Ester 6
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC
1 Fia Ahasuerus mete ŋu dɔ alɔ̃ le gbe ma gbe ƒe zã me o, eya ta wòna wotsɔ fiasã la ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, si ku ɖe eƒe dziɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti vɛ be woaxlẽ nɛ.
1 Naquela noite o rei não pôde conciliar o sono. Mandou que lhe trouxessem o livro dos Anais, as Crônicas, que lhe foram lidas.
2 Woke ɖe eŋu le agbalẽ la me be, Bigtan kple Teres, fia la ƒe nyɔnuwo dzi kpɔlawo kple agbonudzɔla eve wowɔ ɖoɖo ɖe Fia Zerzes wuwu ŋuti, eye Mordekai na fia la nya.
2 Achava-se aí consignada a narração da denúncia que tinha feito Mardoqueu {da conjuração} de Bigtã e Tares, os dois eunucos do rei que tinham querido levantar sua mão contra o rei.
3 Fia la bia eƒe aɖaŋudelawo be, “Nu ka tututue míena Mordekai le nyanyanana sia ta?”
3 Que honras, disse então o rei, e que distinções recebeu Mardoqueu por isso? - Nenhuma, responderam os servos do rei.
4 Fia la bia be, “Ame kae le xɔxɔnu afi ma?” Eva eme be Haman va ɖo afi ma teti be yeabia fia la be wòaɖe mɔ na ye yeade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti si tum yenɔ la ŋu.
4 E o rei perguntou: Quem está no pátio? Ora, nesse mesmo instante entrava Amã no pátio exterior do palácio para pedir ao rei que mandasse suspender Mardoqueu na forca que tinha feito levantar.
5 Aɖaŋudelawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame si le afi ma lae nye Haman.”
5 Os servos do rei responderam: É Amã que está no pátio. - Que entre!, retornou o rei.
6 Ale Haman yi fia la gbɔ, eye fia la biae be, “Nu ka woawɔ atsɔ ade bubu ame aɖe si ŋu mekpɔ ŋudzedze tɔxɛ le la?”
6 Entrou, pois, Amã e o rei lhe disse: Que se deveria fazer para um homem que o rei quer honrar? - A quem, senão a mim, quererá o rei honrar?, pensou Amã.
7 Ale wòɖo eŋu na fia la be, “Hena ame si ƒe nu do dzidzɔ na fia la, eye wòdi be yeade bubu eŋu la,
7 Por isso respondeu ao rei: Para um homem a quem o rei deseja honrar
8 fia la nana woatsɔ fiawu ado nɛ, wòana wòado fia la ƒe sɔ, woaɖɔ fia la ƒe fiakuku nɛ.
8 convém que lhe tragam as vestes com que se adorna o rei, o cavalo que o rei monta, e sobre sua cabeça se coloque a coroa real.
9 Ekema fia la nana woatsɔ fiawu la kple fia la ƒe sɔ la ade asi na fia la ƒe bubume ɖeka. Fia la nana wodoa fiawu la na ame si ƒe nu do dzidzɔ nɛ wòbe yeade bubu eŋu, ekema bubume la anɔ sɔ la ŋgɔ, woato dua ƒe ablɔwo dzi, eye bubume la nanɔ gbeƒã ɖem le eŋgɔ be, ‘Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu.’ ”
9 As vestes e o cavalo se darão a um dos senhores da corte e este revestirá o homem a quem o rei quer honrar e o passeará a cavalo pela praça da cidade, dizendo em altas vozes diante dele: É assim que é tratado o homem a quem o rei quer honrar.
10 Fia la gblɔ na Haman be, “Enyo ŋutɔ! Ɖe abla nàtsɔ fiawu la kple nye sɔ la, eye nàwɔ nu si nègblɔ la tututu na Mordekai, Yudatɔ, ame si nɔa agboa nu. Wɔ nu sia abe ale si nègblɔe ene la pɛpɛpɛ!”
10 O rei replicou: Toma, pois, depressa as vestes e o cavalo, como disseste, e faze tudo isso para Mardoqueu, o judeu que está assentado em minha antecâmara. E que nada se omita de tudo o que disseste.
11 Ale Haman tsɔ fiawu la do na Mordekai, ena wòdo fia la ŋutɔ ƒe sɔ, eye wòkplɔe to dua ƒe ablɔwo dzi, nɔ ɣli dom le eŋgɔ be, “Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu!”
11 Amã tomou as vestes e o cavalo, revestiu Mardoqueu e o conduziu a cavalo pela praça da cidade, clamando diante dele: É assim que é tratado o homem a quem o rei quer honrar.
12 Le esia megbe la, Mordekai trɔ yi eƒe dɔwɔƒe, ke Haman ɖe abla yi aƒe me kple nuxaxa blibo.
12 Depois Mardoqueu voltou à porta do palácio, enquanto Amã se retirava precipitadamente para casa, consternado e de cabeça coberta,
13 Egblɔ nu siwo katã va dzɔ ɖe edzi la na srɔ̃a, Zeres kple exɔlɔ̃wo. Eƒe aɖaŋuɖolawo kple srɔ̃a wogblɔ nɛ be, “Zi ale si Mordekai, ame si dzi wò anyidzedze dze egɔme tsoe nye Yudatɔ la, màte ŋu anɔ te ɖe enu o; vavã àtsrɔ̃ godoo!”
13 para contar a Zarés, sua mulher, e a todos os seus amigos o que lhe tinha acontecido. Seus conselheiros e sua mulher Zarés lhe responderam: Se Mardoqueu, diante do qual começou tua queda, pertence ao povo judeu, não o vencerás, mas sucumbirás diante dele.
14 Esime woganɔ ŋugble dem tso nya sia ŋu kplii la, fia la ƒe ame dɔdɔawo va kplɔ Haman yi Ester ƒe kplɔ̃ si wòɖo la ŋu.
14 Eles falavam ainda, quando sobrevieram os eunucos do rei para levá-lo imediatamente ao banquete que Ester tinha preparado.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Ester 6, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.