2 Crônicas 12
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NVI
1 Esime Rehoboam li ke ɖe eƒe fiazikpui dzi eye wòɖo ŋusẽ la, eya kple Israel blibo la gbe nu le Yehowa ƒe se la gbɔ.
1 Depois que Roboão se fortaleceu, firmou-se como rei, ele e todo o Israel abandonaram a lei do Senhor.
2 Esi wometo nyateƒe na Yehowa o ta la, Sisak, Egipte fia, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu le Fia Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me
2 Por terem sido infiéis ao Senhor, Sisaque, rei do Egito, atacou Jerusalém no quinto ano do reinado de Roboão.
3 kple tasiaɖam akpe ɖeka alafa eve (1,200), sɔdola akpe blaade (60,000) kple aʋawɔla siwo mele xexlẽ me o. Ame siwo kpe ɖe Fia Sisak ŋu la woe nye, Libiatɔwo, Sukimtɔwo kple Kustɔ siwo tso Egipte.
3 Com mil e duzentos carros de guerra, sessenta mil cavaleiros e um exército incontável de líbios, suquitas e etíopes, que vieram do Egito com ele,
4 Fia Sisak ɖu Yuda du siwo woglã la katã dzi eye wòɖo Yerusalem.
4 conquistou as cidades fortificadas de Judá e chegou até Jerusalém.
5 Nyagblɔɖila Semaya wɔ takpekpe kple Rehoboam kple Yuda ƒe kplɔlawo tso dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe, ame siwo si va Yerusalem la eye wògblɔ na wo be, “Yehowa gblɔ be, ‘Miegblem ɖi eya ta nye hã megble mi ɖi ɖo eye metsɔ mi de asi na Sisak.’ ”
5 Então o profeta Semaías apresentou-se a Roboão e aos líderes de Judá que se haviam reunido em Jerusalém, fugindo de Sisaque, e lhes disse: "Assim diz o Senhor: ‘Vocês me abandonaram; por isso eu agora os abandono, entregando-os a Sisaque’ ".
6 Fia Rehoboam kple Yuda ƒe kplɔlawo do ɣli ʋu woƒe nu vɔ̃wo me be, “Yehowa tɔ dzɔ be wòwɔ mí alea!”
6 Os líderes de Israel e o rei se humilharam e disseram: "O Senhor é justo".
7 Esi Yehowa kpɔ ale si wobɔbɔ wo ɖokuie la, eɖo Semaya ɖa be wòagblɔ na wo be, “Esi miebɔbɔ mia ɖokui ta la, nyematsrɔ̃ mi keŋkeŋ o, mia dometɔ aɖewo asi. Nyemawɔ Fia Sisak ŋu dɔ le nye dɔmedzoetɔtrɔ kɔ ɖe Yerusalem dzi me o.
7 Quando o Senhor viu que eles se humilharam, veio a Semaías esta palavra do Senhor: "Visto que eles se humilharam, não os destruirei, mas em breve lhes darei livramento. Minha ira não será derramada sobre Jerusalém por meio de Sisaque.
8 Ke miadzɔ nu na Sisak ƒe sia ƒe. Ekema miadze sii be, enyo sãa be miasubɔm wu be miasubɔ Sisak!”
8 Eles, contudo, ficarão sujeitos a ele, para que aprendam a diferença entre servir a mim e servir aos reis de outras terras".
9 Ale Egipte fia, Sisak ɖu Yerusalem dzi eye wòlɔ nu sia nu le gbedoxɔ la kple fiasã la me dzoe. Etsɔ sikakpoxɔnu siwo Solomo wɔ la katã hã dzoe.
9 Quando Sisaque, rei do Egito, atacou Jerusalém, levou todos os tesouros do templo do Senhor e do palácio real, inclusive os escudos de ouro que Salomão havia feito.
10 Ke Fia Rehoboam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe eye wòtsɔ wo de asi na eŋudzɔlawo ƒe amegã.
10 Por isso o rei Roboão mandou fazer escudos de bronze para substituí-los, e os entregou aos chefes da guarda da entrada do palácio real.
11 Ɣe sia ɣi si fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me.
11 Sempre que o rei ia ao templo do Senhor, os guardas empunhavam os escudos, e, em seguida, os devolviam à sala da guarda.
12 Esi fia la bɔbɔ eɖokui la, Yehowa na eƒe dɔmedzoe nu tso eye metsrɔ̃ ameawo keŋkeŋ o. Le Sisak ƒe aʋawɔwɔ kpli wo emegbe gɔ̃ hã la, meda ahe o.
12 Como Roboão se humilhou, a ira do Senhor afastou-se dele, e ele não foi totalmente destruído. Aliás, ainda havia algo de bom em Judá.
13 Fia Rehoboam ɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Mawu tia wɔ eƒe nɔƒee le ŋkuléle ɖe Israel duwo katã ŋu megbe la me. Rehoboam ɖu fia esi wòxɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Naama eye wònye Amoni nyɔnu aɖe.
13 O rei Roboão firmou-se no poder em Jerusalém e continuou a reinar. Tinha quarenta e um anos de idade quando começou a reinar, e reinou dezessete anos em Jerusalém, cidade que o Senhor havia escolhido dentre todas as tribos de Israel para nela pôr o seu nome. Sua mãe, uma amonita, chamava-se Naamá.
14 Rehoboam nye fia vɔ̃ɖi aɖe elabena meɖo ta me kura be yeadze Yehowa ŋu o.
14 Ele agiu mal porque não dispôs o seu coração para buscar o Senhor.
15 Woŋlɔ Rehoboam ƒe ŋutinya blibo la ɖe nu siwo nyagblɔdila, Semaya kple nukpɔla, Ido ŋlɔ ɖe Dzidzimegbalẽ la me.
15 Os demais acontecimentos do reinado de Roboão, do início ao fim, estão escritos nos relatos do profeta Semaías e do vidente Ido, que tratam de genealogias. Houve guerra constante entre Roboão e Jeroboão.
16 Esi Rehoboam ku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Abiya ɖu fia ɖe eteƒe.
16 Roboão descansou com os seus antepassados e foi sepultado na cidade de Davi; seu filho Abias foi o seu sucessor.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar 2 Crônicas 12, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.