Ageu 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NVI

Sair da comparação
NVI Nova Versão Internacional
1 Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛlia gbe la, Yehowa ƒe gbe va to Nyagblɔɖila Hagai dzi be,
1 No dia vinte e um do sétimo mês, veio a palavra do Senhor por meio do profeta Ageu:
2 “Gblɔ na Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, ame si nye Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã kple nunɔlaga Yosua, Yehozadak ƒe vi kple Yudatɔwo ƒe ame mamlɛawo eye nàbia wo be,
2 "Pergunte ao governador de Judá, Zorobabel, filho de Sealtiel, ao sumo sacerdote Josué, filho de Jeozadaque, e ao restante do povo, o seguinte:
3 ‘Mia dometɔ kae ate ŋu aɖo ŋku ale si gbedoxɔ la ƒe atsyɔ̃ nɔ tsã la dzi? Aleke miele esia kpɔm fifiae? Ɖe wòɖi nane le mia ŋkumea?
3 ‘Quem de vocês viu este templo em seu primeiro esplendor? Comparado com ele, não é como nada o que vocês vêem agora?
4 Ke azɔ la, Oo Zerubabel, lé dzi ɖe ƒo eye nàdo ŋusẽ nu’ Yehowae gblɔe. ‘Sẽ ŋu, Oo Yosua, Yehozadak ƒe avi, nunɔlagã, sẽ ŋu, mi anyigbadzitɔwo katã eye miawɔ dɔ.’ Yehowae gblɔe. ‘Elabena nye la meli kpli mi.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
4 "Coragem, Zorobabel", declara o Senhor. "Coragem, sumo sacerdote Josué, filho de Jeozadaque. Coragem! Ao trabalho, ó povo da terra! ", declara o Senhor. "Porque eu estou com vocês", declara o Senhor dos Exércitos.
5 ‘Esiae nye nu si mebla kpli mi esi miedo go tso Egipte be, nye Gbɔgbɔ la anɔ mia me. Migavɔ̃ o.’
5 Esta é a aliança que fiz com vocês quando vocês saíram do Egito: "Meu espírito está entre vocês. Não tenham medo".
6 “Esiae nye nya si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ, ‘Madidi o la, maʋuʋu dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe siaa.
6 Assim diz o Senhor dos Exércitos: "Dentro de pouco tempo farei tremer o céu, a terra, o mar e o continente.
7 Maʋuʋu dukɔwo katã, woatsɔ woƒe kesinɔnuwo ava afii eye gbedoxɔ la ayɔ kple ŋutikɔkɔe.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
7 Farei tremer todas as nações, que trarão para cá os seus tesouros, e encherei este templo de glória", diz o Senhor dos Exércitos.
8 ‘Klosalo la tɔnyee, eye sika hã tɔnyee.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
8 "Tanto a prata quanto o ouro me pertencem", declara o Senhor dos Exércitos.
9 ‘Gbedoxɔ yeye la ƒe atsyɔ̃ gbɔ gbedoxɔ xoxoa ƒe atsyɔ̃ ŋu sãa.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. ‘Eye le teƒe sia makɔ nye ŋutifafa ɖo.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
9 "A glória deste novo templo será maior do que a do antigo", diz o Senhor dos Exércitos. "E neste lugar estabelecerei a paz", declara o Senhor dos Exércitos.
10 Le ɣleti asiekɛlia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, Yehowa ƒe gbe va na Nyagblɔɖila Hagai be,
10 No dia vinte e quatro do nono mês, no segundo ano do reinado de Dario, a palavra do Senhor veio ao profeta Ageu:
11 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mibia nu si se la gblɔ la nunɔlawo,
11 "Assim diz o Senhor dos Exércitos: ‘Pergunte aos sacerdotes sobre a seguinte questão da Lei:
12 ne mia dometɔ aɖe tsɔ lã kɔkɔe aɖe xatsa ɖe eƒe awu me, eye wògblɔ be lã kɔkɔe sia ka abolo alo detsi, wain, ami alo nuɖuɖu bubu aɖe ŋuti la, ɖe wòwɔ nu siawo kɔkɔea?’ ”
12 Se alguém levar carne consagrada na borda de suas vestes, e com ela tocar num pão, ou em algo cozido, ou em vinho, ou em azeite ou em qualquer comida, isso ficará consagrado? ’ " Os sacerdotes responderam: "Não".
