Apocalipse 20

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NVI

Sair da comparação
NVI Nova Versão Internacional
1 Eye mekpɔ mawudɔla aɖe wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ʋe globo la ƒe safui kple gakɔsɔkɔsɔ gã aɖe nɔ esi.
1 Vi descer do céu um anjo que trazia na mão a chave do abismo e uma grande corrente.
2 Elé ʋɔ driba la, da xoxo ma si nye gbɔgbɔ vɔ̃ alo Satana, eye wòblae hena ƒe akpe ɖeka (1,000).
2 Ele prendeu o dragão, a antiga serpente, que é o diabo, Satanás, e o acorrentou por mil anos;
3 Etsɔe ƒu gbe ɖe ʋe gbobo la me, eye wòtui kple safui hetre enu be magable dukɔwo azɔ o, va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka (1,000) la nawu enu. Le ema megbe la, woaɖe gae hena ɣeyiɣi kpui aɖe.
3 lançou-o no abismo, fechou-o e pôs um selo sobre ele, para assim impedi-lo de enganar as nações até que terminassem os mil anos. Depois disso, é necessário que ele seja solto por um pouco de tempo.
4 Mekpɔ fiazikpui siwo dzi ame siwo wona ŋusẽe be woadrɔ̃ ʋɔnu la nɔ, eye mekpɔ ame siwo nu wotso ta le, le woƒe ɖaseɖiɖi na Yesu kple Mawu ƒe nya la ta la ƒe luʋɔwo. Mekpɔ ame siwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o la. Wogbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo hena ƒe akpe ɖeka (1,000).
4 Vi tronos em que se assentaram aqueles a quem havia sido dada autoridade para julgar. Vi as almas dos que foram decapitados por causa do testemunho de Jesus e da palavra de Deus. Eles não tinham adorado a besta nem a sua imagem, e não tinham recebido a sua marca na testa nem nas mãos. Eles ressuscitaram e reinaram com Cristo durante mil anos.
5 Ame kuku mamlɛawo megbɔ agbe o, va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka (1,000) la wu enu. Esiae nye tsitretsitsi gbãtɔ.
5 ( O restante dos mortos não voltou a viver até se completarem os mil anos. ) Esta é a primeira ressurreição.
6 Yayratɔwo kple ame kɔkɔewoe nye ame siwo kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ me. Ku evelia mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o, ke woanye nunɔlawo na Mawu kple Kristo, eye woaɖu dzi kplii hena ƒe akpe ɖeka (1,000).
6 Felizes e santos os que participam da primeira ressurreição! A segunda morte não tem poder sobre eles; serão sacerdotes de Deus e de Cristo, e reinarão com ele durante mil anos.
7 Ne ƒe akpe ɖeka (1,000) la de la, woaɖe Satana tso eƒe gaxɔa me,
7 Quando terminarem os mil anos, Satanás será solto da sua prisão
8 eye wòado go ayi aɖable dukɔwo le xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo ame siwo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nu ƒu hena aʋawɔwɔ.
8 e sairá para enganar as nações que estão nos quatro cantos da terra, Gogue e Magogue, a fim de reuni-las para a batalha. Seu número é como a areia do mar.
9 Wozɔ to anyigba blibo la dzi heyi ɖaɖe to ɖe Mawu ƒe amewo ƒe asaɖa, du si wòlɔ̃na vevie la. Ke dzo ge tso dziƒo va fia wo katã.
9 As nações marcharam por toda a superfície da terra e cercaram o acampamento dos santos, a cidade amada; mas um fogo desceu do céu e as devorou.
10 Wokɔ Abosam, ame si ble wo la ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me, afi si wotsɔ lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la hã ƒu gbe ɖo la. Woawɔ funyafunya wo zã kple keli tso mavɔ me yi mavɔ me.
10 O diabo, que as enganava, foi lançado no lago de fogo que arde com enxofre, onde já haviam sido lançados a besta e o falso profeta. Eles serão atormentados dia e noite, para todo o sempre.
11 Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si nɔ anyi ɖe edzi la. Anyigba kple dziŋgɔli si le eŋkume, eye teƒe aɖeke meli na wo o.
11 Depois vi um grande trono branco e aquele que nele estava assentado. A terra e o céu fugiram da sua presença, e não se encontrou lugar para eles.
12 Eye mekpɔ ame kukuwo, ame deŋgɔwo kple ame gblɔewo nɔ tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo. Woʋu agbalẽ bubu si nye agbegbalẽ la. Wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu si wowɔ woŋlɔ ɖe agbalẽawo me la nu.
12 Vi também os mortos, grandes e pequenos, de pé diante do trono, e livros foram abertos. Outro livro foi aberto, o livro da vida. Os mortos foram julgados de acordo com o que tinham feito, segundo o que estava registrado nos livros.
13 Atsiaƒu tsɔ ame kuku siwo le eme la hena. Ku kple tsiẽƒe hã ɖe woƒe ame kukuwo ɖe go, eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu.
13 O mar entregou os mortos que nele havia, e a morte e o Hades entregaram os mortos que neles havia; e cada um foi julgado de acordo com o que tinha feito.
14 Wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota siae nye ku evelia.
14 Então a morte e o Hades foram lançados no lago de fogo. O lago de fogo é a segunda morte.
15 Ne womekpɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ le agbegbalẽ la me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.
15 Se o nome de alguém não foi encontrado no livro da vida, este foi lançado no lago de fogo.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Apocalipse 20, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.