1 Reis 20

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NAA

Sair da comparação
NAA Nova Almeida Atualizada 2017
1 Azɔ la, Aram Fia Ben Hadad ƒo eƒe aʋakɔwo katã nu ƒu eye fia blaetɔ̃-vɔ-eve kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo kplɔe ɖo. Eyi ɖaɖe to ɖe Samaria eye wòwɔ aʋa kplii.
1 Ben-Hadade, rei da Síria, reuniu todo o seu exército. Estavam com ele trinta e dois reis com seus cavalos e carros de guerra. Ele subiu, cercou Samaria e lutou contra ela.
2 Eɖo ame dɔdɔwo ɖe Ahab, Israel fia gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Ben Hadad be,
2 Enviou mensageiros à cidade, a Acabe, rei de Israel,
3 ‘Wò klosalo kple sika nye tɔnye eye srɔ̃wòwo kple viwòwo dometɔ nyuitɔwo nye tɔnye.’ ”
3 que lhe disseram: — Assim diz Ben-Hadade: “A sua prata e o seu ouro são meus; as suas mulheres e os seus melhores filhos também são meus.”
4 Israel fia ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ kple fia, abe ale si nègblɔe ene la, nye ŋutɔ kple nu siwo le asinye la nye tɔwò!”
4 O rei de Israel respondeu: — Seja conforme a sua palavra, ó rei, meu senhor; eu sou seu, e tudo o que tenho é seu.
5 Ame dɔdɔawo gava eye wogblɔ be, “Ben Hadad be, ‘Togbɔ be medɔ ame ɖe wò be maxɔ wò klosalo kple sika kple srɔ̃wòwo kple viwòwo hã la,
5 Os mensageiros voltaram a Acabe e disseram: — Assim diz Ben-Hadade: “Quando enviei mensageiros que dissessem: ‘A sua prata, o seu ouro, as suas mulheres e os seus filhos são meus’, era para que você os entregasse para mim.
6 etsɔ ɣe aleawo ɣi lɔƒo la, maɖo amewo ɖa be woaka wò fiasã me kple ŋuwòmewo ƒe aƒewo me. Woatsɔ nu sia nu si xɔ asi na wò la adzoe!’ ”
6 Se amanhã a estas horas eu tiver de enviar os meus servos até você, eles vasculharão o seu palácio e as casas dos seus oficiais e meterão as mãos em tudo o que você tem de precioso e o levarão.”
7 Ahab yɔ eƒe aɖaŋudelawo eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nu si wɔm ŋutsu sia le la ɖa! Ele ge dim togbɔ be mena wònya be ate ŋu axɔ srɔ̃nyewo, vinyewo, nye klosalo kple sika abe ale si wòdi ene gɔ̃ hã.”
7 Então o rei de Israel chamou todos os anciãos da sua terra e lhes disse: — Como vocês podem notar e ver, este homem procura o mal. Mandou exigir as minhas mulheres, os meus filhos, a minha prata e o meu ouro, e não os neguei a ele.
8 Aɖaŋuɖolawo ɖo aɖaŋu nɛ be, “Mègatsɔ nu bubu aɖeke wu esiawo nɛ o.”
8 Todos os anciãos e todo o povo lhe disseram: — Não lhe dê ouvidos e não consinta.
9 Ale Fia Ahab gblɔ na Fia Ben Hadad ƒe ame dɔdɔwo be, “Migblɔ na nye aƒetɔ, fia la be, ‘Matsɔ nu sia nu si nèbia zi gbãtɔ la na wò gake wò amewo maka nye fiasã la kple nye amewo ƒe aƒewo me o.’ ” Ale ame dɔdɔawo trɔ yi Ben Hadad gbɔ.
9 Então Acabe disse aos mensageiros de Ben-Hadade: — Digam ao rei, meu senhor: “Farei tudo o que você pediu a este seu servo na primeira vez, porém não posso fazer o que você está pedindo agora.” E os mensageiros se foram e deram esta resposta.
10 Azɔ la, Siria fia la gblɔ ɖo ɖe Ahab be, “Mawuawo nafiam agafiam ɖe edzi ne nye aʋakɔ metrɔ Samaria wòzu ʋuʋudedi asiʋlo ʋɛ aɖewo ko o!”
10 Ben-Hadade tornou a enviar mensageiros, dizendo: — Que os deuses me castiguem, se o pó de Samaria bastar para encher as mãos de todo o povo que me segue.
