Efésios 4

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs BKJ

Sair da comparação
1 Nye, ame si le ga me le afi sia ɖe Aƒetɔ la subɔsubɔ ta lae le kuku ɖem na mi, be mianɔ agbe nyuie, eye miadze na yɔyɔ tɔxɛ sia.
1 Portanto eu, o preso do Senhor, rogo-vos que andeis como é digno da vocação com que fostes chamados,
2 Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mifa tu. Migbɔ dzi ɖi, eye miatsɔ ake mia nɔewo le lɔlɔ̃ me.
2 com toda a humildade e mansidão, com longanimidade, suportando-vos uns aos outros em amor;
3 Midze agbagba mianɔ anyi le Gbɔgbɔ la ƒe ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me.
3 procurando guardar a unidade do Espírito pelo vínculo da paz.
4 Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖekae li, abe ale si woyɔ mi na mɔkpɔkpɔ ɖeka ene.
4 Há um só corpo e um só Espírito, como também fostes chamados em uma só esperança da vossa vocação;
5 Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka kple mawutsideta ɖekae li;
5 um só Senhor, uma só fé, um só batismo;
6 Mawu ɖekae kple Fofo ɖeka na mí katã, ame si nye nuwo katã, eye wòle nu sia nu me.
6 um só Deus e Pai de todos, o qual é sobre todos, e através de todos, e em todos vós.
7 Ke wotsɔ amenuveve na mía dometɔ ɖe sia ɖe abe ale si Kristo na mí ene.
7 Mas a cada um de nós a graça foi dada, segundo a medida do dom de Cristo.
8 Esia ta woŋlɔ ɖi be,
8 Pelo que ele diz: Quando subiu ao alto, levou cativo o cativeiro, e deu dons aos homens.
9 (“Eɖi va anyi” gɔme ɖe? Egɔmee nye be eɖi va anyigba, yi ɖe keke anyigba tume ke.
9 (Agora que ele ascendeu, que é, senão o que também descendeu primeiro às partes inferiores da terra?
10 Eya ame si ɖi va anyi la, eya kee lia yi dzi ʋĩi, gbɔ dziƒowo ŋu ʋĩi, be wòayɔ xexea me katã.)
10 Aquele que desceu é também o mesmo que subiu acima de todos os céus, para cumprir todas as coisas).
11 Eyae na ame aɖewo nye apostolowo, ame aɖewo nye nyagblɔɖilawo, ame aɖewo hã nye nyanyuigblɔlawo, ame aɖewo nye osɔfowo kple nufialawo,
11 E ele mesmo deu alguns para apóstolos, e alguns para profetas, e alguns para evangelistas, e alguns para pastores e professores,
12 be woadzra Mawu ƒe amewo ɖo hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔwo, be woatu Kristo ƒe ŋutilã ɖo
12 para o aperfeiçoamento dos santos, para a obra do ministério, para a edificação do corpo de Cristo,
13 va se ɖe esime míewɔ ɖeka le xɔse kple sidzedze Mawu ƒe Vi la me, eye míetsi hede blibo le Kristo me.
13 até que todos cheguemos à unidade da fé e ao conhecimento do Filho de Deus, a homem perfeito, à medida da estatura da plenitude de Cristo;
14 Ekema míaganɔ abe ɖeviwo ene o, ame siwo anɔ yiyim, anɔ gbɔgbɔm abe ale si ƒutsotsoe kple ya lɔa nu ɖe nu ene, to amewo ƒe alakpanufiafiawo, ayedzedze kple beble nuwɔnawo me o,
14 para que não sejamos mais crianças, atiradas para lá e para cá, e carregadas por todo vento de doutrina, pela artimanha e astúcia dos homens que ficam à espreita para enganar.
15 ke boŋ míagblɔ nyateƒe na mía nɔewo le lɔlɔ̃ me, ale be le nuwo katã me la, míatsi, ali ke le Kristo, ame si nye ta na hame la me.
15 Antes, dizendo a verdade em amor, cresçamos em todas as coisas naquele que é a cabeça, Cristo,
16 Tso eya amea me la, wolé ŋutilã la ƒo ƒu helé wo nɔewo ɖe asi, eye ŋutilã la tsina le lɔlɔ̃ me, elabena ŋutinuwo katã le woƒe dɔwo wɔm.
