1 Samuel 28

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs ARIB

Sair da comparação
ARIB Almeida Revisada Imprensa Bíblica
1 Le ŋkeke mawo me la, Filistitɔwo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo be woawɔ aʋa kple Israel. Akis gblɔ na David be, “Nyae be wò kple wò ameawo miakplɔm ɖo anɔ nye aʋakɔwo dome.”
1 Naqueles dias ajuntaram os filisteus os seus exércitos para a guerra, para pelejarem contra Israel. Disse Áquis a Davi: Sabe de certo que sairás comigo ao arraial, tu e os teus homens.
2 David ɖo eŋu nɛ be, “Ekema wò ŋutɔ àkpɔe na ɖokuiwò, nu si wò dɔla ate ŋu awɔ.”
2 Respondeu Davi a Áquis: Assim saberás o que o teu servo há de fazer. E disse Áquis a Davi: Por isso te farei para sempre guarda da minha pessoa.
3 Azɔ la, Samuel ku eye Israel dukɔ blibo la fae, woɖii ɖe wo de le Rama. Fia Saul ɖe ŋɔliyɔlawo kple afakalawo katã ɖa le Israelnyigba la dzi.
3 Ora, Samuel já havia morrido, e todo o Israel o tinha chorado, e o tinha sepultado e em Ramá, que era a sua cidade. E Saul tinha desterrado es necromantes e os adivinhos.
4 Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem, ke Saul ƒo Israel blibo la nu ƒu eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilead.
4 Ajuntando-se, pois, os filisteus, vieram acampar-se em Suném; Saul ajuntou também todo o Israel, e se acamparam em Gilboa.
5 Esi Saul kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ƒe agbɔsɔsɔ la, dzidzi ƒoe eye wòvɔ̃ ŋutɔ.
5 Vendo Saul o arraial dos filisteus, temeu e estremeceu muito o seu coração.
6 Ebia nu si wòawɔ la Yehowa, ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu nɛ to drɔ̃ekuku me, alo to Urim dzi loo alo to nyagblɔɖilawo dzi o.
6 Pelo que consultou Saul ao Senhor, porém o Senhor não lhe respondeu, nem por sonhos, nem por Urim, nem por profetas.
7 Ale Saul gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Midi nyɔnu aɖe si nye ŋɔliyɔla la nam, ale be mayi egbɔ aɖabia nu.”
7 Então disse Saul aos seus servos: Buscai-me uma necromante, para que eu vá a ela e a consulte. Disseram-lhe os seus servos: Eis que em En-Dor há uma mulher que é necromante.
8 Ale Saul trɔ eƒe nɔnɔme hedo awu dzodzro aɖe le eƒe fiawu teƒe. Eyi ɖe ŋɔliyɔla la ƒe aƒe me le zã me kple eƒe subɔla eve.
8 Então Saul se disfarçou, vestindo outros trajes; e foi ele com dois homens, e chegaram de noite à casa da mulher. Disse-lhe Saul: Peço-te que me adivinhes pela necromancia, e me faças subir aquele que eu te disser.
9 Gake nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Le nyateƒe me ènya nu si Saul wɔ. Eɖe afakalawo kple ŋɔliyɔlawo ɖa le anyigba la dzi. Nu ka ŋutie nètre mɔ na nye agbe be yeahe ku vɛ nam?”
9 A mulher lhe respondeu: Tu bem sabes o que Saul fez, como exterminou da terra os necromantes e os adivinhos; por que, então, me armas um laço à minha vida, para me fazeres morrer?
10 Saul tsɔ Yehowa ka atam nɛ be, “Meta Yehowa ƒe agbe be womahe to na wò ɖe nu sia ta o.”
10 Saul, porém, lhe jurou pelo Senhor, dizendo: Como vive o Senhor, nenhum castigo te sobrevirá por isso.
11 Nyɔnu la biae be, “Ame kae nèdi be mayɔ na ye?”
11 A mulher então lhe perguntou: Quem te farei subir? Respondeu ele: Faze-me subir Samuel.
12 Esi nyɔnu la kpɔ Samuel la, edo ɣli sesĩe eye wògblɔ na Saul be, “Nu ka ŋutie nèblem ɖo? Wòe nye Saul!”
12 Vendo, pois, a mulher a Samuel, gritou em alta voz, e falou a Saul, dizendo: Por que me enganaste? pois tu mesmo és Saul.
13 Fia Saul gblɔ nɛ be, “Mègana dzidzi naƒo wò o! Nu ka nèkpɔ?”
13 Ao que o rei lhe disse: Não temas; que é que vês? Então a mulher respondeu a Saul: Vejo um deus que vem subindo de dentro da terra.
