Judas 1
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs ARC
1 Nye, Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔviŋutsu gbɔe agbalẽ sia tso,
1 Judas, servo de Jesus Cristo e irmão de Tiago, aos chamados, queridos em Deus Pai e conservados por Jesus Cristo:
2 Amenuveve, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.
2 a misericórdia, e a paz, e o amor vos sejam multiplicadas.
3 Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be metsi dzi vevie be maŋlɔ agbalẽ na mi tso ɖeɖe si ƒe gomekpɔlawo míenye la ŋuti hã la, edze ŋunye be maŋlɔe na mi, ado ŋusẽ mi be miaʋli xɔse si wotsɔ de asi na ame kɔkɔeawo zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la ta.
3 Amados, procurando eu escrever-vos com toda a diligência acerca da comum salvação, tive por necessidade escrever-vos e exortar-vos a batalhar pela fé que uma vez foi dada aos santos.
4 Mele esia gblɔm, elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ, eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ɔ kple Aƒetɔ la gbɔ.
4 Porque se introduziram alguns, que já antes estavam escritos para este mesmo juízo, homens ímpios, que convertem em dissolução a graça de Deus e negam a Deus, único dominador e Senhor nosso, Jesus Cristo.
5 Togbɔ be mienya esiawo katã xoxo hã la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be Aƒetɔ la ɖe eƒe dukɔ tso Egiptenyigba dzi, gake emegbe la, etsrɔ̃ ame siwo mexɔ edzi se o.
5 Mas quero lembrar-vos, como a quem já uma vez soube isto, que, havendo o Senhor salvo um povo, tirando-o da terra do Egito, destruiu, depois, os que não creram;
6 Ke mawudɔla siwo melé woƒe bubuteƒe me ɖe asi o, ke boŋ wogblẽ woawo ŋutɔ ƒe aƒe ɖi la, esiawoe wòde gae ɖe viviti me, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ mavɔ de wo hena ʋɔnudɔdrɔ̃ le Ŋkekegã la dzi.
6 e aos anjos que não guardaram o seu principado, mas deixaram a sua própria habitação, reservou na escuridão e em prisões eternas até ao juízo daquele grande Dia;
7 Nenema ke Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzomavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu.
7 assim como Sodoma, e Gomorra, e as cidades circunvizinhas, que, havendo-se corrompido como aqueles e ido após outra carne, foram postas por exemplo, sofrendo a pena do fogo eterno.
8 Nenema ke drɔ̃ekula siawo ƒo ɖi woawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo, tsi tsitre ɖe dziɖulawo ŋu, eye woƒoa nu vɔ̃ le dziƒodɔlawo ŋu.
8 E, contudo, também estes, semelhantemente adormecidos, contaminam a sua carne, e rejeitam a dominação, e vituperam as autoridades.
9 Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã, esi wònɔ nya hem kple Abosam tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò!”
9 Mas o arcanjo Miguel, quando contendia com o diabo e disputava a respeito do corpo de Moisés, não ousou pronunciar juízo de maldição contra ele; mas disse: O Senhor te repreenda.
10 Gake ame siawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti, eye nu sia nu si gɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua ta me o ene la, nu siawo kee nye nu siwo gblẽa wo dome.
10 Estes, porém, dizem mal do que não sabem; e, naquilo que naturalmente conhecem, como animais irracionais, se corrompem.
11 Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balaam ƒe vodada me, eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me.
11 Ai deles! Porque entraram pelo caminho de Caim, e foram levados pelo engano do prêmio de Balaão, e pereceram na contradição de Corá.
12 Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi ŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe lilikpo siwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe enu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o, eye woho wo da ɖi eye woku zi eve la ene.
12 Estes são manchas em vossas festas de fraternidade, banqueteando-se convosco e apascentando-se a si mesmos sem temor; são nuvens sem água, levadas pelos ventos de uma para outra parte; são como árvores murchas, infrutíferas, duas vezes mortas, desarraigadas;
13 Wole abe ƒutsotsoe siwo dze agbo hele woawo ŋutɔ ƒe ŋukpefutukpɔwo ɖem ɖe go la ene. Wole abe ɣletivi siwo le tsatsam, esiwo woɖo viviti tsiɖitsiɖi da ɖi na tegbetegbe la ene.
