1 Reis 13

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NTLH

Sair da comparação
NTLH Nova Tradução na Linguagem de Hoje 2000
1 Le Yehowa ƒe nya nu la, Mawu ƒe ame aɖe tso Yuda va Betel esi Yeroboam nɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ.
1 Por ordem do Senhor Deus, um profeta de Judá foi a Betel e chegou ali quando Jeroboão estava diante do altar para oferecer o sacrifício .
2 Edo ɣli ɖe vɔsamlekpui la ŋu le Yehowa ƒe nya nu be, “Oo, vɔsamlekpui, vɔsamlekpui, ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woadzi viŋutsuvi aɖe si woayɔ be Yosia la na David ƒe aƒe. Dziwòe nunɔla siwo saa vɔ le nuxeƒewo eye wole vɔ sam fifia le afi sia la asa vɔ ɖo eye woatɔ dzo ameƒuwo hã ɖe dziwò.’ ”
2 Seguindo a ordem do Senhor , o profeta falou assim contra o altar: — Ó altar, ó altar! O que o
3 Gbe ma gbe ke la, Mawu ƒe ame la na dzesi be, “Esiae nye dzesi si Yehowa gblɔ ɖi. Vɔsamlekpui la ama ɖe eve eye dzofi si le edzi la akaka ɖe anyigba.”
3 E o profeta continuou: — Este altar cairá em pedaços, e as cinzas que estiverem nele se espalharão. Essa será a prova de que o
4 Esi Fia Yeroboam se nya si Mawu ƒe ame la gblɔ ɖi ɖe Betel vɔsamlekpui la ŋuti kple ɣli la, edo eƒe asi ɖa tso vɔsamlekpui la gbɔ eye wògblɔ be, “Milée!” Gake asi si wòdo ɖe amea gbɔ la dze ti ɖe eŋu, ale be magate ŋu ahee ava eɖokui ŋu o.
4 Quando Jeroboão ouviu isso, apontou para o profeta e ordenou: — Prendam este homem! No mesmo instante, o braço do rei ficou paralisado, e ele não pôde fazê-lo voltar à posição normal.
5 Hekpe ɖe esia ŋuti la, vɔsamlekpui la ma ɖe eve siãa eye afi si nɔ edzi la dudu ɖe anyigba to dzesi si Mawu ƒe ame la na to Yehowa ƒe nya dzi.
5 E, de repente, o altar caiu em pedaços, e as cinzas se espalharam pelo chão, como o profeta, em nome do Senhor , tinha dito que ia acontecer.
6 Tete fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Ɖe kuku ɖe tanye le Yehowa, wò Mawu la gbɔ eye nàdo gbe ɖa ɖe tanye be nye asi naɖɔ ɖo.” Ale Mawu ƒe ame la ɖe kuku na Yehowa ɖe eta eye fia la ƒe asi ɖɔ ɖo, ganɔ abe tsã ene.
6 Então o rei disse ao profeta: — Por favor, acalme o O profeta fez o que o rei pediu, e o braço do rei sarou.
7 Fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Kplɔm ɖo míayi nye aƒe me ne nàdi nane aɖu eye mana nunana wò.”
7 Então o rei disse: — Venha comigo até a minha casa e coma alguma coisa. Eu vou recompensar você pelo que fez.
8 Ke Mawu ƒe ame la ɖo eŋu na Fia la be, “Ne àtsɔ wò kesinɔnuwo ƒe afã nam gɔ̃ hã la, nyemayi kpli wò loo alo aɖu abolo alo ano tsi le afi ma o
8 Mas o profeta respondeu: — Mesmo que o senhor me desse a metade da sua riqueza, eu não iria com o senhor e não comeria, nem beberia nada neste lugar.
9 elabena Yehowa ƒe nya de se nam be, ‘Mègaɖu abolo alo ano tsi alo atrɔ agbɔ ato mɔ si dzi nèto yi la dzi o.’ ”
9 O Senhor Deus mandou que eu não comesse, nem bebesse nada e que não voltasse para casa pelo mesmo caminho por onde vim.