14 Saul bia be, “Aleke eƒe dzedzeme le?”
14 Perguntou-lhe ele: Como é a sua figura? E disse ela: Vem subindo um ancião, e está envolto numa capa. Entendendo Saul que era Samuel, inclinou-se com o rosto em terra, e lhe fez reverência.
15 Samuel bia Saul be, “Nu ka ta nèɖe fu nam heyɔm vɛ?”
15 Samuel disse a Saul: Por que me inquietaste, fazendo-me subir? Então disse Saul: Estou muito angustiado, porque os filisteus guerreiam contra mim, e Deus se tem desviado de mim, e já não me responde, nem por intermédio dos profetas nem por sonhos; por isso te chamei, para que me faças saber o que hei de fazer.
16 Samuel ɖo eŋu be, “Nu ka ta nàbiam esi Yehowa gblẽ wò ɖi eye wòzu wò futɔ?
16 Então disse Samuel: Por que, pois, me perguntas a mim, visto que o Senhor se tem desviado de ti, e se tem feito teu inimigo?
17 Yehowa wɔ nya si wògblɔ ɖi to dzinye la dzi. Yehowa vuvu fiaɖuƒe la le asiwò me eye wòtsɔe na hawòviwo dometɔ ɖeka, David.
17 O Senhor te fez como por meu intermédio te disse; pois o Senhor rasgou o reino da tua mão, e o deu ao teu próximo, a Davi.
18 Esiawo katã va dziwò elabena mèwɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi esi wòdo dɔmedzoe kaɖikaɖi ɖe Amalekitɔwo ŋu o.
18 Porquanto não deste ouvidos à voz do Senhor, e não executaste e furor da sua ira contra Amaleque, por isso o Senhor te fez hoje isto.
19 Yehowa atsɔ wò kple Israel blibo la ade asi na Filistitɔwo eye etsɔ la wò kple viwò ŋutsuwo miava nɔ gbɔnye le afii. Yehowa atsɔ Israel ƒe aʋakɔ la hã ade asi na Filistitɔwo.”
19 E o Senhor entregará também a Israel contigo na mão dos filisteus. Amanhã tu e teus filhos estareis comigo, e o Senhor entregará o arraial de Israel na mão dos filisteus.
20 Saul mlɔ anyigba hedra ɖe anyigba azɔ, ʋaʋã meganɔ eŋu o, le Samuel ƒe nyawo ta. Dɔwuame hã na ŋusẽ vɔ le eŋu elabena meɖu naneke ŋkeke blibo la o.
20 Imediatamente Saul caiu estendido por terra, tomado de grande medo por causa das palavras de Samuel; e não houve força nele, porque nada havia comido todo aquele dia e toda aquela noite.
21 Esi ŋɔliyɔla la kpɔ ale si vɔvɔ̃ ɖoe la egblɔ be, “Amegã, metsɔ nye agbe ke eye mewɔ wò ɖoɖo dzi.
21 Então a mulher se aproximou de Saul e, vendo que estava tão perturbado, disse-lhe: Eis que a tua serva deu ouvidos à tua voz; pus a minha vida na minha mão, dando ouvidos às palavras que disseste.
22 Azɔ la, nu si magblɔe nye be nàna mana nane wò nàɖu, ale be ŋusẽ naɖo ŋuwò hena wò mɔzɔzɔ yi wò nɔƒe.”
22 Agora, pois, ouve também tu as palavras da tua serva, e permite que eu ponha um bocado de pão diante de ti; come, para que tenhas forças quando te puseres a caminho.
23 Ke Saul be, “Nyemaɖu o.”
23 Ele, porém, recusou, dizendo: Não comerei. Mas os seus servos e a mulher o constrangeram, e ele deu ouvidos à sua voz; e levantando-se do chão, sentou-se na cama.
24 Nyivi dami aɖe nɔ nyɔnu la si, eɖe abla wui, tsɔ amɔ maʋamaʋã wɔ abolo
24 Ora, a mulher tinha em casa um bezerro cevado; apressou-se, pois, e o degolou; também tomou farinha, e a amassou, e a cozeu em bolos ázimos.
25 eye wòtsɔ nuɖuɖu la vɛ na fia la kple eŋumewo woɖu eye wodzo le zã la me.
25 Então pôs tudo diante de Saul e de seus servos; e eles comeram. Depois levantaram-se e partiram naquela mesma noite.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar 1 Samuel 28, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.