Atos 23

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs ARIB

Sair da comparação
ARIB Almeida Revisada Imprensa Bíblica
1 Paulo li ŋku ɖe takpekpea dzi gãa, eye wòƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, nye dzitsinya ka ɖe edzi nam be nye agbenɔnɔ dzea Mawu ŋu ɣe sia ɣi.”
1 Fitando Paulo os olhos no sinédrio, disse: Varões irmãos, até o dia de hoje tenho andado diante de Deus com toda a boa consciência.
2 Esi wòɖe nu le nya sia me teti ko la, nunɔlagã Anania ɖe gbe be ame siwo le Paulo gbɔ lɔƒo la naƒo nugbɔ nɛ. Ale woƒoe nɛ.
2 Mas o sumo sacerdote, Ananias, mandou aos que estavam junto dele que o ferissem na boca.
3 Paulo gblɔ nɛ be, “Mawu aƒo wò hã, wò ame si le abe gli si wosi akalo na ene. Ènɔ zi dzi be nadrɔ̃ ʋɔnum ɖe se la nu, ke wò ŋutɔ nèda sea dzi, ɖe gbe be woaƒo alɔgbɔ nam!”
3 Então Paulo lhe disse: Deus te ferirá a ti, parede branqueada; tu estás aí sentado para julgar-me segundo a lei, e contra a lei mandas que eu seja ferido?
4 Ame siwo nɔ tsitre ɖe Paulo gbɔ la do ɣli ɖe eta be, “Mɔ kae nèkpɔ be nànɔ Mawu ƒe nunɔlagã la dzum alea?”
4 Os que estavam ali disseram: Injurias o sumo sacerdote de Deus?
5 Paulo ɖo eŋu be, “Tɔnye medzɔ o, nɔviwo, nyemenya be eyae nye nunɔlagã la o, elabena mawunya gblɔ be, ‘Mègagblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe wò dukɔ ƒe kplɔlawo ŋu o.’ ”
5 Disse Paulo: Não sabia, irmãos, que era o sumo sacerdote; porque está escrito: Não dirás mal do príncipe do teu povo.
6 Azɔ, esi Paulo kpɔe dze sii be takpekpea me valawo ƒe akpa aɖewo nye Zadukitɔwo, eye ɖewo hã nye Farisitɔwo ŋuti la, edo ɣli gblɔ be, “Nɔvinyewo, Farisitɔ menye abe tɔgbuinyewo ke ene, eye nu si ta wohem va ʋɔnue egbe lae nye be nye hã meka ɖe edzi abe miawo ke ene be ame siwo ku la agafɔ tso ku me.”
6 Sabendo Paulo que uma parte era de saduceus e outra de fariseus, clamou no sinédrio: Varões irmãos, eu sou fariseu, filho de fariseus; é por causa da esperança da ressurreição dos mortos que estou sendo julgado.
7 Esi wògblɔ esia ko la, ʋiʋli ge ɖe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo dome, eye takpekpe la ma ɖe akpa eve.
7 Ora, dizendo ele isto, surgiu dissensão entre os fariseus e saduceus; e a multidão se dividiu.
8 (Elabena Zadukitɔwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame kukuwo dome meli o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo meli o, ke Farisitɔwo xɔ nu siawo dzi se be woli.)
8 Porque os saduceus dizem que não há ressurreição, nem anjo, nem espírito; mas os fariseus reconhecem uma e outra coisa.
9 Nu sia he tɔtɔ gã aɖe vɛ, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo siwo nye Farisitɔwo tsi tsitre hedo ɣli be yewomekpɔ be naneke gblẽ le Paulo ŋu o, ke boŋ ɖewohĩ mawudɔla alo gbɔgbɔ aɖee ƒo nu nɛ le Damasko mɔ dzi.
9 Daí procedeu grande clamor; e levantando-se alguns da parte dos fariseus, altercavam, dizendo: Não achamos nenhum mal neste homem. E se algum espírito ou anjo lhe falou, não resistamos a Deus.
10 Hoowɔwɔ la va de dzi blibo, eye asrafoawo ƒe amegã vɔ̃ be woava vuvu Paulo. Mlɔeba la, eɖe gbe na eƒe asrafowo be woakplɔ Paulo adzoe sesẽtɔe le wo gbɔ, ale wokplɔe gayi ɖe gaxɔa mee le asrafowo ƒe nɔƒe.
