Ezequiel 39
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NTLH
1 “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Gog ŋu, eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò ame si nye Mesek kple Tubal ƒe amegã.
1 O Senhor Deus disse: —
2 Matrɔ wò to eme ahe wò. Makplɔ wò tso keke anyiehe ke, eye mana nàtso ɖe Israel ƒe towo ŋu.
2 Eu o farei virar para outra direção e o guiarei do Norte distante até que chegue às montanhas de Israel.
3 Ekema maƒo wò da le wò miasi me, eye mana wò datiwo nage tso wò nuɖusime.
3 Aí arrancarei o arco da mão esquerda dele; e as flechas, da mão direita.
4 Àdze anyi ɖe Israel ƒe towo dzi, wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ siwo le dziwò. Mana nàzu nuɖuɖu na xevi ʋulãɖulawo kple lã wɔadãwo katã.
4 Gogue e o seu exército e as nações que estão do lado dele cairão mortos nas montanhas de Israel. E eu deixarei que os seus corpos sejam comidos por todas as aves e animais ferozes.
5 Àdze anyi ɖe gbedzi, elabena meƒo nu; Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
5 Eles cairão mortos em campo aberto. Sou eu, o Senhor Deus, quem está falando.
6 Mana dzo nadze Magog kple ame siwo le dedinɔnɔ me le ƒutanyigbawo dzi la dzi, eye woanya be, nyee nye Yehowa.
6 Começarei um incêndio na terra de Magogue e no litoral, onde o povo vive seguro, e todos ficarão sabendo que eu sou o Senhor .
7 “ ‘Mana woanya nye ŋkɔ kɔkɔe la le nye amewo, Israelviwo dome. Nyemagana woagado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la o, eye dukɔwo anya be, nye, Yehowae nye Kɔkɔetɔ la le Israel.
7 Farei com que o meu povo de Israel conheça o meu santo nome e nunca mais deixarei que o meu nome seja profanado . Então as nações ficarão sabendo que eu, o Senhor , sou o Deus Santo de Israel.
8 Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Egbee nye ŋkeke si ŋu meƒo nu tsoe.
8 O Senhor Deus disse: — O dia do qual eu falei vai chegar mesmo.
9 “ ‘Ekema ame siwo le Israel ƒe duwo me la, ado go, eye woawɔ woƒe aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene, woatɔ dzo wo, akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple gãtɔwo siaa, woƒe dawo kple datiwo siaa, woƒe kpowo kple akplɔwo siaa. Woawɔ wo ŋu dɔ hena dzododo ƒe adre sɔŋ.
9 O povo que vive nas cidades de Israel sairá e ajuntará as armas abandonadas, para fazer fogo com elas. E durante sete anos acenderão fogo com os escudos , arcos, flechas, porretes e lanças.
10 Mahiã wo be woafɔ nake le gbedzi loo alo alãe le avewo me o, elabena woawɔ aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene. Emegbe la, woada adzo ame siwo da adzo wo, eye woaha ame siwo ha wo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
10 Não terão de ajuntar lenha nos campos, nem de cortar árvores na floresta, pois terão as armas abandonadas para queimar. Eles roubarão e tirarão as coisas daqueles que os roubaram e tiraram as suas coisas. O
11 “ ‘Gbe ma gbe la, mana ameɖiƒe Gog le Israel le ame siwo zɔa mɔ yia ɣetoɖoƒe, ɖoa ta Atsiaƒu la gbɔ la ƒe balime. Axe mɔ na mɔzɔlawo, elabena woaɖi Gog kple eƒe ameha la katã ɖe afi ma. Ale woayɔe be Hamɔn Gog ƒe balime.
11 O Senhor disse: — Quando tudo isso acontecer, darei a
12 “ ‘Israel ƒe aƒe la anɔ wo ɖim ale be wòakɔ anyigba la ŋuti ɣleti adre.
12 Os israelitas levarão sete meses para sepultar todos os mortos e purificar de novo a terra.
13 Anyigba la dzi tɔwo katã aɖi wo, eye gbe si gbe woade bubu ŋutinye la, anye ŋkeke si dzi woaɖo ŋkui la na wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
13 Todos na terra de Israel ajudarão a sepultá-los e, por causa disso, receberão homenagens no dia da minha vitória. Sou eu, o Senhor Deus, quem está falando.
14 Woatsɔ amewo ɖaa be woakɔ anyigba la ŋuti. Ame aɖewo azɔ ato anyigba la dzi, hekpe ɖe woawo ŋu la, ame bubuwo aɖi ame kuku siwo aganɔ anyigba kokoko.
14 Depois de passarem esses sete meses, serão escolhidos homens encarregados de andarem pelo país a fim de achar e sepultar os corpos que ficaram no chão. Assim eles deixarão a terra pura .
15 Ne wole anyigba la dzi tsam, eye wo dometɔ ɖeka kpɔ ameƒu aɖe la, ade dzesi teƒe la va se ɖe esime yɔdokulawo aɖii ɖe Hamɔn Gog ƒe Balime.
