Ezequiel 45

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs ACF

Sair da comparação
ACF Almeida Corrigida Fiel
1 “ ‘Ne miema anyigba la abe domenyinu ene la, ele be miana anyigba la ƒe akpa aɖe Aƒetɔ Yehowa abe teƒe kɔkɔe ene, wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000) wòakeke mita akpe wuiɖeke (11,000), eye teƒe la katã nanye teƒe kɔkɔe.
1 Quando, pois, repartirdes a terra em herança, oferecereis uma oferta ao SENHOR, uma porção santa da terra; o seu comprimento será de vinte e cinco mil canas e a largura de dez mil. Esta será santa em toda a sua extensão ao redor.
2 Eƒe akpa aɖe si ƒe didime kple kekeme siaa anye mita alafa eve blaade-vɔ-atɔ̃ (265), anye kɔkɔeƒe la tɔ, eye woaɖe mita blaeve-vɔ-adre le eŋu aƒo xlãe godoo hena gbadzaƒe la.
2 Desta porção o santuário ocupará quinhentas canas de comprimento, e quinhentas de largura, em quadrado, e terá em redor um espaço vazio de cinqüenta côvados.
3 Le anyigba la ƒe teƒe kɔkɔe la ŋu la, midzidze akpa aɖe wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ alafa etɔ̃ (5,300). Afi siae Kɔkɔeƒe si nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la anɔ.
3 E desta porção medirás vinte e cinco mil côvados de comprimento, e a largura de dez mil; e ali estará o santuário, o lugar santíssimo.
4 Anye anyigba la ƒe akpa kɔkɔe na nunɔlawo, ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Kɔkɔeƒe la, eye wotena vana be woasubɔ le Yehowa ŋkume. Anye teƒe na woƒe aƒewo kple Kɔkɔeƒe la siaa.
4 Esta será a porção santa da terra; ela será para os sacerdotes, ministros do santuário, que dele se aproximam para servir ao Senhor; e lhes servirá de lugar para suas casas, e de lugar santo para o santuário.
5 Teƒe aɖe si adidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ alafa etɔ̃ (5,300) la, anye Levitɔ siwo subɔna le gbedoxɔ me la tɔ be woanɔ le duwo me.
5 E os levitas, ministros da casa, terão em sua possessão, vinte e cinco mil canas de comprimento, para vinte câmaras.
6 “ ‘Ele na mi be miatsɔ anyigba si keke mita akpe eve alafa adre (2,700), eye wòdidi mita akpe wuietɔ̃ alafa atɔ̃ (13,000) la ana du gã la abe etɔ ene, eye wòatɔ ɖe teƒe kɔkɔe la ŋu. Anye Israel ƒe aƒe blibo la tɔ.
6 E para possessão da cidade, de largura dareis cinco mil canas, e de comprimento vinte e cinco mil, defronte da oferta santa; o que será para toda a casa de Israel.
7 “ ‘Fiaviŋutsu la axɔ anyigba le teƒe kɔkɔe la kple du gã la ƒe anyigba dome. Aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo tso ɣedzeƒekpa dzi, eye eƒe didime ato ɣetoɖoƒekpa dzi ayi ɣedzeƒeliƒo la dzi anɔ axadzi na to ɖeka ƒe anyigba.
7 O príncipe, porém, terá a sua parte deste e do outro lado da área santa, e da possessão da cidade, diante da santa oferta, e em frente da possessão da cidade, desde o extremo ocidental até o extremo oriental, e de comprimento, corresponderá a uma das porções, desde o termo ocidental até ao termo oriental.
8 Teƒe sia anye etɔ le Israel. Nye fiaviŋutsuwo magate nye amewo ɖe to o, ke boŋ woaɖe mɔ na Israel ƒe aƒe la be anyigba la nanye wo tɔ le woƒe towo nu.
8 E esta terra será a sua possessão em Israel; e os meus príncipes nunca mais oprimirão o meu povo, antes deixarão a terra à casa de Israel, conforme as suas tribos.
9 “ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esɔ gbɔ na mi azɔ, O! Israel ƒe fia ŋutsuviwo! Miɖe asi le miaƒe nuveviwɔame kple miaƒe ameteteɖeto ŋuti, miawɔ nu si le dzɔdzɔe, eye wònyo. Midzudzɔ nuwo xɔxɔ le nye amewo si,” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
9 Assim diz o Senhor DEUS: Basta já, ó príncipes de Israel; afastai a violência e a assolação e praticai juízo e justiça; tirai as vossas imposições do meu povo, diz o Senhor DEUS.
10 Ele na mi be miawɔ nudanu dzɔdzɔewo ŋu dɔ, nudanu kple nudzidzenu si de.
10 Tereis balanças justas, efa justo e bato justo.
11 Lolome ɖeka nanɔ dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la si. Dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la nanye galɔn ene eye dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o la hã nanye galɔn ene eye wòanye dzidzenu ɖeka si dzi woda asi ɖo la na dzidzenu eveawo.
11 O efa e o bato serão de uma mesma medida, de modo que o bato contenha a décima parte do ômer, e o efa a décima parte do ômer; conforme o ômer será a sua medida.