11 Israel fia Ahab ɖo eŋu be, “Miyi ɖagblɔ na Fia Ben Hadad be, ‘Ame si le aʋa wɔ ge la maƒo adegbe o, ke ame si wɔ aʋa ɖu dzi la koe aƒo adegbe!’ ”
11 Porém o rei de Israel respondeu: — Digam ao rei Ben-Hadade: “Quem se veste para a batalha não deve se gabar como aquele que está se despindo depois da vitória.”
12 Fia Ahab ƒe ŋuɖoɖo sia va ɖo Fia Ben Hadad kple fia bubuawo gbɔ esi wonɔ aha nom le woƒe agbadɔwo me. Ben Hadad ɖe gbe na eƒe aʋafiawo be, “Midzra ɖo miaho aʋa ɖe wo ŋu.”
12 Ben-Hadade ouviu esta resposta quando ele e os outros reis estavam bebendo nas tendas. Então ele disse aos seus servos: — Preparem-se para atacar. E eles se prepararam para atacar a cidade.
13 Nyagblɔɖila aɖe va kpɔ Israel fia Ahab eye wògblɔ nɛ be ale Yehowa gblɔe nye esi, “Èkpɔ futɔ la ƒe aʋakɔ siawoa? Matsɔ wo katã ade asi na wò egbe, ekema ànya mlɔeba be, nyee nye Yehowa!”
13 Eis que um profeta foi até Acabe, rei de Israel, e lhe disse: — Assim diz o
14 Ahab bia be, “Ke ame kae awɔ nu sia?”
14 Acabe perguntou: — Por meio de quem se dará isto? Ele respondeu: — Assim diz o Acabe perguntou: — Quem começará a batalha? E o profeta respondeu: — Você!
15 Ale Ahab ƒo aʋawɔla alafa eve blaetɔ̃-vɔ-eve (232) nu ƒu tso dutawo kpe ɖe Israelʋakɔ mamlɛa, ame akpe adre, ŋu.
15 Então Acabe contou os servos dos chefes das províncias, e eram duzentos e trinta e dois. Depois, contou todo o povo, todos os filhos de Israel, e eram sete mil.
16 Le ŋdɔ me lɔƒo la, esi Ben Hadad kple Fia bubu blaetɔ̃-vɔ-eveawo ganɔ aha nom hede mumu ge kloe la, Ahab ƒe aʋakɔ ƒe akpa gbãtɔ ɖe zɔ ɖe dua dzi.
16 Saíram ao meio-dia. Ben-Hadade, porém, estava bebendo e embriagando-se nas tendas, ele e os reis, os trinta e dois reis que o ajudavam.
17 Anyigbadzikpɔlawo ƒe ɖekakpuiawo tre hoho.
17 Saíram primeiro os servos dos chefes das províncias. Ben-Hadade mandou observadores que lhe deram avisos, dizendo: — Uns homens estão saindo de Samaria.
18 Ben Hadad ɖe gbe na wo be, “Milé wo agbagbe ne wova na ŋutifafa loo alo aʋawɔwɔ!”
18 Ele disse: — Se vieram tratar de paz, prendam-nos vivos; se vieram lutar, prendam-nos vivos também.
19 Ɖekakpui siwo nye asrafo, siwo le nutoa dzi kpɔm la dze ŋgɔ eye asrafoawo kplɔ wo ɖo do le dua me.
19 Os servos dos chefes das províncias e o exército que os seguia saíram da cidade,
20 Ame sia ame wu Siria srafo ɖeka. Sẽe ko la, vɔvɔ̃ ɖo Syriaʋakɔ blibo la eye wosi. Israelviwo kplɔ wo ɖo. Ben Hadad kple eŋume ʋɛ aɖewo do sɔwo kple tasiaɖamwo hesi.
20 e cada um matou o homem contra quem lutava. Os sírios fugiram, e Israel os perseguiu. Porém Ben-Hadade, rei da Síria, escapou a cavalo, com alguns cavaleiros.
21 Ke Israelviwo xɔ Syriatɔwo ƒe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe akpa gãtɔ eye wowu Siriatɔ geɖewo.
21 O rei de Israel saiu e destroçou os cavalos e os carros de guerra dos sírios, impondo-lhes grande derrota.
22 Nyagblɔɖila la te ɖe Israel fia ŋu eye wògblɔ nɛ be, “Dzra ɖo na Siria fia ƒe aʋa bubu hoho ɖe ŋuwò!”
22 Então o profeta foi até o rei de Israel e lhe disse: — Vá, seja forte, considere e veja o que vai fazer, porque daqui a um ano o rei da Síria voltará a atacar.