10 Ale wòto mɔ bubu dzo eye megato mɔ si wòto yi Betel la o.
10 E assim ele não voltou pelo mesmo caminho por onde tinha ido, mas voltou por outra estrada.
11 Eva eme be nyagblɔɖila tsitsi aɖe nɔ Betel. Viawo yi egbɔ eye wogblɔ nu si Mawu ƒe ame si tso Yuda la wɔ kple nya si wògblɔ na fia la nɛ.
11 Naquele tempo havia um velho profeta que morava em Betel. Os seus filhos chegaram e contaram a ele tudo o que o profeta de Judá tinha feito naquele dia em Betel e o que tinha dito ao rei Jeroboão.
12 Nyagblɔɖila tsitsi la bia be, “Mɔ ka wòto dzo?” Viawo fia mɔ lae.
12 Então o velho profeta perguntou: — Por onde ele foi embora? E eles lhe mostraram a estrada.
13 Egblɔ na viawo be, “Netsɔ! Mibla akpa na nye tedzi nam.” Esi wobla akpa na tedzia la,
13 Ele pediu que os filhos pusessem a sela no seu jumento, e eles puseram. Então o profeta montou
14 eti Mawu ƒe ame la yome eye wòtui wònɔ anyi ɖe logoti aɖe te nɔ dzudzɔm. Nyagblɔɖila tsitsi la biae be, “Wòe nye Mawu ƒe ame si tso Yuda vaa?”
14 e foi atrás do profeta de Judá. Ele o encontrou sentado debaixo de uma árvore sagrada e perguntou: — Você é o profeta de Judá? — Sou, sim! — respondeu o homem.
15 Nyagblɔɖila tsitsi la gblɔ nɛ be, “Ekema va míyi nye aƒe me nàɖu nu.”
15 — Venha até a minha casa e coma alguma coisa comigo — convidou ele.
16 Mawu ƒe ame la gblɔ be, “Nyemate ŋu atrɔ ayi kpli wò o eye nyemate ŋu aɖu abolo alo ano tsi kpli wò le afi sia o.
16 Mas o profeta de Judá respondeu: — Eu não posso ir até a sua casa, nem ficar hospedado lá. E também não vou comer, nem beber nada aqui com você
17 Yehowa ƒe nya gblɔ nam be, ‘Mèkpɔ mɔ aɖu abolo alo ano tsi le afi ma alo àtrɔ agbɔ to mɔ si nèto yi la o.’ ”
17 porque o Senhor Deus mandou que eu não comesse, nem bebesse nada e que não voltasse para casa pelo mesmo caminho por onde vim.
18 Ke nyagblɔɖila tsitsi la gblɔ be “Nyagblɔɖilae nye hã menye abe wò ke ene. Mawudɔla aɖe gblɔ nya aɖe nam tso Yehowa gbɔ. Ele be makplɔ wò ayi nye aƒe me eye mana nuɖuɖu kple tsi wò.”
18 Então o velho profeta disse: — Eu também sou profeta como você, e o Mas ele estava mentindo.
19 Ale wòyi Nyagblɔɖila tsitsi la ƒe aƒe me, ɖu nu eye wòno tsi.
19 Então o profeta de Judá foi com o velho profeta para a sua casa e comeu uma refeição com ele.
20 Esi wonɔ nu ɖum la, Yehowa ƒo nu na nyagblɔɖila tsitsi la.
20 Enquanto estavam sentados à mesa, a palavra do Senhor veio ao velho profeta,
21 Edo ɣli gblɔ na Mawu ƒe ame, si tso Yuda la be, “Nya si Yehowa gblɔe nye, ‘Ètsi tsitre ɖe nya si Yehowa gblɔ la ŋu eye mèwɔ se si Yehowa, wò Mawu la de na wò la dzi o.
21 e ele gritou para o profeta de Judá: — O
22 Ètrɔ gbɔ, ɖu abolo eye nèno tsi le afi si Yehowa de se na wò be mègaɖu nu, nàno tsi le o eya ta womaɖi wò kukua ɖe fofowòwo ƒe yɔdo me o.’ ”
22 Em vez disso, voltou e comeu uma refeição num lugar onde ele havia mandado que você não comesse. Por causa disso, você será morto, e o seu corpo não será sepultado no túmulo da sua família.
