Atos 25

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs ARC

Sair da comparação
ARC Almeida Revista e Corrigida 2009
1 Esi Festus dze eƒe dɔ gɔme le Kaesarea ƒe ŋkeke etɔ̃a gbe tututu la, eɖi tsa yi Yerusalem.
1 Entrando, pois, Festo na província, subiu dali a três dias de Cesareia a Jerusalém.
2 Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋuti dɔ heka Paulo ƒe nya la ta nɛ.
2 E o sumo sacerdote e os principais dos judeus compareceram perante ele contra Paulo e lhe rogaram,
3 Wodze agbagba bia amenuveve tso Festus gbɔ be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem enumake kple susu be, yewoabe ɖe mɔa dzi awui.
3 pedindo como favor, contra ele, que o fizesse vir a Jerusalém, armando ciladas para o matarem no caminho.
4 Festus ɖo eŋu be, “Esi Paulo le gaxɔ me le Kaesarea, eye nye hã mele afi ma yi ge kpuie la,
4 Mas Festo respondeu que Paulo estava guardado em Cesareia e que ele brevemente partiria para lá.
5 mina miaƒe kplɔla aɖewo nadze yonyeme aɖatsɔ nya ɖe ŋutsu la ŋu le afi ma nenye be eda vo aɖe.”
5 Os que, pois, disse, dentre vós têm poder desçam comigo e, se neste varão houver algum crime, acusem-no.
6 Le ŋkeke enyi alo ewo megbe la, Festus trɔ yi Kaesarea, eye le ŋkeke evea gbe tututu la, eyɔ Paulo ƒe nya la le ʋɔnu.
6 E, não se demorando entre eles mais de dez dias, desceu a Cesareia; e, no dia seguinte, assentando-se no tribunal, mandou que trouxessem Paulo.
7 Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paul ŋu, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋu aɖeke le o.
7 Chegando ele, o rodearam os judeus que haviam descido de Jerusalém, trazendo contra Paulo muitas e graves acusações, que não podiam provar.
8 Ke Paulo ɖo eŋu na wo be, “Nyemedze agɔ le ame aɖeke dzi o. Nyemeda Yudatɔwo ƒe se aɖeke dzi o, eye nyemedo vlo gbedoxɔ la hã o. Gawu la, nyemetsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu alo Kaisaro ŋu o.”
8 Mas ele, em sua defesa, disse: Eu não pequei em coisa alguma contra a lei dos judeus, nem contra o templo, nem contra César.
9 Ke Festus di vevie be yeave Yudatɔwo nu, eya ta ebia Paulo be, “Èlɔ̃ be yeayi Yerusalem be madrɔ̃ ʋɔnu ye le afi ma?”
9 Todavia, Festo, querendo comprazer aos judeus, respondendo a Paulo, disse: Queres tu subir a Jerusalém e ser lá perante mim julgado acerca destas coisas?
10 Paulo ɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afi si wòle be wòadrɔ̃ ʋɔnum le sea nu le. Nyemewɔ vɔ̃ aɖeke Yudatɔwo o, abe ale si wò ŋutɔ nènya nyuie ene.
10 Mas Paulo disse: Estou perante o tribunal de César, onde convém que seja julgado; não fiz agravo algum aos judeus, como tu muito bem sabes.
11 Ne mewɔ nane si dze na ku la, nyemele ku vɔ̃m o. Ke ne vodada aɖeke mele ŋunye o la, medze be wò alo ame bubu aɖeke nakɔm ade asi na ame siawo be woawum o. Metsɔ nye nya de asi na Fia Kaisaro ŋutɔ!”
11 Se fiz algum agravo ou cometi alguma coisa digna de morte, não recuso morrer; mas, se nada há das coisas de que estes me acusam, ninguém me pode entregar a eles. Apelo para César.
12 Nya sia na be Festus trɔ ɖe eŋumewo ŋu eye wodo dalĩ vie. Emegbe la, etrɔ ɖe Paulo gbɔ, gblɔ nɛ be, “Enyo; Paulo, esi nètsɔ wò nya de asi na Kaisaro ta la, míaɖo wo ɖe Kaisaro gbɔ.”
12 Então, Festo, tendo falado com o conselho, respondeu: Apelaste para César? Para César irás.
13 Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Fia Agripa kple nɔvia nyɔnu, Benis ɖi tsa va Festus gbɔ le Kaesarea be yewoakpɔe ɖa.
13 Passados alguns dias, o rei Agripa e Berenice vieram a Cesareia, a saudar Festo.
14 Le woƒe afi ma nɔnɔ me la, Festus gblɔ Paulo ƒe nya na fia la be, “Felix gblẽ ame aɖe ɖe gaxɔ me le afi sia hafi meva xɔ eteƒe.
14 E, como ali ficassem muitos dias, Festo contou ao rei os negócios de Paulo, dizendo: Um certo varão foi deixado por Félix aqui preso,
15 Eye esi meɖi tsa de Yerusalem la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe tatɔwo va gbɔnye hewɔ nutsotso geɖe ɖe ame sia ŋu, eye wobia tso asinye be matso kufia nɛ.