13 ondas impetuosas do mar, que escumam as suas mesmas abominações, estrelas errantes, para os quais está eternamente reservada a negrura das trevas.
14 Enɔk, ame si nye dzidzime adrelia tso Adam dzi la gblɔ nya ɖi ɖe ame siawo ŋu be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la gbɔna kple eƒe dɔla kɔkɔe akpeakpewo,
14 E destes profetizou também Enoque, o sétimo depois de Adão, dizendo: Eis que é vindo o Senhor com milhares de seus santos,
15 ne wòadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame, ne wòabu fɔ mawumavɔ̃lawo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi hekpe ɖe nya vlo siwo katã nu vɔ̃ wɔla siawo gblɔ ɖe eya amea ŋuti la ta.”
15 para fazer juízo contra todos e condenar dentre eles todos os ímpios, por todas as suas obras de impiedade que impiamente cometeram e por todas as duras palavras que ímpios pecadores disseram contra ele.
16 Ame siawo nye liʋĩliʋĩlĩlawo kple ame siwo kpɔa vodada le nu sia nu ŋu. Wodzea woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, woƒoa adegbe le woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu, eye wokafua amewo alakpatɔe hena woawo ŋutɔ ƒe nyui.
16 Estes são murmuradores, queixosos da sua sorte, andando segundo as suas concupiscências, e cuja boca diz coisas mui arrogantes, admirando as pessoas por causa do interesse.
17 Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miɖo ŋku nya siwo míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ da ɖi la dzi.
17 Mas vós, amados, lembrai-vos das palavras que vos foram preditas pelos apóstolos de nosso Senhor Jesus Cristo,
18 Wogblɔ na mi be, “Le ɣeyiɣi mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, ame siwo adze woawo ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo yome.”
18 os quais vos diziam que, no último tempo, haveria escarnecedores que andariam segundo as suas ímpias concupiscências.
19 Ame siawoe nye ame siwo dea mama mia dome, ame siwo dzea ŋutilã ƒe nukpɔkpɔwo yome, eye Gbɔgbɔ la mele wo me o.
19 Estes são os que causam divisões, sensuais, que não têm o Espírito.
20 Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mitu mia ɖokuiwo ɖo le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ kekeake me, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me.
20 Mas vós, amados, edificando-vos a vós mesmos sobre a vossa santíssima fé, orando no Espírito Santo,
21 Mitsɔ mia ɖokuiwo de Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me esi miele míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam be wòakplɔ mi ayi agbe mavɔ la mee.
21 conservai a vós mesmos no amor de Deus, esperando a misericórdia de nosso Senhor Jesus Cristo, para a vida eterna.
22 Mikpɔ nublanui na ame siwo le ɖi kem le wo ɖokuiwo me.
22 E apiedai-vos de alguns que estão duvidosos;
23 Miɖe ame bubuwo tso dzo me, eye mixɔ na wo. Mikpɔ nublanui na wo kple vɔvɔ̃. Milé fu awu si ƒo ɖi to ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo me gɔ̃ hã.
23 e salvai alguns, arrebatando-os do fogo; tende deles misericórdia com temor, aborrecendo até a roupa manchada da carne.
24 Azɔ, eya ame si tea ŋu léa mí ɖe asi be míagadze anyi o, be wòakɔ mi aɖo eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋgɔ kpɔtsɔtsɔmanɔŋui le dzidzɔ gã me lae mede mi asi na;
24 Ora, àquele que é poderoso para vos guardar de tropeçar e apresentar-vos irrepreensíveis, com alegria, perante a sua glória,
25 Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nye míaƒe Ɖela la, eya ko tɔe nye ŋutikɔkɔe, fianyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la me le dzidzimewo katã me, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔ me! Amen.
25 ao único Deus, Salvador nosso, por Jesus Cristo, nosso Senhor, seja glória e majestade, domínio e poder, antes de todos os séculos, agora e para todo o sempre. Amém!
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Judas 1, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.