2 Reis 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NTLH

Sair da comparação
NTLH Nova Tradução na Linguagem de Hoje 2000
1 Esi ɣeyiɣia de be Yehowa nakɔ Eliya ayi dziƒo le ahomya me la, Eliya kple Elisa dze mɔ tso Gilgal.
1 Chegou o tempo de o Senhor Deus levar Elias para o céu num redemoinho. Elias saiu de Gilgal junto com Eliseu
2 Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Betel.”
2 e no caminho Elias disse: — Fique aqui porque o Mas Eliseu disse: — Juro pelo E assim os dois foram até Betel.
3 Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo tso Betel va do go Elisa eye wobia Elisa be, “Ènya be Yehowa akɔ wò aƒetɔ adzoe le gbɔwò egbea?”
3 Um grupo de profetas que morava ali foi falar com Eliseu e lhe perguntou: — Você sabe que hoje o — Sim, eu sei! — respondeu Eliseu. — Mas não vamos falar nisso.
4 Tete Eliya gblɔ nɛ be “Elisa, nɔ afi sia elabena Yehowa dɔm ɖe Yeriko.”
4 Então Elias disse a Eliseu: — Fique aqui porque o Mas Eliseu disse: — Juro pelo E assim os dois foram até Jericó.
5 Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yeriko la va bia Elisa be, “Ènya be Yehowa le wò aƒetɔ kplɔ ge adzoe le gbɔwò egbea?”
5 Um grupo de profetas que morava ali foi falar com Eliseu e perguntou: — Você sabe que hoje o — Sim, eu sei! — respondeu Eliseu. — Mas não vamos falar nisso.
6 Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Yɔdan tɔsisi la nu.”
6 Aí Elias disse a Eliseu: — Fique aqui porque o Mas Eliseu disse: — Juro pelo Então eles saíram,
7 Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la blaatɔ̃ yi ɖatsi tsitre ɖe adzɔge eye wodze ŋgɔ afi si Eliya kple Elisa tɔ ɖo le Yɔdan tɔsisi la nu.
7 e cinquenta profetas os seguiram até o rio Jordão. Elias e Eliseu pararam perto do rio, e os profetas ficaram olhando de longe.
8 Eliya ɖe eƒe awu ʋlaya, ŋlɔe eye wòtsɔe ƒo tsi la dzi. Tsi la ma ɖe eve le ɖusime kple miame eye wo kple evea wotsoe le anyigba ƒuƒui dzi.
8 Aí Elias tirou a sua capa , enrolou-a e bateu com ela na água. A água se abriu, e ele e Eliseu passaram para o outro lado, andando em terra seca.
9 Esi woɖo go kemɛ dzi la, Eliya gblɔ na Elisa be, “Gblɔe nam, nu ka mawɔ na wò hafi woakɔm adzoe le gbɔwò?”
9 Ali Elias disse a Eliseu: — Diga o que você quer que eu faça por você antes que eu seja levado embora. Eliseu disse: — Quero receber como herança duas vezes mais poder do que os outros profetas vão receber .
10 Eliya ɖo eŋu be, “Èbia nu sesẽ, ke hã la, ne àkpɔm esime woakɔm adzoe le gbɔwò la, ava eme na wò, ke ne mele alea o la, mava eme na wò o.”
10 Elias disse: — Esse pedido é difícil de atender. Mas você receberá o que está me pedindo se me vir quando eu estiver sendo levado para longe. Se você não me vir, não receberá.
11 Esime wonɔ zɔzɔm, nɔ dze ɖom la, dzotasiaɖam kple sɔwo ɖiɖi va ma wo kple evea dome eye Eliya to ahom la me yi dziƒo.
11 E assim foram andando e conversando. De repente, um carro de fogo puxado por cavalos de fogo os separou um do outro, e Elias foi levado para o céu num redemoinho.
12 Elisa kpɔe eye wòdo ɣli sesĩe be, “Fofonye! Fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!” Esi wobu ɖee la, etsɔ eya ŋutɔ ƒe awu eye wòdzee.
12 Eliseu viu o que aconteceu e gritou: — Meu pai, meu pai! O senhor sempre foi como um exército para defender Israel! E nunca mais ele viu Elias. Muito triste, Eliseu rasgou a sua capa pelo meio.
13 Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu eye wòtrɔ yi ɖatsi tsitre ɖe Yɔdan tɔsisi la to.