15 a respeito de quem os principais dos sacerdotes e os anciãos dos judeus, estando eu em Jerusalém, compareceram perante mim, pedindo sentença contra ele.
16 Ke abe ale si wò ŋutɔ nènyae ene la, megblɔ na wo be míaƒe Roma se la meɖe mɔ be woabu fɔ ame ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e o, ke boŋ ele be woana mɔe be wòaɖe eɖokui nu le ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la ŋkume.
16 A eles respondi que não é costume dos romanos entregar algum homem à morte, sem que o acusado tenha presentes os seus acusadores e possa defender-se da acusação.
17 “Esi Yudatɔwo tso Yerusalem va afi sia la, meyɔ ʋɔnua, eye mena wokplɔ Paulo va ʋɔnuae.
17 De sorte que, chegando eles aqui juntos, no dia seguinte, sem fazer dilação alguma, assentado no tribunal, mandei que trouxessem o homem.
18 Esi enutsolawo tsi tsitre be woaƒo nu la, wometsɔ nya sesẽ aɖeke ɖe eŋu, abe ale si mebui ene o,
18 Acerca dele, estando presentes os acusadores, nenhuma coisa apontaram daquelas que eu suspeitava.
19 ke boŋ nyaʋiʋli aɖewo tso woƒe subɔsubɔ kple ame aɖe si woyɔna be Yesu, ame si ku, gake Paulo ya gale gbɔgblɔm be ele agbe kokoko la ŋu.
19 Tinham, porém, contra ele algumas questões acerca de sua superstição e de um tal Jesus, defunto, que Paulo afirmava viver.
20 Esi mese woƒe nyawo la, metɔtɔ ŋutɔ, elabena nyemenya ale si madrɔ̃ nya sia ƒomevie o. Mebia Paulo be alɔ̃ be woadrɔ̃ nya sia le Yerusalem hã?
20 E, estando eu perplexo acerca da inquirição desta causa, perguntei se queria ir a Jerusalém e lá ser julgado acerca destas coisas.
21 Gake Paulo gbe gblɔ be yedi be Kaisaro gã la ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye. Le esia ta la, megana be woagbugbɔe ayi gaxɔ me va se ɖe esime mate ŋu aɖoe ɖe Kaisaro gbɔ.”
21 Mas, apelando Paulo para que fosse reservado ao conhecimento de Augusto, mandei que o guardassem até que o envie a César.
22 Agripa gblɔ na Festus be, “Nye ŋutɔ medi be mabia gbe Paulo ase eƒe numegbe.”
22 Então, Agripa disse a Festo: Bem quisera eu ouvir também esse homem. E ele disse: Amanhã o ouvirás.
23 Le ŋkeke evea gbe tututu la, Agripa kple Benis va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la le bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo gã me. Asrafowo kple dumegãwo hã nɔ wo ŋu. Esi woɖi anyi vɔ la, Festus na wokplɔ Paulo va wo ŋkumee.
23 No dia seguinte, vindo Agripa e Berenice, com muito aparato, entraram no auditório com os tribunos e varões principais da cidade, sendo trazido Paulo por mandado de Festo.
24 Festus ƒo nu na ƒuƒoƒe la be, “Fia Agripa kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia, ame si le mia dome lae nye ame si Yudatɔ siwo le du sia me kple Yerusalem siaa la di be woatso kufia na.
24 E Festo disse: Rei Agripa e todos os varões que estais presentes conosco, aqui vedes um homem de quem toda a multidão dos judeus me tem falado, tanto em Jerusalém como aqui, clamando que não convém que viva mais.
25 Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, mewɔ naneke si dze na ku o. Ke esi eya ŋutɔ bia be Kaisaro ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye ta la, wɔna aɖeke megale ŋunye wu be maɖoe ɖe Kaisaro gbɔ le Roma o.
25 Mas, achando eu que nenhuma coisa digna de morte fizera, e apelando ele mesmo também para Augusto, tenho determinado enviar-lho.
26 Gake hã la, nyemenya nya ka tututu maŋlɔ ɖo ɖe Fiagã la abe nutsotso le eŋu ene o, elabena wometsɔ nya gobii aɖeke ɖe eŋu o. Eya ta mekplɔe vɛ na mi katã, vevietɔ wò Fia Agripa, be nàbia gbee, eye to esia me makpɔ nane aŋlɔ tso eŋu.
26 Dele, porém, não tenho coisa alguma certa que escreva ao meu senhor e, por isso, perante vós o trouxe, principalmente perante ti, ó rei Agripa, para que, depois de interrogado, tenha alguma coisa que escrever.
27 Elabena susu mele eme be woaɖo gamenɔla aɖe ɖe Kaisaro be wòadrɔ̃ ʋɔnue le esime wometɔ asi nutsotso aɖeke dzi tso eŋu o.”
27 Porque me parece contra a razão enviar um preso e não notificar contra ele as acusações.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Atos 25, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.