23 Esi Israelviwo ɖu Siriatɔwo dzi la, Ben Hadad ƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Israelviwo ƒe mawuwo nye todzimawuwo eya tae woɖu mía dzi; ke míate ŋu aɖu wo dzi bɔbɔe le balime.
23 Os servos do rei da Síria lhe disseram: — Os deuses deles são deuses dos montes, e por isso eles foram mais fortes do que nós. Mas vamos lutar contra eles na planície, e, por certo, seremos mais fortes do que eles.
24 Azɔ la, na aʋafiawo naxɔ fiawo teƒe.
24 Portanto, faça o seguinte: tire os reis, cada um do seu lugar, e substitua-os por capitães,
25 Ƒo ƒu aʋakɔ bubu nu abe esi tsrɔ̃ la ene. Na sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋawɔla xexlẽme mawo tututu mí eye míawɔ aʋa kpli wo le balime. Ekema ɖikeke aɖeke meli be míaɖu wo dzi kokoko o!” Ale Fia Ben Hadad wɔ nu si wogblɔ nɛ.
25 e forme outro exército igual em número ao que você perdeu, com outros tantos cavalos e outros tantos carros de guerra. E vamos lutar contra eles na planície e, por certo, seremos mais fortes do que eles. O rei deu ouvidos ao que disseram e assim o fez.
26 Esi ƒe trɔ la, eƒo Aramea aʋakɔ la nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ŋu azɔ le Afek.
26 Decorrido um ano, Ben-Hadade convocou os sírios e subiu a Afeca para lutar contra Israel.
27 Israel hã ƒo eƒe aʋawɔlawo nu ƒu, wodi nuɖuɖu da ɖi eye woyi aʋagbedzi. Ke Israelʋakɔ la dze abe gbɔ̃viwo ƒe ha eve ko ene ne wotsɔe sɔ kple Arameatɔwo ƒe aʋakɔ si gbagba ɖe balime la ŋu!
27 Também os filhos de Israel foram reunidos para a batalha. Eles foram providos de mantimentos e marcharam contra os sírios. Os filhos de Israel acamparam de frente para eles, como dois pequenos rebanhos de cabras, mas os sírios enchiam a terra.
28 Mawu ƒe ame aɖe yi Israel fia la gbɔ eye wògblɔ nya siawo tso Yehowa gbɔ nɛ: “Esi Siriatɔwo gblɔ be, ‘Yehowa nye to dzi Mawu eye menye balime ƒe Mawu o’ ta la, makpe ɖe mia ŋu miaɖu aʋakɔ gã sia dzi eye mianya be nyee nye Yehowa nyateƒe.”
28 Um homem de Deus se aproximou e foi falar com o rei de Israel, dizendo: — Assim diz o
29 Aʋakɔ eveawo ƒu asaɖa anyi dze ŋgɔ wo nɔewo ŋkeke adre eye aʋa la dze egɔme le ŋkeke adrelia gbe. Israelviwo wu Siriatɔ akpe alafa ɖeka (100,000) le ŋkeke gbãtɔ dzi.
29 Sete dias estiveram acampados uns em frente dos outros. No sétimo dia, travou-se a batalha, e os filhos de Israel, num só dia, mataram dos sírios cem mil soldados da infantaria.
30 Aʋawɔla siwo susɔ la si yi Afek ƒe gliwo megbe, ke gliawo ƒe akpa aɖe mu dze wo dzi eye wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-adre ku. Ben Hadad si yi du la me eye wòbe ɖe aƒe aɖe ƒe xɔ ememetɔ me.
30 Os restantes fugiram para Afeca e entraram na cidade, mas a muralha da cidade caiu sobre os vinte e sete mil homens que restaram. Ben-Hadade fugiu, veio à cidade e se escondia de câmara em câmara.
31 Eƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Amegã, míese be Israel fiawo nye nublanuikpɔnamelawo. Na míata akpanya, akaka ɖa ɖe ta eye míayi Fia Ahab gbɔ kpɔ be ana nànɔ agbe mahã?”
31 Então os seus servos lhe disseram: — Eis que temos ouvido que os reis da casa de Israel são reis clementes. Por isso, ponhamos panos de saco sobre os lombos e cordas ao redor da cabeça e vamos até o rei de Israel; pode ser que ele lhe poupe a vida.