10 E avolumando-se a dissenção, o comandante, temendo que Paulo fosse por eles despedaçado, mandou que os soldados descessem e o tirassem do meio deles e o levassem para a fortaleza.
11 Le zã me la, Aƒetɔ la va Paulo gbɔ gblɔ nɛ be, “Paulo, dzi megaɖe le ƒowò o, elabena abe ale si nèɖi ɖase le ŋunye le Yerusalem ene la, nenema kee nèle ɖase ɖi ge le ŋunye le Roma hã.”
11 Na noite seguinte, apresentou-se-lhe o Senhor e disse: Tem bom ânimo: porque, como deste testemunho de mim em Jerusalém, assim importa que o dês também em Roma.
12 Esi ŋu ke la, Yudatɔ aɖewo ƒo ƒu, eye woka atam na wo ɖokuiwo be ne yewomewu Paulo o kpaa, yewomaɖu nu alo ano tsi o.
12 Quando já era dia, coligaram-se os judeus e juraram sob pena de maldição que não comeriam nem beberiam enquanto não matassem a Paulo.
13 Ŋutsu siwo ɖo vɔ̃ sia la sɔ gbɔ wu ame blaene.
13 Eram mais de quarenta os que fizeram esta conjuração;
14 Woyi nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ hegblɔ na wo be, “Míeka atam ƒo ɖe mía ɖokui dzi be míele naneke ɖu ge va se ɖe esime míawu Paulo o.
14 e estes foram ter com os principais sacerdotes e anciãos, e disseram: Conjuramo-nos sob pena de maldição a não provarmos coisa alguma até que matemos a Paulo.
15 Miawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, miwɔ abe ɖe miedi be yewoagabia gbe Paulo ene, ale be miabia asrafowo ƒe amegã ne wòakplɔe va takpekpe gã la me. Míawo la, míade xa ɖe mɔa dzi, eye ne wokplɔ Paulo gbɔnae la, míadzo adze edzi, awui.”
15 Agora, pois, vós, com o sinédrio, rogai ao comandante que o mande descer perante vós como se houvésseis de examinar com mais precisão a sua causa; e nós estamos prontos para matá-lo antes que ele chegue.
16 Ke Paulo ƒe srɔ̃nyi aɖe se woƒe ɖoɖo sia ale wòɖe abla ɖagblɔe na Paulo le mɔ la me.
16 Mas o filho da irmã de Paulo, tendo sabido da cilada, foi, entrou na fortaleza e avisou a Paulo.
17 Paulo yɔ asrafowo dometɔ ɖeka, eye wòbia tso esi be wòakplɔ ɖekakpui la yi asrafoawo ƒe amegã gbɔe, elabena nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ nɛ.
17 Chamando Paulo um dos centuriões, disse: Leva este moço ao comandante, porque tem alguma coisa que lhe comunicar.
18 Asrafoa kplɔ ɖekakpui la yii abe ale si Paulo gblɔ nɛ ene, eye wògblɔ na asrafoawo ƒe amegã be, “Paulo, gamenɔla la, yɔm va eɖokui gbɔ, eye wòɖe kuku nam be makplɔ ɖekakpui sia va gbɔwò, elabena nya aɖe le esi be wòagblɔ na wò.”
18 Tomando-o ele, pois, levou-o ao comandante e disse: O preso Paulo, chamando-me, pediu-me que trouxesse à tua presença este moço, que tem alguma coisa a dizer-te.
19 Asrafomegã la kplɔ ɖekakpui la ɖe kpɔe hebia gbee be, “Nya ka nèdi be yeagblɔ nam?”
19 O comandante tomou-o pela mão e, retirando-se à parte, perguntou-lhe em particular: Que é que tens a contar-me?
20 Paulo ƒe nyruiyɔvi la gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, Yudatɔwo aɖo ame ɖe gbɔwò be nàkplɔ Paulo va yewoƒe takpekpe gã la ŋkumee be yewoagabia gbee.
20 Disse ele: Os judeus combinaram rogar-te que amanhã mandes Paulo descer ao sinédrio, como que tendo de inquirir com mais precisão algo a seu respeito.
21 Gake mègawɔe o, elabena Yudatɔ blaene aɣla wo ɖokuiwo ɖe mɔa dzi be ne Paulo va yina la, yewoalée awu. Woka atam na wo ɖokuiwo be, ne Paulo meku o la, yewomaɖu nu alo ano tsi hã o, eya ta wode xa ɖe mɔa dzi fifi laa hã xoxo.”