15 Andarão pelo país e, toda vez que encontrarem um osso humano, porão um sinal ao lado até que os coveiros cheguem e sepultem o osso no vale do Exército de Gogue.
16 Kpe ɖe nu sia ŋu la, du si woyɔna be Hamona hã anɔ afi ma. Ale woakɔ anyigba la ŋuti.’
16 Haverá ali perto uma cidade que terá o nome desse exército. E assim a terra ficará pura de novo.
17 “Ame vi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Yɔ xevi ɖe sia ɖe ƒomevi kple lã wɔadãwo katã. Gblɔ na wo be, ‘Miƒo ƒu, eye mi katã miva tso goawo katã me hena vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi, vɔsa gã la le Israel ƒe towo dzi. Afi ma miaɖu lã, eye miano ʋu.
17 O Senhor Deus me disse o seguinte: —
18 Miaɖu amegãwo ƒe lã, eye miano anyigbadzifiawo ƒe ʋu abe agbowo kple alẽviwo, gbɔ̃wo kple nyitsuwo wonye ene; lã siawo katã nye lã damiwo tso Basan.
18 Eles comerão a carne dos soldados e beberão o sangue dos governadores da terra. Todos esses governadores serão mortos como se fossem carneiros, carneirinhos, bodes ou bois gordos.
19 Le nye vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi ƒe ŋkekea dzi la, miaɖu lãmi aɖi ƒo, eye miano ʋu va se ɖe esime miamu.
19 Quando eu matar essa gente como se fossem sacrifícios, as aves e os animais comerão gordura até não quererem mais e beberão sangue até ficarem bêbados.
20 Le nye kplɔ̃ la ŋu la, miaɖu sɔwo kple sɔdolawo, kalẽtɔwo kple aʋawɔla ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe lã wòati mi’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
20 Sentados à minha mesa, eles comerão à vontade a carne dos cavalos e dos seus cavaleiros, dos soldados e dos guerreiros. Eu, o Senhor Deus, estou falando.
21 “Maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔwo dome, eye dukɔwo katã akpɔ to si mehe na wo kple asi si meda ɖe wo dzi.
21 O Senhor disse: — Eu vou deixar que as nações vejam a minha
22 Tso gbe ma gbe dzi la, Israel ƒe aƒe la anya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.
22 Daquele dia em diante, os israelitas ficarão sabendo que eu sou o Senhor , seu Deus.
23 Dukɔawo hã anya be Israelviwo yi aboyome le woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena womewɔ nuteƒe nam o. Eya ta meɣla nye ŋkume ɖe wo, metsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wo katã wotsi yi nu.
23 E as nações ficarão sabendo que os israelitas foram levados presos para fora do seu país por causa dos pecados que cometeram contra mim. Eu me afastei deles e deixei que os seus inimigos os derrotassem e os matassem na guerra.
24 Mewɔ nu ɖe wo ŋu le woƒe makɔmakɔnyenye kple woƒe dzidadawo nu, eye meɣla nye mo ɖe wo.
24 Eu os tratei de acordo com o que as suas ações nojentas e as suas maldades mereciam e me afastei deles.
25 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Azɔ la, makplɔ Yakob agbɔe tso aboyome, makpɔ nublanui na Israelviwo katã, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ta.
25 O Senhor Deus disse: — Agora, terei misericórdia dos descendentes de Jacó, que são o povo de Israel, e farei com que prosperem de novo. E protegerei o meu santo nome.
26 Woaŋlɔ woƒe ŋukpe kple aglã siwo katã wodze ɖe ŋunye la be, esime wonɔ dedie le woƒe anyigba si dzi ame aɖeke medo ŋɔdzi na wo le o.
26 Quando estiverem outra vez vivendo em segurança na sua própria terra, sem ninguém para ameaçá-los, aí serão capazes de esquecer a desgraça em que caíram por terem me traído.
27 Ne mekplɔ wo gbɔe tso woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, maɖe ɖokuinye afia kɔkɔe le dukɔ geɖewo ŋkume.
27 Para mostrar a muitas nações que eu sou santo, eu os trarei de volta de todos os países onde os seus inimigos vivem.
28 Ekema woanya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu, elabena togbɔ be meɖo wo ɖe aboyome ɖe dukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu, woava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye nyemagblẽ ɖeke ɖi o.
28 Então o meu povo ficará sabendo que eu sou o Senhor , seu Deus, pois os levei presos para fora do seu país e agora os ajuntei e trouxe de volta, sem deixar nenhum deles longe da sua própria terra.
29 Nyemagaɣla nye mo ɖe wo o, elabena makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe Israel ƒe aƒe la dzi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
29 Derramarei o meu Espírito sobre o povo de Israel e nunca mais me afastarei deles. Eu, o Senhor Deus, falei.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Ezequiel 39, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.