16 do qual todo o corpo, bem ajustado e compactado pelo auxílio de todas as juntas, segundo a eficaz operação de cada parte, faz o aumento do corpo, para sua edificação em amor.
17 Azɔ la, mele esia gblɔm na mi, eye mele gbe tem ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miaganɔ agbe azɔ abe ame siwo menye Yudatɔwo ene le woƒe tamesusu ƒe dzodzronyenye me o.
17 E, portanto, digo isto e testifico no Senhor, para que não andeis mais como andam também os outros gentios, na vaidade da sua mente;
18 Ame siawo la, woƒe susuwo me do viviti, eye woma ɖa tso Mawu gbɔ, elabena wole agbe le numanyamanya me le woƒe dzimesesẽ ta.
18 com seu entendimento obscurecido, separados da vida de Deus, pela ignorância que há neles, pela cegueira do seu coração,
19 Esi ŋukpe aɖeke megale mo na wo o ta la, wotsɔ wo ɖokuiwo na nu tovo wɔwɔ, ale be woakpɔ gome le ŋunyɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ me, eye wole nu sia wɔwɔ dzi ɣe sia ɣi.
19 os quais, havendo perdido todo o sentimento, se entregaram à lascívia, para cometerem toda impureza com ganância.
20 Ke miawo la, menye aleae mienya Kristoe o.
20 Mas vós não aprendestes assim a Cristo;
21 Vavã miese eŋkɔ, eye wofia nu mi le eya amea me, le nyateƒe si le Yesu me la nu.
21 se é que o tendes ouvido e por ele fostes ensinados, como a verdade está em Jesus,
22 Wofia nu mi ku ɖe miaƒe agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, be miaɖe asi le agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, agbe si le tsɔtsrɔ̃mɔ dzi, to eƒe beblenudzodzrowo me.
22 que, concernente ao procedimento anterior, vos despojeis do velho homem, que é corrupto segundo as cobiças do engano;
23 Ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee,
23 e vos renoveis no espírito da vossa mente;
24 eye mianɔ agbe yeye si wowɔ wòle abe Mawu ene le dzɔdzɔenyenye vavã kple kɔkɔenyenye me.
24 e vos revistais do novo homem, que, segundo Deus, é criado em justiça e verdadeira santidade.
25 Esia ta ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe aʋatsokaka ɖa, eye wòagblɔ nyateƒe na nɔvia, elabena ŋutinu ɖekawo míenye.
25 Por isso deixai a mentira e falai a verdade cada um com o seu próximo; porque somos membros uns dos outros.
26 Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o.
26 Irai-vos e não pequeis; não se ponha o sol sobre a vossa ira.
27 Mègana mɔnukpɔkpɔ Abosam o.
27 Nem deis lugar ao diabo.
28 Ame si nye fiafitɔ la, nedzudzɔ fififi, newɔ dɔ, netsɔ eƒe asiwo wɔ dɔ nyui, si aɖe vi nɛ be wòakpɔ nane ana hiãtɔwo.
28 Aquele que furtava não furte mais; antes, trabalhe, fazendo com suas mãos aquilo que é bom, para que tenha o que dar ao que tiver necessidade.
29 Migana nya vlo aɖeke megado go le mia nu o, ke boŋ migblɔ nya siwo nyo, eye woate ŋu ado ŋusẽ ame siwo le esem la, eye wòaɖe vi na eselawo.
29 Que nenhuma palavra imprópria proceda de vossa boca, mas aquilo que é bom para promover a edificação, para que ministre graça aos que a ouvem.
30 Migado nuxaxa na Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, elabena eyae wotsɔ de dzesi mi hena miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ.
30 E não entristeçais o Espírito Santo de Deus, no qual estais selados para o dia da redenção.
31 Miɖe asi le dɔmedzoedodo helĩhelĩ, dziku, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ, fuléle kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu.
31 Toda amargura, e ira, e cólera, e tumulto, e blasfêmias, e toda a malícia seja tirada de entre vós.
32 Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene.
32 E sede amáveis uns para com os outros, compassivos, perdoando-vos uns aos outros, como também Deus vos perdoou por causa de Cristo.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Efésios 4, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.