13 Depois pegou a capa de Elias, que havia caído, voltou para a beira do rio Jordão e parou ali.
14 Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu la ƒo tsi la dzi. Ebia be, “Afi ka Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le azɔ?” Esi wòƒo tsia dzi la, tɔsisi la ma ɖe ɖusime kple miame siaa eye wòtso tɔsisi la.
14 Então bateu na água com a capa de Elias e disse: — Onde está o Aí bateu de novo na água, e ela se abriu, e ele passou para o outro lado.
15 Esime nyagblɔɖila siwo tso Yeriko la ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ nu si dzɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Eliya ƒe gbɔgbɔ dze Elisa dzi!” Wozɔ yi ɖakpee eye wodo gbe nɛ bubutɔe.
15 Os cinquenta profetas de Jericó viram isso e disseram: — O poder de Elias está com Eliseu! Então foram encontrar-se com ele, ajoelharam-se diante dele
16 Wogblɔ nɛ be, “Amegã, ɖe gbe na mí ko, ekema míaƒe duƒula nyuitɔwo dometɔ blaatɔ̃ ayi gbedzi aɖadi wò amegã; ɖewohĩ Yehowa ƒe gbɔgbɔ gblẽe ɖe to aɖe dzi loo alo gblẽe ɖe balime le afi aɖe.”
16 e disseram: — Nós que estamos aqui somos cinquenta homens fortes. Deixe que vamos procurar o seu mestre. Talvez o Espírito do — Não! Vocês não devem ir! — respondeu Eliseu.
17 Ke wonɔ nya sia ƒom ɖe enu va se ɖe esime nya la tii eye wògblɔ be, “Enyo, miyi!” Ale ame blaatɔ̃awo yi ɖadii ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔe o.
17 Mas eles insistiram, até que ele mudou de ideia e deixou que fossem. Os cinquenta foram e durante três dias procuraram Elias por toda parte, porém não o acharam.
18 Elisa ganɔ Yeriko esime ameawo trɔ gbɔ. Egblɔ na wo be, “Ɖe nyemegblɔe na mi be migayi oa?”
18 Então voltaram a Jericó, onde Eliseu estava esperando. Eliseu disse: — Eu não falei para vocês não irem?
19 Azɔ la, Yeriko dumegãwo va kpɔ Elisa eye wogblɔ nɛ be, “Nane le fu ɖem na mí. Wò ŋutɔ ènya be wotso du sia ɖe teƒe nyui aɖe, ke míaƒe tsi menyo o, eye wònana fu gena le míaƒe funɔwo ƒo.”
19 Alguns homens de Jericó foram falar com Eliseu e disseram: — Como o senhor sabe, esta cidade é boa, mas a água não presta e provoca abortos.
20 Elisa gblɔ na wo be, “Enyo, miku dze ɖe agba yeye aɖe me vɛ nam.” Wowɔ nenema.
20 Então Eliseu mandou: — Ponham um pouco de sal num prato novo e tragam para mim. Eles levaram,
21 Elisa yi tsi la ƒe dzɔtsoƒe, tsɔ dze la kɔ ɖe eme eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Mewɔ tsi sia kɔkɔe eye magahe ku alo fu gege vɛ azɔ o.’ ”
21 e Eliseu foi até a fonte, jogou o sal na água e disse: — O que o
22 Kpɔ ɖa, tsi la trɔ zu tsi nyui enumake tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia abe ale si Elisa gblɔ ene.
22 E aquela água ficou pura até hoje , como Eliseu disse que ia ficar.
23 Elisa tso Yeriko yi Betel. Esi wònɔ zɔzɔm le mɔa dzi la, ŋutsuvi sue aɖewo tso dua me va nɔ fewu ɖum le eŋu be, “Dzo le afi sia, Elisa tabebetɔ.”
23 Eliseu saiu de Jericó para ir a Betel. Ele ia andando pela estrada, quando alguns rapazes saíram de uma cidade e começaram a caçoar dele, gritando assim: — Ô seu careca, fora daqui!
24 Elisa trɔ kpɔ wo eye wòƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Enumake sisiblisinɔ eve do go tso ave aɖe me va vuvu wo ame blaene-vɔ-eve.
24 Eliseu virou para trás, olhou firme para os rapazes e os amaldiçoou em nome de Deus, o Senhor . Então duas ursas saíram do mato e despedaçaram quarenta e dois deles.
25 Esia megbe la, Elisa yi Karmel to la dzi hafi trɔ yi Samaria.
25 Dali Eliseu foi até o monte Carmelo e depois voltou para Samaria.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar 2 Reis 2, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.