21 Tu, pois, não te deixes persuadir por eles; porque mais de quarenta homens dentre eles armaram ciladas, os quais juraram sob pena de maldição não comerem nem beberem até que o tenham morto; e agora estão aprestados, esperando a tua promessa.
22 Asrafowo ƒe amegã la gblɔ na ɖekakpui la be, “Mègana ame aɖeke nanya be èva gblɔ nya sia nam o.” Emegbe la edzo.
22 Então o comandante despediu o moço, ordenando-lhe que a ninguém dissesse que lhe havia contado aquilo.
23 Enumake Asrafomegã la yɔ etevi eve, eye wògblɔ na wo be, “Midzra ɖo miadze Kaesarea mɔ dzi egbe zã ga asiekɛ me.
23 Chamando dois centuriões, disse: Aprontai para a terceira hora da noite duzentos soldados de infantaria, setenta de cavalaria e duzentos lanceiros para irem até Cesaréia.
24 Midi sɔ na Paulo wòado ale be miakplɔe aɖade asi na mɔmefia Felix dedie.”
24 E mandou que aparelhassem cavalgaduras para que Paulo montasse, a fim de o levarem salvo ao governador Félix.
25 Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu ale:
25 E escreveu-lhe uma carta nestes termos:
26 Klaudio Lisia,
26 Cláudio Lísias, ao excelentíssimo governador Félix, saúde.
27 Gbe ɖeka la, Yudatɔwo lé ŋutsu sia, eye wonɔ eƒom be yewoawui, ke esi mese be Romatɔ wònye la, meɖo asrafowo ɖa woɖaxɔe le wo si.
27 Este homem foi preso pelos judeus, e estava a ponto de ser morto por eles quando eu sobrevim com a tropa e o livrei ao saber que era romano.
28 Emegbe la, mekplɔe yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me be mase nu si tututu wòwɔ tae wolée ɖo.
28 Querendo saber a causa por que o acusavam, levei-o ao sinédrio deles;
29 Le woƒe nyamedzodzrowo me la, mekpɔ be menye nya gobii aɖeke wotsɔ ɖe eŋu o, ke boŋ nya siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe xɔse kple kɔnuwo ŋu la koe, eye medze be woawui alo adee gaxɔ me kura gɔ̃ hã ɖe nya siawo ƒomevi ta o.
29 e achei que era acusado de questões da lei deles, mas que nenhum crime havia nele digno de morte ou prisão.
30 Ke le esime mese be Yudatɔwo ganɔ ɖoɖo wɔm le bebeme be yewoawui ta la, meɖoe be makplɔe ɖo ɖe wò, eye magblɔ na eƒe futɔwo hã be woava gbɔwò ne nàdrɔ̃ nya la na wo.
30 E quando fui informado que haveria uma cilada contra o homem, logo to enviei, intimando também aos acusadores que perante ti se manifestem contra ele. Passa bem.
31 Ale, le zã ma me la, asrafoawo kplɔ Paulo yi va ɖo Antipatre.
31 Os soldados, pois, conforme lhes fora mandado, tomando a Paulo, o levaram de noite a Antipátride.
32 Esi ŋu ke la, wotsɔe de asi na sɔdzisrafoawo be woakplɔe ayi Kaesarea, ke afɔzɔlawo ya gatrɔ va woƒe nɔƒe le mɔ la me.
32 Mas no dia seguinte, deixando aos de cavalaria irem com ele, voltaram à fortaleza;
33 Esi wova ɖo Kaesarea la, wotsɔ Paulo de asi na mɔmefia la, eye wotsɔ agbalẽ si Lisia ŋlɔ de wo si la hã nɛ.
33 os quais, logo que chegaram a Cesaréia e entregaram a carta ao governador, apresentaram-lhe também Paulo.
34 Esi mɔmefiagã la xlẽ agbalẽ la vɔ la, ebia du si me tɔ Paulo nye lae eye Paulo ɖo eŋu be, “Metso Kilikia.”
34 Tendo lido a carta, o governador perguntou de que província ele era; e, sabendo que era da Cilícia, disse:
35 Azɔ mɔmefia la gblɔ nɛ be, “Maɖo to wò nyawo katã nenye be nuwòtsolawo va ɖo.” Ale wòɖe gbe be woaɖatui ɖe gaxɔ me le Fia Herod ƒe fiasã me.
35 Ouvir-te-ei quando chegarem também os teus acusadores; e mandou que fosse guardado no pretório de Herodes.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Atos 23, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.