Ezequiel 44

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NTLH

Sair da comparação
NTLH Nova Tradução na Linguagem de Hoje 2000
1 Azɔ la, ŋutsu la gbugbɔm va kɔkɔeƒe la ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Wotui.
1 O homem me levou até o portão de fora, no lado leste da área do Templo. O portão estava fechado.
2 Yehowa gblɔ nam be, “Ele be agbo sia nanɔ tutu ɣe sia ɣi. Mele be woaʋui o, eye ame aɖeke mato eme age ɖe eme o. Ele be wòanɔ tutu, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la to eme ge ɖe eme.
2 Então o Senhor me disse: — Este portão ficará fechado; nunca será aberto. Ninguém poderá usá-lo, porque eu, o
3 Fiaviŋutsu la ŋutɔ koe nye ame si anɔ agbo la nu be wòaɖu nu le Yehowa ŋkume. Ele nɛ be wòage ɖe eme to akpata la me, eye wòado go to afi ma ke.”
3 mas o rei poderá ir lá para comer uma refeição santa na minha presença. Ele entrará e sairá pelo salão interno desse portão.
4 Tete ŋutsu la kplɔm to anyiehegbo la me yi gbedoxɔ la ŋgɔ. Metsa ŋku, eye mekpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wòyɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye metsyɔ mo anyi.
4 Então o homem me fez passar pelo portão do norte e me levou para a frente do Templo. Olhei e vi que o Templo estava cheio da glória do Senhor . Eu me atirei de comprido no chão.
5 Eye Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, lé ŋku ɖe nu ŋu nyuie, ɖo to nyuie, eye nàlé fɔ ɖe nu sia nu si magblɔ na wò tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe ɖoɖowo ŋuti kple afi siwo woato ado go le Kɔkɔeƒe la ŋuti.
5 Então o Senhor me disse: —
6 Gblɔ na Israel ƒe aƒe dzeaglã la be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Miaƒe ŋukpenanuwɔnawo sɔ gbɔ, O! Israel ƒe aƒe!
6 — Diga a esses israelitas rebeldes que eu, o Senhor Deus, não vou tolerar mais as coisas vergonhosas que eles estão fazendo.
7 Kpe ɖe miaƒe ŋukpenanuwɔna bubuawo ŋu la, miekplɔ amedzro, ame siwo wometso aʋa na le dzi me alo le ŋutilã me o la, va nye kɔkɔeƒe la, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye gbedoxɔ la le esime miena nuɖuɖum, lãmi kple ʋu, eye mietu nye nubabla la.
7 Eles têm profanado o meu Templo, deixando estrangeiros que não foram circuncidados , gente que não me conhece, entrar no pátio do Templo quando a gordura e o sangue dos sacrifícios estão sendo oferecidos a mim. Assim, fazendo todas essas coisas vergonhosas, o meu povo tem quebrado a minha aliança .
8 Le esime miawɔ miaƒe dɔdeasiwo le nye nu kɔkɔewo ŋuti la, mietsɔ ame bubuwo be woakpɔ nye kɔkɔeƒe la dzi.’
8 Eles deixaram que estrangeiros realizassem no meu Templo as cerimônias sagradas, em vez de eles mesmos fazerem isso.
9 Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Amedzro aɖeke, ame si wometso aʋa na le dzi me kple ŋutilã me o la, mekpɔ mɔ age ɖe nye Kɔkɔeƒe la o, amedzro siwo le Israelviwo dome gɔ̃ hã mekpɔ mɔ o.
9 — Eu, o Senhor Deus, afirmo que nenhum estrangeiro que não foi circuncidado, que não me obedece, entrará no pátio do meu Templo, nem mesmo o estrangeiro que esteja vivendo no meio do povo de Israel.
10 “ ‘Levitɔ siwo de megbe le ŋunye, esime Israel tra mɔ, eye wòdzo le gbɔnye hedze legbawo yome la, axɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenu.
10 — Os levitas me abandonaram juntamente com o resto do povo de Israel, e adoraram ídolos, e por isso estão sendo castigados.