32 Ale woyi Fia Ahab gbɔ eye woɖe kuku nɛ be, “Wò dɔla, Fia Ben Hadad le kuku ɖem be, ‘Na manɔ agbe!’ ”
32 Então se cingiram com pano de saco pelos lombos, puseram cordas ao redor da cabeça e foram falar com o rei de Israel. Disseram: — O seu servo Ben-Hadade manda dizer: “Poupe-me a vida.” Acabe respondeu: — Então ele ainda está vivo? Ele é meu irmão.
33 Ameawo ɖo eŋu kaba be, “Ɛ̃, nɔviwò, Fia Ben Hadad, gale agbe!”
33 Aqueles homens tomaram isto como um bom sinal, logo se aproveitaram dessa palavra e disseram: — Sim, o seu irmão Ben-Hadade! O rei disse: — Vão e tragam-no aqui. Então Ben-Hadade saiu para se encontrar com Acabe, e este o fez subir na sua carruagem.
34 Ben Hadad gblɔ nɛ be, “Magbugbɔ du siwo fofonye xɔ le fofowò si la na wò; àte ŋu atsa asi kple Damasko abe ale si fofonye wɔ le Samaria ene.”
34 Ben-Hadade lhe disse: — Vou restituir as cidades que o meu pai tomou do seu pai. Você poderá vender os seus produtos em Damasco, como o meu pai fez em Samaria. E Acabe respondeu: — Com esta aliança, deixarei que você fique livre. Então Acabe fez uma aliança com ele e o deixou ir embora.
35 Le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka be, wòagblɔ na nɔvia aɖe be, “Tsɔ wò yi dzam!” Ke nɔvia gbe.
35 Então, por ordem do Senhor , um dos discípulos dos profetas disse ao seu companheiro: — Por favor, me esmurre. Mas o homem se recusou a fazê-lo,
36 Ale nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Esi mèɖo to Yehowa ƒe gbe o ta la, dzata aɖe awu wò ne èdzo le gbɔnye ko.” Nyateƒe, esi wòtrɔ be yeadzo ko la, dzata aɖe wui.
36 e por isso o discípulo dos profetas lhe disse: — Visto que você não obedeceu à voz do Quando ele se afastou, um leão o encontrou e o matou.
37 Nyagblɔɖila la trɔ ɖe ame bubu gbɔ gblɔ nɛ be, “Tsɔ wò yi dzam.” Ame la dzae eye wòde abi eŋu.
37 Então o profeta encontrou outro homem e lhe disse: — Por favor, me esmurre. Ele o esmurrou e o feriu.
38 Nyagblɔɖila la tso mɔ na fia la. Etsɔ avɔ kakɛ bla eƒe ŋkuwo dzi, ale be womagadze si ye o.
38 Então o profeta partiu e ficou esperando o rei no caminho, disfarçado com uma venda sobre os olhos.
39 Esi fia la tso eme va yina la, nyagblɔɖila la do ɣli yɔe gblɔ be, “Wò dɔla yi afi si aʋa la bi dzo le eye ame aɖe va gbɔnye kple aʋaléleawo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nam be, ‘Nɔ ame sia ŋuti dzɔm. Ne ebu la, wò agbe axɔ ɖe eƒe agbe teƒe alo nàxe klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene.’
39 Quando o rei ia passando, o profeta gritou: — Este seu servo estava saindo do meio da batalha, quando um companheiro se voltou e me trouxe um homem, dizendo: “Vigie este homem. Se ele escapar, será a sua vida pela vida dele ou você pagará trinta e quatro quilos de prata.”
40 Esi wò dɔla nɔ srẽɖi dzem le afii kple afi kemɛ la, amea si dzo.”
40 Enquanto este seu servo estava ocupado daqui e dali, o homem se foi. O rei de Israel respondeu: — Esta é a sua sentença. Você mesmo a pronunciou.
41 Tete nyagblɔɖila la ɖe avɔ kakɛ la ɖa le eƒe ŋkume eye fia la dze sii be yeƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.
41 Então ele se apressou e tirou a venda dos olhos, e o rei de Israel reconheceu que era um dos profetas.
42 Nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Esi nèɖe asi le ame si mebe wòaku la ŋu wògale agbe ta la, ele be nàku ɖe eteƒe eye wò amewo atsrɔ̃ ɖe eƒe amewo teƒe.’ ”
42 E o profeta disse ao rei: — Assim diz o
43 Ale Israel fia trɔ yi Samaria kple dɔmedzoe kple moyɔyɔ.
43 Então o rei de Israel se dirigiu à sua casa, aborrecido e indignado, e chegou a Samaria.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar 1 Reis 20, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.