Ezequiel 46

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NTLH

Sair da comparação
NTLH Nova Tradução na Linguagem de Hoje 2000
1 “ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ele be xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nanɔ tutu le dɔwɔŋkeke adeawo me, ke woaʋui le Dzudzɔgbe la kple Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui la dzi.
1 O Senhor Deus diz: — O portão do leste que dá para o pátio de dentro deverá ficar fechado nos seis dias úteis, mas será aberto no sábado e na
2 Fiavi ŋutsuvi la ato gota age ɖe eme to akpata la ƒe agbo me, eye wòatsi tsitre ɖe agbo la ƒe ʋɔtruti nu. Nunɔlaawo asa numevɔwo kple akpedavɔwo, asubɔ le agbo la ƒe agbali me, eye wòado go, gake womatu agbo la o va se ɖe fiẽ me.
2 O rei irá do pátio de fora para o salão do portão e ficará ao lado do portão. Enquanto isso, os sacerdotes oferecerão os sacrifícios que serão completamente queimados e também as ofertas de paz. Ali o rei deverá prestar culto e depois sair. O portão deverá ficar aberto até a tarde.
3 Le Dzudzɔgbewo kple Ɣleti Yeyewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi la, anyigba la dzi nɔlawo asubɔ le Yehowa ŋkume le agbo la ƒe mɔnu.
3 No sábado e na Festa da Lua Nova, todo o povo também se curvará e adorará o Senhor na frente do portão.
4 Numevɔsa si fiavi ŋutsuvi la tsɔ vɛ na Yehowa le Dzudzɔgbe la dzi la, anye agbo fɛ̃ ade kple agbo ɖeka, lã siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o.
4 No sábado, o rei deverá apresentar ao Senhor , como sacrifícios que deverão ser completamente queimados, um carneiro e seis carneirinhos, todos sem defeito.
5 Nuɖuvɔsa si wòna kpe ɖe agbo la ŋu la, anye wɔ agba ɖeka, eye nuɖuvɔsa si kpe ɖe agbo fɛ̃awo ŋu la asɔ gbɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe didi nu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖeka ɖe sia ɖe ŋu.
5 Para cada carneiro que ele trouxer, dará a Deus uma oferta de dezessete litros e meio de cereais. E, junto com cada carneirinho que for oferecido em sacrifício, ele dará o que quiser. Para cada dezessete litros e meio de oferta de cereais, ele deverá trazer três litros de azeite.
6 Le Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui dzi la, ana nyitsu fɛ̃ ɖeka, alẽvi ade kple agbo ɖeka, lã siwo katã ŋuti kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o.
6 Na Festa da Lua Nova, ele oferecerá um touro novo, um carneiro e seis carneirinhos, todos sem defeito.
7 Nu siwo wòana hena nuɖuvɔsa la woe nye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu la ŋu, eye wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo la ŋu, wòana nu si eya ŋutɔ lɔ̃ la kpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu.
7 Junto com o touro novo e com o carneiro haverá uma oferta de dezessete litros e meio de cereais; e junto com os carneirinhos o rei dará o que quiser. Para cada dezessete litros e meio de cereais, serão oferecidos três litros de azeite.
8 Ne fiavi ŋutsuvi la ge ɖe eme la, ato akpata la ƒe agbo nu, eye wòado go to teƒe ma ke.
8 O rei deverá voltar do portão, passando pelo salão, como fez para entrar.
9 “ ‘Ne anyigba la dzi nɔlawo va Aƒetɔ Yehowa ŋkume le ŋkekenyui ɖoɖiawo dzi la, ame sia ame si age ɖe eme to agbo anyiehemetɔ me be yeasubɔ la, ado go to agbo dziehetɔ me. Nenema ke, ame sia ame si age ɖe eme to agbo dziehetɔ me la, ado go to agbo anyiehetɔ me. Ame aɖeke mado go to agbo si me wòto ge ɖe eme o, ke ame sia ame ado go to agbo evelia me.
9 — Quando o povo prestar culto ao Senhor em qualquer festa, os que entrarem pelo portão do norte sairão pelo portão do sul, depois que acabarem de adorar. Aqueles que entrarem pelo portão do sul sairão pelo portão do norte. Ninguém sairá pelo mesmo portão pelo qual entrou, mas pelo portão do lado contrário.
10 Fiavi ŋutsuvi la anɔ wo dome age ɖe eme ne ameawo ge ɖe eme, ado go ne ameawo do go.
10 O rei entrará quando o povo entrar e sairá quando o povo sair.
11 “ ‘Le azãwo kple ŋkekenyui ɖoɖiwo dzi la, nuɖuvɔsa la anye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖeka ŋu, wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, eye nu sia nu si dze ame aɖe ŋu la, nakpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe wɔ agba ɖeka ŋu.
11 Nos dias de festa e de comemorações solenes, a oferta de cereais será de dezessete litros e meio por touro ou carneiro. E junto com cada carneirinho o adorador dará o que quiser. Para cada dezessete litros e meio de cereais, serão oferecidos três litros de azeite.
12 Ne fiaviŋutsu la wɔ lɔlɔ̃nununana na Aƒetɔ Yehowa, numevɔsa alo akpedavɔsa la, woaʋu agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nɛ. Ana eƒe numevɔsa alo akpedavɔsawo abe ale si wòwɔna le Dzudzɔgbe la ene. Ekema ado go, eye ne edo go la, woatu agbo la.
