŋu. Le afi ma la, ɖe gbeƒã nya siwo magblɔ na wò.
2 e te dirigirás ao vale do Filho de Inom, próximo da entrada da olaria. E lá pronunciarás o oráculo que te ditar.
3 Gblɔ be, ‘Mise Yehowa ƒe nya. O mi Yuda fiawo kple Yerusalem nɔlawo, ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖo to afii! Mele gbegblẽ he ge ava teƒe sia eye ame sia ame si ase nya sia la ƒe towo me aɖi yeeŋ.
3 Dir-lhes-ás, então: escutai a palavra do Senhor, reis de Judá e vós todos, habitantes de Jerusalém. Eis o que diz o Senhor dos exércitos, Deus de Israel: sobre este lugar vou mandar desgraça tamanha que fará tinir os ouvidos a quem dela ouvir falar.
4 Elabena wogblẽm ɖi hetsɔ teƒe sia wɔ dzromawuwo ƒe nɔƒee. Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu siwo woawo ŋutɔ, wo fofowo alo Yuda fiawo gɔ̃ hã menya o. Ale teƒe sia yɔ fũu kple ʋu maɖifɔwo.
4 Abandonaram-me, profanaram este lugar e ofereceram incenso a outros deuses que nem eles conheceram nem seus pais e nem os reis de Judá. Macularam este lugar com o sangue dos inocentes,
5 Wotu nuxeƒewo na Baal be woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo le afi ma abe vɔsa na Baal ene, nu si nyemeɖo na wo alo gblɔ na wo kaka wòayi nye ta me va ge o.
5 e ergueram o lugar alto a Baal para, em honra dele, queimarem os seus filhos em holocausto. Tais coisas não as prescrevi, delas não falei e nem ao pensamento me vieram.
6 Eya ta Yehowa be mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna, esi amewo magayɔ teƒe sia be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be Kubalime.
6 Por tudo isso, virão dias - oráculo do Senhor - em que este lugar não mais se chamará Tofet, nem vale do Filho de Inom, mas sim, vale do Massacre.
7 “ ‘Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe ɖoɖowo me le teƒe sia. Mana woadze anyi le woƒe futɔwo ŋgɔ, ahatsi woƒe yi nu. Ɛ̃, woatsi ame siwo le woƒe agbe yome tim la ƒe asi me, eye matsɔ woƒe ŋutilã kukuawo awɔ nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadãwo.
7 Aí aniquilarei os planos de Judá e Jerusalém, e ordenarei que caiam seus habitantes sob a espada dos inimigos e pelas mãos daqueles que odeiam a sua vida. Entregarei seus cadáveres como pasto às aves do céu e aos animais da terra.
8 Magbã du sia gudugudu eye mana wòazu alɔmeɖenu. Ame siwo katã ato afi ma ayi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le ale si wogbãe la ta.
8 Farei dessa cidade objeto de assombro, causa de zombaria. E a vista de suas chagas será motivo de escárnio a quem por ela passar.
9 Mana woalé wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo aɖa aɖu. Woalé wo nɔewo aɖu le xaxa gã si ava wo dzi ne woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim la ɖe to ɖe wo?’
9 Na angústia e na miséria a que a reduzirão os inimigos que lhe odeiam a vida, ver-se-á mesmo compelida a comer a carne de seus filhos e de suas filhas; e eles se devorarão uns aos outros.
10 “Emegbe, gbã ze la le ame siwo nèkplɔ ɖe asi la ŋkume,
10 Em seguida, sob o olhar dos que forem contigo, partirás a bilha,
11 eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Magbã dukɔ sia kple du sia gudugudu abe ale si zemela ƒe ze sia gbãe eye womagate ŋu atree o la ene. Woaɖi woƒe ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o.
11 exclamando: Eis o que diz o Senhor dos exércitos: quebrarei este povo e a cidade como se parte um vaso de barro, sem que possa ser refeito. {E, por falta de outro local, enterrar-se-á em Tofet.}
12 Yehowa be, aleae mawɔ teƒe sia kple emenɔlawo katãe. Mawɔ du sia abe Tofet ene.
12 Eis o que farei desse lugar - oráculo do Senhor - e dos seus habitantes: de tal modo o farei, que o tornarei semelhante a Tofet.
13 Aƒe siwo le Yerusalem kple Yuda fiawo ƒe aƒewo la, woagblẽ kɔ ɖo na wo abe Tofet ƒe nɔƒe ene ɖe aƒe siwo katã ƒe tame wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le na dziƒoŋunuwo le eye woƒo aha ɖi na mawu bubuwo la ta.’ ”
13 As casas de Jerusalém e os palácios dos reis de Judá ficarão imundos como o solo de Tofet, casas sobre cujos tetos foi queimado o incenso às milícias dos céus e oferecidas libações a deuses estranhos.
14 Tete Yeremia trɔ tso Tofet, afi si Yehowa dɔe ɖo be wòagblɔ nya ɖi heva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu eye wògblɔ na ameha la bena,
14 Regressou então Jeremias de Tofet, aonde o Senhor o enviara a profetizar. De pé, no átrio do templo do Senhor, exclamou à multidão:
15 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mahe gbegblẽ siwo megblɔ ɖi ɖe du sia kple du bubu siwo ƒo xlãe ŋuti la ava wo dzi elabena wonye kɔlialiatɔwo eye wogbe be yewomaɖo to nye nyawo o.’ ”
15 Eis o que diz o Senhor dos exércitos, o Deus de Israel: vou despejar sobre esta cidade e sobre as aldeias de sua jurisdição os flagelos de que as ameacei, porque seus habitantes endureceram a cerviz para não acatar minhas palavras.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Jeremias 19, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.