Ezequiel 48
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NVT
1 “Esiawoe nye toawo le woƒe ŋkɔwo nu:
1 “Aqui está a lista das tribos de Israel e dos territórios que cada uma delas receberá. O território de Dã fica no extremo norte. Sua divisa segue a estrada de Hetlom até Lebo-Hamate e, de lá, para Hazar-Enã, na fronteira de Damasco, e com Hamate ao norte. O território de Dã se estende pela terra de Israel de leste a oeste.
2 Aser axɔ mama ɖeka; ado liƒo kple Dan ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.
2 “O território de Aser fica ao sul do território de Dã e também se estende de leste a oeste.
3 Naftali axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Aser ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.
3 A terra de Naftali fica ao sul da terra de Aser e também se estende de leste a oeste.
4 Manase axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Naftali ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.
4 Em seguida vem Manassés, ao sul de Naftali, e seu território também se estende de leste a oeste.
5 Efraim axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Manase ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.
5 Ao sul de Manassés fica Efraim,
6 Ruben axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Efraim ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.
6 depois vem Rúben
7 Yuda axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Ruben ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.
7 e, em seguida, Judá, todos com divisas que se estendem de leste a oeste.
8 “Anyigba si miana abe lɔlɔ̃nununana tɔxɛ ene la, anɔ Yuda ƒe anyigba ƒe liƒo dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. Akeke mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye eƒe didime tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe asɔ kple to ɖeka ƒe anyigba tɔ. Kɔkɔeƒe la anɔ eƒe titina.
8 “Ao sul de Judá fica a terra separada para um propósito especial. Ela terá 12,5 quilômetros de largura e terá as mesmas fronteiras a leste e a oeste que os territórios das tribos. No centro dela estará o templo.
9 “Teƒe tɔxɛ si miana Aƒetɔ Yehowa la adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye wòakeke mita akpe atɔ̃.
9 “A área separada para o S enhor terá 12,5 quilômetros de comprimento e 10 quilômetros de largura.
10 Teƒe sia anye teƒe kɔkɔe na nunɔlawo. Adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) le anyiehe, akeke mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣetoɖoƒe, akeke mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣedzeƒe, eye wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) le dziehe. Aƒetɔ Yehowa ƒe Kɔkɔeƒe la anɔ teƒe sia ƒe titina.
10 Haverá uma faixa de terra para os sacerdotes, com 12,5 quilômetros de comprimento e 5 quilômetros de largura. No centro dela estará o templo do S enhor .
11 Teƒe sia anye nunɔla siwo ŋuti wokɔ, Zadok ƒe viwo tɔ, ame siwo wɔ nuteƒe, subɔm, eye wometra mɔ abe Levitɔwo ene esime Israelviwo tra mɔ o.
11 Essa área será separada para os sacerdotes consagrados, os descendentes de Zadoque que me serviram fielmente e que não se desviaram junto com o povo de Israel e com os outros levitas.
12 Anye nunana tɔxɛ na wo tso teƒe kɔkɔe la ŋu, teƒe kɔkɔe aɖe ŋutɔe, eye wòado liƒo kple Levitɔwo ƒe teƒe.
12 Essa será sua porção especial quando a terra for distribuída, o território santíssimo. Junto ao território dos sacerdotes ficará a terra onde os outros levitas viverão.
13 “Le nunɔlawo ƒe teƒe ƒe axadzi la, Levitɔwo axɔ anyigba wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ (5,000). Eƒe didime blibo la anye mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye eƒe kekeme blibo la anye mita akpe atɔ̃ (5,000).
13 “A terra separada para os levitas terá o mesmo tamanho e a mesma forma da terra dos sacerdotes: 12,5 quilômetros de comprimento e 5 quilômetros de largura. Juntas, essas porções de terra terão 12,5 quilômetros de comprimento e 10 quilômetros de largura.
14 Mele be miadzra anyigba la ƒe akpa aɖeke alo aɖɔlii kple naneke o. Esiae nye anyigba la ƒe akpa nyuitɔ, eye mage ɖe ame bubuwo ƒe asi me o, elabena ele kɔkɔe na Aƒetɔ Yehowa.
14 Nenhuma porção dessa terra especial poderá ser vendida, trocada ou usada por outros, pois pertence ao S enhor ; é consagrada.
15 “Teƒe si asusɔ, si akeke mita akpe eve alafa atɔ̃ (2,500), eye wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) la, anɔ anyi na dua ƒe ŋu dɔ wɔwɔ, hena aƒewo kple lãnyiƒewo. Du la anɔ teƒe la ƒe titina,
15 “Outra faixa de terra com 12,5 quilômetros de comprimento e 2,5 quilômetros de largura, ao sul da área sagrada do templo, será para uso público: para casas, pastos e terras comuns. No centro dela estará a cidade.
16 eye wòadidi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le anyiehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le dziehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le ɣetoɖoƒe lɔƒo.
16 A cidade terá 2.250 metros de cada lado: norte, sul, leste e oeste.
17 Du la ƒe lãnyiƒe adidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le anyiehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le dziehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòadidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le ɣetoɖoƒe lɔƒo.
17 Em volta da cidade haverá uma área aberta com 125 metros em todas as direções.
18 Anyigba la ƒe akpa si susɔ, si ɖe liƒo kple teƒe kɔkɔe la, eye wòmlɔ eƒe didime xa la, adidi mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Eƒe agblemenukuwo anye nuɖuɖu na dua me dɔwɔlawo.