11 Woate ŋu asubɔ le nye kɔkɔeƒe la, adzɔ gbedoxɔ la ƒe agbowo ŋu, eye woasubɔ le afi ma; woate ŋu awu numevɔsawo ƒe lãwo kple ameawo tɔwo, woatsi tsitre ɖe ameawo ŋkume, eye woasubɔ wo.
11 Eles podem me servir tomando conta dos portões e fazendo os serviços do Templo; podem matar os animais que o povo traz como ofertas para serem completamente queimadas e como sacrifícios. E ficarão no meio do povo prontos para servir.
12 Ke, le esime wosubɔ ameawo le woƒe legbawo ŋkume, eye wona Israel ƒe aƒe la dze nu vɔ̃ me ta la, meka atam le esime mekɔ asi dzi be woaxɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenuwo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
12 Eles se encarregaram do culto de ídolos para o povo de Israel e assim fizeram os israelitas pecarem; por isso, eu, o Senhor Deus, juro solenemente que serão castigados.
13 Mele be woate ɖe ŋunye be yewoasubɔm abe nunɔlawo ene alo ate ɖe nye nu kɔkɔewo alo nye vɔsa kɔkɔewo ŋu o. Ele na wo be woatsɔ woƒe ŋukpenanuwɔnawo ƒe ŋukpe.
13 Eles não me servirão como sacerdotes, nem chegarão perto de nada que seja santo para mim, nem entrarão no Lugar Santíssimo . O castigo pelas coisas vergonhosas que eles fizeram é este:
14 Ke matsɔ wo ada ɖe gbedoxɔ la ƒe dɔdeasiwo kple dɔ sia dɔ si woawɔ le eme la nu.
14 eu os encarrego de guardar o Templo e de fazer todos os serviços dele.
15 “ ‘Ke nunɔlaawo, ame siwo nye Levitɔwo kple Zadok ƒe dzidzimeviwo, eye wowɔ woƒe dɔdeasiwo le nye kɔkɔeƒe la kple nuteƒewɔwɔ esime Israelviwo tra mɔ tso gbɔnye la, ate va, eye woasubɔ le nye ŋkume. Woatsi tsitre ɖe nye ŋkume be woasa vɔ kple lãmi kple ʋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
15 O Senhor Deus disse: — Porém, quando todo o resto do povo de Israel se afastou de mim, os sacerdotes da
16 Woawo koe age ɖe nye Kɔkɔeƒe la. Woawo koe ate ɖe nye kplɔ̃ la ŋu be woasubɔ le nye ŋkume, eye woawɔ nye dɔdeasi.’
16 Somente eles entrarão no meu Templo, servirão no meu altar e se encarregarão do culto no Templo.
17 “ ‘Ne woge ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbowo me la, woado aklalawuwo, womado lãfuwu aɖeke esime wole subɔsubɔdɔ wɔm le xɔxɔnu emetɔ me alo le gbedoxɔ la me o.
17 Quando entrarem pelo portão do pátio de dentro do Templo, deverão vestir roupas de linho. Quando estiverem de serviço no pátio de dentro ou no Templo, não deverão usar nada que seja feito de lã.
18 Woabla ta kple tablanu aklalatɔwo, eye woado aklalawutewuiwo ɖe ali. Womado naneke si ana woate fifia o.
18 Deverão usar turbantes de linho e calças de linho; mas, para não suarem, não usarão cinto.
19 Ne woyi xɔxɔnu egodotɔ, afi si amewo le la, woaɖe awu siwo wodo hesubɔ la da ɖe xɔ kɔkɔeawo me, eye woado woawo ŋutɔ ƒe awuwo ale be womakɔ ameawo ŋu kple woƒe awuwo o.
19 Antes de saírem para o pátio de fora, onde o povo está, deverão primeiro tirar as roupas que usaram ao servirem no Templo, deixando-as nas salas sagradas. Eles deverão vestir outra roupa a fim de evitar que a sua roupa sagrada prejudique o povo .
20 “ ‘Womaƒlɔ ta o, eye womana woƒe ɖa nato ʋutuu hã o, ke woafɔ woƒe taɖa dzi.
