2 Crônicas 17
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC
1 Yehosafat ɖu fia ɖe fofoa, Asa teƒe eye wòglã eɖokui ɖe Israel fia ŋu.
1 Seu filho Josafá sucedeu-lhe no trono. Ele se fortificou contra Israel.
2 Eda asrafowo ɖe Yuda du siwo woglã la me kple teƒe vovovowo le dukɔ la me kple Efraim, du siwo fofoa Asa xɔ la me.
2 Colocou tropas em todas as cidades fortes de Judá, guarnições em toda a terra e nas cidades de Efraim das quais se tinha apoderado seu pai Asa.
3 Yehowa nɔ kple Yehosafat elabena ewɔ nu nyui abe ale si fofoa wɔ le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔwo me ene eye mesubɔ legbawo o.
3 O Senhor estava com Josafá, porque este seguia os exemplos que, a princípio, dera seu pai: não corria atrás dos Baal,
4 Ewɔ fofoa ƒe Mawu ƒe sewo dzi eye menɔ abe ame siwo nɔ Israel ene la kura o.
4 mas só procurava o Deus de seus pais, observando seus mandamentos, sem fazer nada de semelhante ao que fazia Israel.
5 Esia ta Yehowa na wòli ke abe Yuda fia ene. Yuda ƒe viwo katã xea woƒe dugawo ale wòzu kesinɔtɔ gã aɖe eye amewo lɔ̃e ŋutɔ.
5 Por isso o Senhor confirmou o poder em suas mãos. Todo o Judá lhe trazia presentes; teve riqueza em abundância e glória.
6 Ezɔ Mawu ƒe mɔwo dzi dzideƒotɔe; ekaka trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo le togbɛawo dzi eye wòho aƒeliwo gɔ̃ hã.
6 Cheio de confiança na obra do Senhor, fez desaparecer de Judá os lugares altos e os ídolos asserás.
7 Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, eɖo ame aɖewo ɖa be woafia nu amewo le Yuda duwo me. Ame siawoe nye Ben Hail, Obadia, Zekaria, Netanel kple Mikaya.
7 No terceiro ano de seu reinado, enviou seus chefes, Benail, Obdias, Zacarias, Natanael e Miquéias, para que ensinassem nas cidades de Judá.
8 Levi ƒe vi asieke kple nunɔla eve kpe ɖe wo ŋu. Levi ƒe viawoe nye Semaya, Netania, Zebadia, Asahel, Semiramɔt, Yehonatan, Adoniya, Tobiya, Tob Adoniya kpakple nunɔlawo Elisama kple Yehoram.
8 Ele os fez acompanhar pelos levitas Semeías, Natanias, Zabadias, Asael, Semiramot, Jonatã, Adonias, Tobias, Tobadonias, e pelos sacerdotes Elisama e Jorão.
9 Wotsɔ Yehowa ƒe Segbalẽ la ɖe asi, hetsa le Yuda duwo katã me eye wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la ameawo.
9 Ensinaram em Judá, levando consigo o livro da lei do Senhor, e percorreram todas as cidades de Judá, instruindo o povo.
10 Vɔvɔ̃ na Yehowa dze fiaɖuƒe siwo ƒo xlã Yuda la dzi ale wo dometɔ aɖeke meho aʋa ɖe Yehosafat ŋu o.
10 O terror do Senhor difundiu-se em todos os reinos que cercavam Judá, os quais se abstiveram de fazer guerra a Josafá.
11 Filistitɔ aɖewo gɔ̃ hã tsɔ nunanawo vɛ nɛ eye wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe. Nu siwo Arabiatɔwo nae la woe nye: agbo akpe adre alafa adre (7,700) kple gbɔ̃tsu akpe adre alafa adre (7,700).
11 Mesmo os filisteus vieram trazer a Josafá presentes e um tributo em prata; os árabes também lhe trouxeram gado miúdo: sete mil e setecentos carneiros e sete mil e setecentos bodes.
12 Ale Yehosafat kpɔ ŋusẽ ŋutɔ; etu mɔwo eye wòtso nudzraɖoƒe duwo ɖe Yudanyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe dzi.
12 Josafá aumentava seu poder. Construiu em Judá fortalezas e cidades de entrepostos.
13 Ewɔ ɖoɖowo ɖe dukɔmedɔ geɖewo wɔwɔ ŋu eye wòda aʋakɔ gã aɖe ɖe Yerusalem, si nye eƒe fiadu la me.
13 Realizou grandes trabalhos nas cidades de Judá. Havia em Jerusalém guerreiros cheios de valentia.
14 Woƒe xexlẽme le woƒe ƒomewo nu nɔ ale:
14 Eis a sua enumeração segundo suas famílias: de Judá, os chefes de milhares eram: o chefe Adna, com trezentos mil valentes guerreiros;
15 Yehohanan nye aʋafia si kplɔe ɖo eye wònɔ aʋawɔla akpe alafa eve blaenyi (280,000) nu.
15 ao seu lado o chefe Joanã, com duzentos e oitenta mil valentes guerreiros;
16 Ame si kplɔ eya hã ɖoe nye Amasia, Zikri ƒe vi, ame si nye mawuvɔ̃la akuaku aɖe; eya kpɔ aʋawɔla akpe alafa eve (200,000) dzi.
16 ao seu lado Amasias, filho de Zecri, voluntariamente consagrado ao Senhor, com duzentos mil valentes guerreiros.
17 Aʋawɔla akpe alafa eve (200,000) tso Benyamin ƒe viwo dome;
17 De Benjamim: o valoroso Eliada, com duzentos mil homens providos de arcos e de escudos;
18 Ame si kplɔe ɖo lae nye Yehozabad eye wòkplɔ aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi (180,000), ame siwo xɔ hehe nyuie.
18 ao seu lado Josabad, com quatrocentos e vinte mil homens equipados para a guerra.
19 Aʋawɔla siawo nɔ Yerusalem kpe ɖe esiwo fia la da ɖe du siwo woglã le dukɔ blibo la me la ŋuti.
19 Essas eram as pessoas a serviço do rei, além das guarnições colocadas por ele nas fortalezas da terra de Judá.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar 2 Crônicas 17, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.