Ester 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs ACF

Sair da comparação
ACF Almeida Corrigida Fiel
1 Ale Haman kple Fia Ahasuerus va kplɔ̃ si Ester ɖo la ŋu.
1 Vindo, pois, o rei com Hamã, para beber com a rainha Ester,
2 Fia la gabia Ester esi wonɔ wain nom la be, “Nu kae nèdi be yeabia, Fianyɔnu Ester? Nu ka nèdi? Nu sia nu si wòanye la, matsɔe na wò, ne anye nye fiaɖuƒe la ƒe afãe gɔ̃ hã la, mana wò!”
2 Disse outra vez o rei a Ester, no segundo dia, no banquete do vinho: Qual é a tua petição, rainha Ester? E se te dará. E qual é o teu desejo? Até metade do reino, se te dará.
3 Fianyɔnu Ester ɖo eŋu azɔ be, “Nenye be nye nu nyo ŋuwò, O! Fia bubutɔ, ne edze ŋuwò la, ɖe nye agbe. Esiae nye nye kukuɖeɖe, eye nàve nye amewo, Yudatɔwo hã nu. Esiae nye nye biabia,
3 Então respondeu a rainha Ester, e disse: Se, ó rei, achei graça aos teus olhos, e se bem parecer ao rei, dê-se-me a minha vida como minha petição, e o meu povo como meu desejo.
4 elabena wotsɔ nye kple nye amewo dzra be woagbã mi, woawu mí, eye woatsrɔ̃ mi, gake ne woadzra mí míazu kluviwo kple kosiviwo ɖeɖe ko la, anye ne mazi ɖoɖoe, gake nunana si ŋugbe futɔ la do la, made nu gbogbo siwo fia la abu la nu o.”
4 Porque fomos vendidos, eu e o meu povo, para nos destruírem, matarem, e aniquilarem de vez; se ainda por servos e por servas nos vendessem, calar-me-ia; ainda que o opressor não poderia ter compensado a perda do rei.
5 Fia Ahasuerus bia Fiasrɔ̃ Ester be, “Ame kae? Afi ka ŋutsu si dɔ eɖokui be yeawɔ nu sia la le?”
5 Então falou o rei Assuero, e disse à rainha Ester: Quem é esse e onde está esse, cujo coração o instigou a assim fazer?
6 Ester ɖo eŋu be, “Míaƒe futɔ kple ketɔ lae nye Haman vɔ̃ɖi sia.”
6 E disse Ester: O homem, o opressor, e o inimigo, é este mau Hamã. Então Hamã se perturbou perante o rei e a rainha.
7 Fia la tsi tsitre enumake kple dziku le eƒe wain gbɔ, eye wòyi fiasã la ƒe abɔ me. Esi Haman kpɔ be fia la ɖo nugbe ɖe ye ŋu xoxo la, etsi kplɔ̃a ŋu be yeaɖe kuku na Fiasrɔ̃ Ester ɖe yeƒe agbe ta.
7 E o rei no seu furor se levantou do banquete do vinho e passou para o jardim do palácio; e Hamã se pôs em pé, para rogar à rainha Ester pela sua vida; porque viu que já o mal lhe estava determinado pelo rei.
8 Esi fia la trɔ gbɔ tso fiasã la ƒe abɔ me hege ɖe kplɔ̃ɖoƒe la ko la, ekpɔ Haman wòmu dze Fiasrɔ̃ Ester dzi le zikpui legbe si dzi wòdze ŋe ɖo la dzi.
8 Tornando, pois, o rei do jardim do palácio à casa do banquete do vinho, Hamã tinha caído prostrado sobre o leito em que estava Ester. Então disse o rei: Porventura quereria ele também forçar a rainha perante mim nesta casa? Saindo esta palavra da boca do rei, cobriram o rosto de Hamã.
9 Harbona, fia la ƒe subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Fia bubutɔ, Haman na wotu kadeveti aɖe si kɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃ la ɖe Mordekai, ame si ɖe fia la ƒe agbe la ŋu, ele Haman ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu.”
9 Então disse Harbona, um dos camareiros que serviam diante do rei: Eis que também a forca de cinqüenta côvados de altura que Hamã fizera para Mardoqueu, que falara em defesa do rei, está junto à casa de Hamã. Então disse o rei: Enforcai-o nela.
10 Ale wode ka ve nɛ ɖe kadeveti si wòtu na Mordekai la ŋu, eye fia la ƒe dziku nu fa.
10 Enforcaram, pois, a Hamã na forca, que ele tinha preparado para Mardoqueu. Então o furor do rei se aplacou.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Ester 7, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.