12 Woada ga home ɖe sia ɖe woasɔ ɖe dzidzenu.
12 E o siclo será de vinte geras; vinte siclos, vinte e cinco siclos, e quinze siclos terá a vossa mina.
13 “ ‘Esiae nye nu tɔxɛ si miana, lu kilogram etɔ̃ tso lu kotoku ɖe sia ɖe me kple ƒo kilogram eve tso ƒo kotoku ɖe sia ɖe me.
13 Esta será a oferta que haveis de oferecer: a sexta parte de um efa de cada ômer de trigo; também dareis a sexta parte de um efa de cada ômer de cevada.
14 Woadzidze ami si woana la kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinu, eye woanye dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la ƒe si nye galɔn ene.
14 Quanto à ordenança do azeite, de cada bato de azeite oferecereis a décima parte de um bato tirado de um coro, que é um ômer de dez batos; porque dez batos fazem um ômer.
15 Kpe ɖe esiawo ŋu la, woana alẽ ɖeka tso alẽ alafa eve ƒe alẽha me tso gbeɖuƒe siwo tsi bɔ ɖo le Israel. Woawɔ esiawo ŋu dɔ hena nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo, be woalé avu ɖe ameawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
15 E um cordeiro do rebanho, de cada duzentos, da terra mais regada de Israel, para oferta de alimentos, e para holocausto, e para sacrifício pacífico; para que façam expiação por eles, diz o Senhor DEUS.
16 Anyigba la dzi tɔwo katã ana nunana tɔxɛ sia hena Israel ƒe fiaviŋutsu la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ.
16 Todo o povo da terra concorrerá com esta oferta, para o príncipe em Israel.
17 Anye fiaviŋutsu la ƒe dɔdeasi be wòana nu hena numevɔsawo, nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo le Ɣleti Yeye kple Dzudzɔgbewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi, hekpe ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe ŋkekenyui ɖoɖiwo ŋuti. Ana nu hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo ne woalé avu ɖe Israel ƒe aƒe la nu.
17 E estarão a cargo do príncipe os holocaustos, e as ofertas de alimentos, e as libações, nas festas, e nas luas novas, e nos sábados, em todas as solenidades da casa de Israel. Ele preparará a oferta pelo pecado, e a oferta de alimentos, e o holocausto, e os sacrifícios pacíficos, para fazer expiação pela casa de Israel.
18 “ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le ɣleti gbãtɔ me, le ŋkeke gbãtɔa gbe la, ele na mi be miatsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, eye miakɔ Kɔkɔeƒe la ŋu.
18 Assim diz o Senhor DEUS: No primeiro mês, no primeiro dia do mês, tomarás um bezerro sem mancha e purificarás o santuário.
19 Nunɔla la aku nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ʋu aɖe asisi ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtrutiwo ŋu kple vɔsamlekpui la ƒe kɔwo ƒe dzogoe eneawo ŋu kple xɔxɔnu emetɔ ƒe agbonutiwo ŋu.
19 E o sacerdote tomará do sangue do sacrifício pelo pecado, e porá dele nas ombreiras da casa, e nos quatro cantos da armação do altar, e nas ombreiras da porta do átrio interior.
20 Ele na mi be miagawɔ nu mawo ke le ɣleti la ƒe ŋkeke adrelia gbe na ame sia ame si awɔ nu vɔ̃ maɖowɔ aɖe alo ato manyamanya me la ta. Ale miawɔ avuléle ɖe gbedoxɔ la nu.
20 Assim também farás no sétimo dia do mês, pelos que erram, e pelos símplices; assim expiareis a casa.
21 “ ‘Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, ŋkekenyui si axɔ ŋkeke adre, ŋkeke siwo me miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã.
21 No primeiro mês, no dia catorze do mês, tereis a páscoa, uma festa de sete dias; pão ázimo se comerá.
22 Gbe ma gbe la, fiavi ŋutsuvi la ana nyitsu ɖeka hena nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe eɖokui kple ame siwo katã le anyigba la dzi la ta.
22 E no mesmo dia o príncipe preparará por si e por todo o povo da terra, um bezerro como oferta pelo pecado.
23 Gbe sia gbe le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo me la, ana nyitsu adre kple agbo adre siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, hena numevɔsa na Yehowa, eye wòagana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
23 E durante os sete dias da festa preparará um holocausto ao Senhor, de sete bezerros e sete carneiros sem mancha, cada dia, durante os sete dias; e em sacrifício pelo pecado um bode cada dia.
24 Ana nuɖuvɔsa bli agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu eye agba ɖeka kpe ɖe agbo ɖe sia ɖe ŋu, eye wòana ami lita ene kpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu.
24 Também preparará uma oferta de alimentos, a saber, um efa, para cada bezerro, e um efa para cada carneiro, e um him de azeite para cada efa.
25 “ ‘Le ŋkekenyui si dzea egɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe ƒe ŋkeke adreawo me la, agana nu mawo ke kple ami hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, numevɔsawo kple nuɖuvɔsawo.’ ”
25 No sétimo mês, no dia quinze do mês, na festa, fará o mesmo por sete dias, tanto o sacrifício pelo pecado, como o holocausto, e como a oferta de alimentos, e como o azeite.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Ezequiel 45, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.