12 — Quando o rei tiver vontade de dar uma oferta ao Senhor , seja uma oferta que deverá ser completamente queimada ou uma oferta de paz, o portão do leste que dá para o pátio de dentro será aberto para ele. Ele fará a oferta do mesmo modo que faz no sábado, e, depois que ele sair, o portão deverá ser fechado.
13 “ ‘Gbe sia gbe la, miana alẽvi aɖe si xɔ ƒe ɖeka, lã si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o hena numevɔsa na Aƒetɔ Yehowa; mianae ŋdi sia ŋdi.
13 O Senhor diz: — Todas as manhãs, deverá ser oferecido ao
14 Kpe ɖe esia ŋu la, ŋdi sia ŋdi miana nuɖuvɔsa wɔ agba ɖeka kple ami lita ene be woatsɔ ablu wɔ lae. Nuɖuvɔsa sia nana Aƒetɔ Yehowa nye ɖoɖo mavɔ.
14 Também será feita todas as manhãs a oferta de um quilo e meio de farinha e, junto com ela, um litro de azeite para misturar com a farinha. As leis para essa oferta ao Senhor deverão ser obedecidas para sempre.
15 Ale woana alẽvi la kple nuɖuvɔsa la kple ami la ŋdi sia ŋdi hena gbe sia gbe ƒe numevɔsa.
15 O carneirinho, a farinha e o azeite deverão ser oferecidos ao Senhor todas as manhãs, para sempre.
16 “ ‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne fiaviŋutsu la na nu via ŋutsuwo dometɔ aɖe tso eƒe domenyinu me la, anye Via ŋutsu la ƒe dzidzimeviwo hã tɔ; anye wo tɔ to domenyinyi me.
16 O Senhor Deus diz o seguinte: — Se o rei der de presente uma parte das suas terras a um dos seus filhos, essa terra será do filho como parte da propriedade da sua família.
17 Ke, ne ena nane eƒe subɔlawo dometɔ ɖeka tso eƒe domenyinyi me la, anye subɔla la tɔ va se ɖe ablɔɖeƒe la dzi, ekema agazu fiaviŋutsu la tɔ. Eƒe domenyinuwo nye viawo ɖeɖe ko tɔ; woawo tɔe.
17 Mas, se o rei der de presente uma parte das suas terras a um dos seus servidores, essa terra voltará a ser do rei quando chegar o Ano da Libertação . A terra será dele e depois será dos seus filhos.
18 Fiaviŋutsu la maxɔ ameawo ƒe domenyinuwo, anya ameawo le woƒe domenyinuwo gbɔ o. Ana domenyinuwo viawo tso eya ŋutɔ ƒe domenyinuwo me, ale womama nye ameawo dometɔ aɖeke ɖa tso nu si nye etɔ la gbɔ o.’ ”
18 O rei não deverá tomar nenhuma propriedade do povo. Das suas próprias terras é que ele dará terras aos seus filhos; assim ele não explorará ninguém do meu povo, tomando a sua terra.
19 Azɔ la, ŋutsu la kplɔm to mɔnu si le agbo la xa yi xɔ kɔkɔe siwo dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ; xɔ siawo nye nunɔlawo tɔwo, eye wòfia teƒe aɖem le axadzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo.
19 Depois disso, o homem me levou para a entrada dos cômodos de perto do portão, que ficavam de frente para o norte. São esses os cômodos santos dos sacerdotes. Ele me mostrou um lugar no lado oeste dos cômodos
20 Egblɔ nam be, “Afi siae nunɔlaawo aɖa fɔɖivɔsawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo le. Woame nuɖuvɔsawo hã le afi sia be womatsɔ wo ava xɔxɔnu egodotɔ, eye woakɔ ameawo ŋuti o.”
20 e disse: — Este é o lugar onde os sacerdotes irão cozinhar a carne oferecida como
21 Azɔ la, ekplɔm yi xɔxɔnu egodotɔ, eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe dzogoe eneawo dzi.
21 — ausente —
22 Le xɔxɔnu egodotɔ ƒe dzogoe eneawo dzi la, mekpɔ xɔxɔnu bubu le dzogoe ɖe sia ɖe dzi, ɖe sia ɖe didi mita blaeve, eye wòkeke mita wuiatɔ̃. Dzidzeme ɖeka li na xɔxɔnu eneawo le dzogoe eneawo dzi.
22 — ausente —
23 Woɖo kpegli ɖe xɔxɔnu eneawo dometɔ ɖe sia ɖe me ƒo xlãe, eye woɖi mlekpui ɖe kpegliawo ŋu ƒo xlãe kpe ɖo.
23 Cada pátio era cercado por um muro de pedra, e, encostados nesses muros, havia fogões.
24 Egblɔ nam be, “Esiawoe nye dzodoƒe siwo me ame siwo subɔna le gbedoxɔ la me la aɖa ameawo ƒe vɔsanuwo le.”
24 O homem me disse: — São estas as cozinhas onde os servidores do Templo irão cozinhar os sacrifícios que o povo oferece.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Ezequiel 46, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.