Ezequiel 1

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NVT

Sair da comparação
NVT Nova Versão Transformadora
1 Le ƒe blaetɔ̃lia ƒe ɣleti enelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi menɔ aboyomenɔlawo dome le Kebar Tɔsisi la to la, dziƒowo nu ʋu, eye mekpɔ ŋutega tso Mawu ŋu.
1 Em 31 de julho de meu trigésimo ano, enquanto eu estava com os exilados judeus junto ao rio Quebar, na Babilônia, os céus se abriram e tive visões de Deus.
2 Le ɣleti la ƒe ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi woɖe aboyo Fia Yehoyatsin la,
2 Isso aconteceu no quinto ano do exílio do rei Joaquim.
3 Yehowa ƒe gbe va na nunɔla Hezekiel, Buzi ƒe vi, le Kebar Tɔsisi la to, le Babilonianyigba dzi. Yehowa ƒe asi va edzi le afi ma.
3 (O S enhor deu essa mensagem ao sacerdote Ezequiel, filho de Buzi, junto ao rio Quebar, na terra dos babilônios, e a mão do S enhor estava sobre ele.)
4 Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ ahomya gbɔna tso anyiehe kple lilikpo gã aɖe si le dzo kem, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe. Dzo la titina ɖi ga si le keklẽm,
4 Quando olhei, vi uma grande tempestade que vinha do norte. Uma nuvem faiscava com relâmpagos e brilhava com luz intensa. Dentro da nuvem havia fogo e, no meio do fogo, resplandecia algo semelhante a âmbar reluzente.
5 eye nu siwo le dzo la me la le abe nu gbagbewo ene. Woƒe dzedzeme le abe amegbetɔ tɔ ene,
5 Do centro da nuvem surgiram quatro seres vivos de aparência humana,
6 ke mo ene kple aʋala ene nɔ ɖe sia ɖe si.
6 porém cada um tinha quatro rostos e quatro asas.
7 Woƒe afɔwo dzɔ; woƒe afɔwo le abe nyivi tɔwo ene, eye wole dzo dam abe ayawagba si ŋu woƒã la ene.
7 Suas pernas eram retas, e seus pés tinham cascos como os de bezerro e brilhavam como bronze polido.
8 Amegbetɔ ƒe asi nɔ woƒe aʋalawo te le woƒe axa eneawo dzi. Wo ame eneawo katã to mowo kple aʋalawo,
8 Debaixo de cada uma das quatro asas, vi mãos humanas. Assim, cada um dos quatro seres tinha quatro rostos e quatro asas.
9 eye woƒe aʋalawo ka wo nɔewo ŋuti. Wo dometɔ ɖe sia ɖe yia ŋgɔ tẽe; wometrɔa kɔ ne wole yiyim o.
9 As asas de cada um dos seres tocavam as asas dos seres ao seu lado. Cada um se movia para a frente, sem se virar.
10 Woƒe mowo dzena ale: amegbetɔ ƒe mo li na wo ame eneawo dometɔ ɖe sia ɖe; dzata ƒe mo le ɖusime, nyitsu ƒe mo le miame, eye hɔ̃ ƒe mo li na ɖe sia ɖe.
10 Cada um dos quatro seres tinha rosto humano na frente, rosto de leão à direita, rosto de boi à esquerda e rosto de águia atrás.
11 Nenemae woƒe mowo le. Woke woƒe aʋalawo me do ɖe dzi. Ɖe sia ɖe ƒe aʋala eve tɔ wo nɔviwo tɔwo le akpa eveawo dzi, eye ɖe sia ɖe tsyɔ aʋala eve.
11 Cada um tinha dois pares de asas estendidas: com um par tocava as asas dos seres de cada lado e com o outro par cobria o corpo.
12 Wo dometɔ ɖe sia ɖe yia ŋgɔ tẽe. Woyia afi sia afi si gbɔgbɔ la yina la, eye wometrɔna yia teƒe bubu aɖeke o.
12 Deslocavam-se em qualquer direção que o espírito indicava e moviam-se para a frente, sem se virar.
13 Nu gbagbeawo ƒe dzedzeme nɔ abe dzoka xɔxɔ alo akakati bibi ene. Dzo la ʋãna yia megbe kple ŋgɔgbe le nu gbagbeawo dome. Dzo la klẽna, eye dzikedzo dona tso eme.
13 Os seres vivos eram semelhantes a brasas acesas ou tochas reluzentes, e relâmpagos pareciam faiscar entre eles.
14 Nu gbagbeawo nɔa du dzi, yia megbe, yia ŋgɔgbe abe dzikedzo ene.
14 Os seres vivos se deslocavam de um lado para o outro rapidamente, como relâmpagos.
15 Esi melé ŋku ɖe nu gbagbeawo ŋu la, mekpɔ tasiaɖam ƒe afɔ ɖeka le anyigba le nu gbagbe ene siwo si mo le la dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ.