13 Hagai gabia be, “Ekema ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋuti, eye wòzu ame makɔmakɔ, hafi wòka asi nuɖuɖu siawo ƒe ɖe ŋuti la, ɖe nu siawo hã zu nu makɔmakɔa?”
13 Em seguida perguntou Ageu: "Se alguém ficar impuro por tocar num cadáver e depois tocar em alguma dessas coisas, ela ficará impura? "Sim", responderam os sacerdotes, "ficará impura".
14 Azɔ Hagai gblɔ na wo be, “Yehowa be nenema ame siawo kple dukɔ sia le le nye ŋkume. Nu sia nu si miewɔ kple nu sia nu si mietsɔ sa vɔe la ŋuti mekɔ o.” Yehowae gblɔe.
14 Então disse Ageu: "É o que acontece com este povo e com esta nação", declara o Senhor. "Tudo o que fazem e tudo o que me oferecem é impuro".
15 “ ‘Eya ta, mibu ta me le nu siawo ŋu nyuie tso fifia yina, mibu ale si nuwo nɔ hafi woɖo kpe ɖe kpe dzi hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu.
15 "Agora prestem atenção: de hoje em diante reconsiderem. Como eram as coisas antes que se colocasse pedra sobre pedra no templo do Senhor?
16 Tsã la, ne miedzidze bli dzidzenu blaeve da ɖi eye emegbe ne mietrɔ yi ɖadzidzee la dzidzenu ewo ko wòtsina. Nenema ke, le wainfiaƒe, ne miedzidze wain ahago blaatɔ̃ da ɖi la, ahago blaeve ko wòtsina ne miegayi ɖadzidzee.
16 Quando alguém chegava a um monte de trigo procurando vinte medidas, havia apenas dez. Quando alguém ia ao depósito de vinho para tirar cinqüenta medidas, só encontrava vinte.
17 Meda tohehe ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã dzi kple ŋɔviwo, ale miaƒe bli gblẽ le agble dzi eye tsikpe dza ɖe miaƒe nukuwo dzi gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye.’ Yehowae gblɔe.
17 Eu destruí todo o trabalho das mãos de vocês, com mofo, ferrugem e granizo, mas vocês não se voltaram para mim", declara o Senhor.
18 “ ‘Ke tso egbe, ɣleti asiekɛlia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, gbe si gbe woɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ gɔme anyi la, milé ŋku ɖe eŋu nyuie. Mibu eŋu kpɔ:
18 "A partir de hoje, dia vinte e quatro do nono mês, atentem para o dia em que os fundamentos do templo do Senhor foram lançados. Reconsiderem:
19 Ɖe nuku siwo woƒãna la ƒe ɖewo ganɔ ava mea? Va se ɖe fifia la, wainka, gboti, yevuboɖati kple amiti metse ku haɖe o.
19 Ainda há alguma semente no celeiro? Até hoje a videira, a figueira, a romeira e a oliveira não têm dado fruto. Mas, de hoje em diante, abençoarei vocês".
20 Yehowa ƒe gbe va na Hagai zi evelia le ɣletia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi be,
20 A palavra do Senhor veio a Ageu pela segunda vez, no dia vinte e quatro do nono mês:
21 “Gblɔ na Zerubabel, Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã la be, maʋuʋu dziƒo kple anyigba.
21 "Diga a Zorobabel, governador de Judá, que eu farei tremer o céu e a terra.
22 Mamu fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi eye makaka dzronyigbadzifiaɖuƒewo. Mamu tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi eye sɔwo kple wo dolawo atsrɔ̃ eye ame sia ame atsi ehavi ƒe yi nu.”
22 Derrubarei tronos e destruirei o poder dos reinos estrangeiros. Virarei os carros e os seus condutores; os cavalos e os seus cavaleiros cairão, cada um pela espada do seu companheiro".
23 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “ ‘Le ŋkeke ma dzi la, matsɔ wò, nye dɔla Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, Yehowae gblɔe eye mawɔ wò nye ŋkɔsigɛe elabena metia wò.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
23 "Naquele dia", declara o Senhor dos Exércitos, "eu o tomarei, meu servo Zorobabel, filho de Sealtiel", declara o Senhor, "e farei de você um anel de selar, porque o tenho escolhido", declara o Senhor dos Exércitos.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar Ageu 2, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.