18 Fora da cidade haverá uma área para plantações que se estenderá por 5 quilômetros para leste e 5 quilômetros para oeste junto à divisa com a área sagrada. Essa terra de cultivo produzirá alimento para os trabalhadores da cidade.
19 Dua me dɔwɔlawo, ame siwo ade agble ɖe edzi la atso Israel ƒe toawo katã me.
19 Os que vierem das diversas tribos para trabalharem na cidade poderão cultivar essa terra.
20 Teƒe blibo la ƒe didime kple kekeme asɔ, eye ɖe sia ɖe adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500). Abe nunana tɔxɛ ene la, miaɖe teƒe kɔkɔe la ɖi wòamlɔ dua ƒe anyigba ŋu.
20 A área toda, incluindo as terras sagradas e a cidade, formará um quadrado com 12,5 quilômetros de cada lado.
21 “Nu si asusɔ le teƒe la ƒe akpa eveawo ŋu la le teƒe kɔkɔe la kple dua ƒe anyigba ŋu la, anye fiaviŋutsu la tɔ. Akeke ayi ɣedzeƒe lɔƒo tso teƒe kɔkɔe la mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) va se ɖe ɣedzeƒeliƒo la dzi, eye wòayi ɣetoɖoƒe lɔƒo tso mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) ŋu va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi. Teƒe eve siawo, siwo xe ɖe toawo ƒe teƒewo ƒe didime ŋu la anye fiaviŋutsu la tɔ, eye teƒe kɔkɔe la kple gbedoxɔ la anɔ woƒe titina.
21 “As áreas que restarem para o leste e para o oeste das terras sagradas e da cidade serão do príncipe. Cada uma dessas áreas terá 12,5 quilômetros de comprimento e se estenderá, em direções opostas, para as fronteiras leste e oeste de Israel. No centro estarão as terras sagradas e o santuário do templo.
22 Ale Levitɔwo ƒe teƒe kple dua ƒe teƒe anɔ titina na teƒe si nye fiaviŋutsu la tɔ. Fiaviŋutsu la ƒe teƒe anɔ Yuda ƒe liƒo kple Benyamin ƒe liƒo dome.
22 Portanto, as terras do príncipe incluirão toda a área entre os territórios separados para Judá e para Benjamim, exceto a parte separada para as terras sagradas e para a cidade.
23 “Le to bubuawo gome la:
23 “Estes são os territórios separados para as tribos restantes. O território de Benjamim se estende pela terra de Israel de leste a oeste.
24 Simeon axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Benyamin ƒe teƒe tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe.
24 Ao sul de Benjamim fica o território de Simeão, que também se estende de leste a oeste.
25 Isaka axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Simeon tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe.
25 Em seguida vem o território de Issacar, com as mesmas divisas a leste e a oeste.
26 Zebulon axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Isaka ƒe anyigba tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe.
26 “Depois vem o território de Zebulom, que também se estende de leste a oeste.
27 Gad axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Zebulon ƒe anyigba tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe.
27 O território de Gade fica ao sul de Zebulom, com as mesmas divisas a leste e a oeste.
28 Gad ƒe anyigba ƒe dzieheliƒo ayi dziehe tso Tamar ayi Meriba kple Kades ƒe tsiwo gbɔ, ato Egipte ƒe Wadi ŋu ayi Atsiaƒu Gã la to.
28 A fronteira sul de Gade vai de Tamar até as águas de Meribá, em Cades, depois segue o ribeiro do Egito até o Mediterrâneo.
29 “Esiae nye anyigba si miama abe domenyinu na Israel ƒe towo ene, eye esiawoe anye woƒe teƒewo.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
29 “Esses são os territórios que serão distribuídos como herança a cada tribo. Eu, o S enhor Soberano, falei!”
30 “Esiawoe anye du la ƒe agbowo:
30 “Estas serão as saídas da cidade: no muro norte, que tem 2.250 metros de comprimento,
31 woatsɔ Israel ƒe towo ƒe ŋkɔwo na du la ƒe agbowo. Anyiehegbo etɔ̃awo anye Ruben ƒe agbo, Yuda ƒe agbo kple Levi ƒe agbo.
31 haverá três saídas, cada uma com o nome de uma das tribos de Israel. A primeira será chamada Rúben, a segunda, Judá, e a terceira, Levi.
32 Le ɣedzeƒe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be, Yosef ƒe agbo, Benyamin ƒe agbo kple Dan ƒe agbo.
32 No muro leste, que também tem 2.250 metros de comprimento, estarão as portas chamadas José, Benjamim e Dã.
33 Le dziehe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be Simeon ƒe agbo, Isaka ƒe agbo kple Zebulon ƒe agbo.
33 No muro sul, que também tem 2.250 metros, estarão as portas chamadas Simeão, Issacar e Zebulom.
34 Le ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be Gad ƒe agbo, Aser ƒe agbo kple Naftali ƒe agbo.
34 E no muro oeste, que também tem 2.250 metros de comprimento, estarão as portas chamadas Gade, Aser e Naftali.
35 “Teƒe la katã ƒe didime anye mita akpe asiekɛ.
35 “A distância ao redor de toda a cidade será de 9 quilômetros. E, daquele dia em diante, o nome da cidade será ‘O S enhor Está Ali’”.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Ezequiel 48, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.