23 Esi Mawu ƒe ame la ɖu nu, no nu vɔ la, nyagblɔɖila tsitsi la, ame si na wòtrɔ gbɔ la, bla akpa na eƒe tedzi nɛ.
23 Depois que acabaram de comer, o velho profeta selou o jumento para o profeta de Judá,
24 Esi Mawu ƒe ame la dze mɔ yina la, dzata aɖe do goe hewui. Eƒe kukua mlɔ mɔa dzi, tedzi la kple dzata la nɔ tsitre ɖe egbɔ.
24 e este foi embora. No caminho, um leão o encontrou e matou. O corpo do profeta ficou jogado na estrada, e o leão e o jumento ficaram parados ali perto dele.
25 Emetsola aɖewo kpɔ Mawu ƒe ame la ƒe kukua le mɔa dzi kple dzata si nɔ tsitre ɖe egbɔ eye woyi ɖagblɔ nya la le du si me nyagblɔɖila tsitsi la nɔ.
25 Alguns homens passaram por aquele lugar e viram o corpo jogado no caminho e o leão ali do lado. Então foram a Betel e contaram o que tinham visto.
26 Esi nyagblɔɖila tsitsi la se nya si dzɔ la, edo ɣli be, “Mawu ƒe ame si mewɔ Yehowa ƒe se dzi o lae. Yehowa wɔ nya si wògblɔ la dzi eye wòna dzata la wui.”
26 Quando o velho profeta soube do que havia acontecido, disse: — Aquele é o profeta que desobedeceu às ordens de Deus, o
27 Ena viawo bla akpa na eƒe tedzi.
27 Então disse para os filhos: — Ponham a sela no meu jumento. Eles fizeram o que o pai pediu.
28 Ekpɔ Mawu ƒe ame la ƒe kukua le mɔa dzi eye dzata la kple tedzi la nɔ tsitre ɖe egbɔ. Dzata la meɖu ame kuku la o eye melé tedzi la hã o.
28 Então o velho foi e achou o corpo do profeta caído no caminho e o jumento e o leão parados perto dele. O leão não havia comido o corpo, nem despedaçado o jumento.
29 Ale nyagblɔɖila la tsɔ ame kuku la ɖe tedzi dzi va dua me be yeafae eye yeaɖii.
29 Aí o velho profeta pegou o corpo, pôs em cima do jumento e o levou de volta para Betel a fim de chorar sobre ele e sepultá-lo.
30 Eɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe yɔdo me eye wòfae vevie be, “Ao, nɔvinye!”
30 Ele o sepultou no seu próprio túmulo. Então ele e os seus filhos choraram sobre o corpo do profeta e diziam: — Ó meu irmão, meu irmão!
31 Egblɔ na viawo emegbe be, “Ne meku la, miɖim ɖe yɔdo si me woɖi Mawu ƒe ame la ɖo. Mitsɔ nye ƒuwo mlɔ eƒe ƒuwo xa,
31 Depois do sepultamento, o velho disse aos filhos: — Quando eu morrer, me sepultem neste túmulo e ponham o meu corpo perto do dele.
32 elabena Yehowa gblɔ nɛ be wòaƒo nu atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui si le Betel la ŋu eye fiƒode si wòda ɖe nuxeƒe siwo le Samaria dzi la aɖi wo ŋu.”
32 Porque certamente vai se cumprir a ameaça que ele fez por ordem de Deus, o Senhor , contra o altar de Betel e contra os lugares pagãos de adoração que existem nas cidades da região de Samaria.
33 Togbɔ be Mawu ƒe ame la xlɔ̃ nu Yeroboam hã la, Yeroboam meɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o, ke boŋ egatsɔ ame geɖe siwo metso Levi ƒe ƒome la me o la ɖo nunɔlawoe be woasa vɔ na legbawo le nuxeƒe siwo le toawo dzi. Ame sia ame si lɔ̃ ko la, ate ŋu azu nunɔla.
33 Ainda assim o rei Jeroboão não se arrependeu dos seus maus caminhos, mas continuou a escolher para sacerdotes homens de todo tipo a fim de servirem nos altares dos morros. O rei ordenava como sacerdote desses altares qualquer um que queria ser sacerdote.
34 Esia nye nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe, ena Yeroboam ƒe fiaɖuƒe la gbã eye wòhe ku vɛ na eƒe ƒometɔwo katã.
34 Esse seu pecado trouxe desgraça e destruição total para a sua família.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar 1 Reis 13, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.