20 — Os sacerdotes não devem rapar a cabeça, nem deixar o cabelo ficar comprido, mas devem cortá-lo com decência.
21 Nunɔla aɖeke mano wain ne wòge ɖe xɔxɔnu emetɔ o.
21 Os sacerdotes não beberão vinho antes de entrar no pátio de dentro.
22 Womaɖe ahosiwo alo nyɔnu siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ o. Ame siwo woate ŋu aɖe ko la woe nye Israel ɖetugbiwo alo nunɔlawo ƒe ahosiwo.
22 O sacerdote não poderá casar nem com viúva nem com mulher divorciada, mas somente com uma virgem israelita ou com a viúva de um sacerdote.
23 Ele na wo be woafia nye amewo vovototo si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, eye woafia ameawo be woanya vovototo si le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo dome.
23 — Os sacerdotes ensinarão ao meu povo a diferença entre o que é santo e o que não é e entre o que é puro e o que é impuro .
24 “ ‘Ne dzrenya aɖe dzɔ la, nunɔlaawo awɔ dɔ abe ʋɔnudrɔ̃lawo ene, eye woatso nya me le nye sewo nu. Woalé nye sewo kple ɖoɖowo na ŋkekenyui ɖoɖiwo me ɖe asi, eye woawɔ nye Dzudzɔgbe la kɔkɔe.
24 Quando houver uma questão legal, os sacerdotes decidirão o caso de acordo com as minhas leis . Eles comemorarão as festas religiosas de acordo com as minhas leis e regulamentos e manterão santos os sábados.
25 “ ‘Nunɔla aɖeke magblẽ kɔ ɖo na eɖokui to tete ɖe ame kuku aɖeke ŋu me o, ke ne ame kuku la nye fofoa alo dadaa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu srɔ̃manɔsitɔ la, ekema ate ŋu agblẽ kɔ ɖo na eɖokui.
25 — O sacerdote não deverá tocar num morto porque, se fizer isso, ficará impuro. Mas poderá tocar no cadáver do pai ou da mãe, ou de um filho, ou de um irmão, ou de uma irmã solteira.
26 Ne wokɔ eŋuti la, alala ŋkeke adre.
26 Depois que ele se purificar de novo, deverá esperar sete dias;
27 Gbe si gbe wòaɖo afɔ kɔkɔeƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ be wòasubɔ le kɔkɔeƒe la la, ele be wòana nu hena nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe eɖokui ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
27 então entrará no pátio de dentro do Templo e oferecerá um sacrifício pela sua purificação, para que assim possa servir de novo no Templo. Sou eu, o Senhor Deus, quem está falando.
28 “ ‘Nye koe anye domenyinu si anɔ nunɔlawo si. Mele be miana nunɔamesi aɖeke wo le Israel o. Nyee anye woƒe nunɔamesi.
28 — Os sacerdotes terão uma herança: eu sou a sua herança. Eles não terão propriedades em Israel: eu sou a sua propriedade.
29 Woaɖu nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo, eye nu sia nu si le Israel si wotsɔ na Yehowa la, anye wo tɔ.
29 As ofertas de cereais e as ofertas feitas para tirar pecados ou culpas serão o alimento dos sacerdotes, e tudo o que for separado para mim em Israel será deles.
30 Kutsetse gbãtɔwo ƒe nyuitɔwo kple miaƒe nunana tɔxɛwo katã anye nunɔlawo tɔ. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo ana wo, ale be yayra nanɔ wò aƒemetɔwo dzi.
30 Os sacerdotes receberão o melhor de todas as primeiras colheitas e de tudo mais que for oferecido a mim. Toda vez que as pessoas assarem pão, darão aos sacerdotes o primeiro pão como oferta, e assim a minha bênção ficará sobre as suas casas.
31 Nunɔlawo maɖu xevi alo lã aɖe si ku loo alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu la o.
31 Os sacerdotes não deverão comer nenhum pássaro ou animal que tenha tido morte natural ou que tenha sido morto por outro animal.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Ezequiel 44, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.