15 Enquanto eu olhava para esses seres, vi quatro rodas que tocavam o chão junto a eles, uma roda para cada um.
16 Tasiaɖam ƒe afɔawo ƒe dzedzeme kple ale si wowɔ woe la le ale: woklẽna abe adzagba ene, eye wo ame eneawo katã ɖi wo nɔewo. Ɖe sia ɖe dze abe ɖe wowɔe be wòade nu nɔvia me ene.
16 As rodas brilhavam, como se fossem feitas de berilo. As quatro rodas eram semelhantes e feitas da mesma forma; cada uma tinha dentro dela outra roda que girava na transversal.
17 Ne woɖe zɔ la, woyia teƒe eneawo dometɔ ɖeka si nu gbagbeawo trɔ mo ɖo. Ne nu gbagbeawo le yiyim la, tasiaɖam la ƒe afɔawo metrɔna le wo ŋu o.
17 Os seres podiam se deslocar em qualquer uma das quatro direções, sem se virar enquanto se moviam.
18 Tasiaɖam ƒe afɔawo dzi ŋɔ, eye ŋkuwo le afɔ eneawo katã ŋu kpe ɖo.
18 Os aros das rodas eram altos e assustadores, cobertos de olhos em todo o redor.
19 Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, tasiaɖam ƒe afɔ siwo le wo xa la hã ɖea zɔ, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi.
19 Quando os seres vivos se moviam, as rodas se moviam com eles. Quando eles voavam para cima, as rodas também subiam.
20 Afi sia afi si gbɔgbɔ la ayi la, woawo hã yina, afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi yina, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le afɔawo hã me.
20 O espírito dos seres vivos estava nas rodas; aonde quer que o espírito fosse, as rodas e os seres vivos o acompanhavam.
21 Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, woawo hã ɖea zɔ; ne nu gbagbeawo tɔ la, woawo hã tɔna, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, tasiaɖam ƒe afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi tso anyigba abe nu gbagbeawo ene, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ tasiaɖam ƒe afɔawo me.
21 Quando os seres se moviam, as rodas também se moviam. Quando os seres paravam, as rodas também paravam. Quando os seres voavam para cima, as rodas também subiam, pois o espírito dos seres vivos estava nas rodas.
22 Nane si ɖi tsikpe, keke, le keklẽm, eye wòdzi ŋɔ la, keke ɖe nu gbagbeawo tame.
22 Acima deles estendia-se uma superfície como o céu, brilhante como cristal.
23 Nu gbagbeawo keke aʋala ɖekaɖeka do ɖe wo nɔewo gbɔ, eye ɖe sia ɖe tsyɔ aʋala eve na eɖokui.
23 Abaixo dessa superfície as asas de cada ser vivo se estendiam de modo a tocar as asas dos outros, e as outras duas asas cobriam seu corpo.
24 Esi nu gbagbeawo ɖe zɔ la, mese gbeɖiɖi aɖe tso woƒe aʋalawo me abe tɔsisiwo ƒe ɖiɖi ene, abe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe ene, abe aʋakɔ aɖe ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ ene. Ne nu gbagbeawo tɔ ɖe teƒe ɖeka la, woɖiɖia woƒe aʋalawo.
24 Quando voavam, o estrondo de suas asas soava para mim como ondas do mar quebrando na praia, como a voz do Todo-poderoso, ou como os gritos de um grande exército. Quando os seres pararam, abaixaram as asas.
25 Gbe aɖe ɖi tso nu si xe tame na wo la tame esi wotɔ heɖiɖi woƒe aʋalawo.
25 Enquanto estavam com as asas abaixadas, uma voz falou de além da superfície acima deles.
26 Nane si ɖi fiazikpui si wowɔ kple kpe xɔasi ene la le nu si xe woƒe tame la tame, eye nane si ɖi ame la nɔ fiazikpui la dzi le yame ʋĩi.
26 Acima dessa superfície havia algo parecido com um trono de safira. No trono, bem no alto, havia uma figura semelhante a um homem.
27 Mekpɔ be nu si dze abe eƒe ali gbɔ ene, yi eƒe dzime la, le abe ga si le keklẽm ene. Tso afi ma yi anyigba la, le abe dzo ene, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe.
27 Da cintura para cima, tinha a aparência de âmbar reluzente que cintilava como o fogo, e, da cintura para baixo, parecia uma chama ardente que brilhava com esplendor.
28 Ale si anyieʋɔ dzena le lilikpowo me ne tsi dza la, nenema keklẽ la nɔ ƒo xlãe.
28 Estava rodeado por um aro luminoso, como arco-íris que resplandece entre as nuvens num dia de chuva. Essa era a aparência da glória do S enhor para mim. Quando a vi, prostrei-me com o rosto no chão e ouvi a voz de alguém que falava comigo.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Ezequiel 1, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.