1 Crônicas 27

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NVT

Sair da comparação
NVT Nova Versão Transformadora
1 Esiae nye Israelviwo ƒe hatsotsowo le ƒometatɔwo, ame akpewo ƒe tatɔwo, ame alafawo ƒe tatɔwo kple woƒe dɔnunɔlawo nu, ame siwo wɔ dɔ na fia la le aʋakɔ la ƒo hatsotsowo me, ame siwo nɔa dɔme dzinu ɖeka ɖe wo nɔewo yome le ƒea me. Ŋutsu akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) nɔ hatsotso ɖe sia ɖe me.
1 Esta é a lista dos israelitas, chefes de família, generais e capitães que serviam o rei na supervisão das divisões do exército de serviço a cada mês do ano. Cada divisão tinha 24 mil homens e servia durante um mês.
2 Yasobeam, Zabdiel ƒe viŋutsu, nɔ hatsotso gbãtɔ nu le ɣleti gbãtɔ me. Ame akpe blaeve-vɔ-enee (24,000) nɔ eƒe hatsotso la me.
2 Jasobeão, filho de Zabdiel, era comandante da primeira divisão de 24 mil homens, de serviço durante o primeiro mês.
3 Enye Perez ƒe dzidzimevi eye wònye amegã nɔ asrafomegãwo nu le ɣleti gbãtɔ me.
3 Era descendente de Perez e chefe de todos os oficiais do exército para o primeiro mês.
4 Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Dodai, Ahohitɔ ƒe dzidzimevi. Ekpɔ ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) dzi eye eƒe amewo wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti evelia me. Eƒe kpeɖeŋutɔe nye Miklɔt.
4 Dodai, descendente de Aoí, era comandante da segunda divisão de 24 mil homens, de serviço durante o segundo mês. Miclote era o chefe da divisão.
5 Aʋakɔ etɔ̃lia na ɣleti etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Benaya, Yehoiada, Nunɔla la ƒe viŋutsu. Ame akpe blaeve-vɔ-enee (24,000) nɔ ete.
5 Benaia, filho do sacerdote Joiada, era comandante da terceira divisão de 24 mil homens, de serviço durante o terceiro mês.
6 Benaya sia nye ame sesẽ si nɔ Ame Blaetɔ̃awo dome kple woƒe tatɔ. Via ŋutsu Amizabad nye hatsotso la ƒe tatɔ.
6 Esse Benaia comandou o grupo militar de elite de Davi, conhecido como os Trinta. Seu filho Amizabade era o chefe da divisão.
7 Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Asahel, Yaob nɔvi, ame si teƒe via Zebadia va xɔ ɖo emegbe. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti enelia me.
7 Asael, irmão de Joabe, era comandante da quarta divisão de 24 mil homens, de serviço durante o quarto mês. Asael foi sucedido por seu filho Zebadias.
8 Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Samut tso Izra. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti atɔ̃lia me.
8 Sama, o izraíta, era comandante da quinta divisão de 24 mil homens, de serviço durante o quinto mês.
9 Hatsotso adelia ƒe tatɔe nye Ira, ame si nye Ikes tso Tekoa ƒe vi. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti adelia me.
9 Ira, filho de Iques, de Tecoa, era comandante da sexta divisão de 24 mil homens, de serviço durante o sexto mês.
10 Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Helez tso Pelɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti adrelia me.
10 Helez, de Pelom, descendente de Efraim, era comandante da sétima divisão de 24 mil homens, de serviço durante o sétimo mês.
11 Hatsotso enyilia ƒe tatɔe nye Sibekai tso Husasi ƒe hlɔ̃ me tso Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti enyilia me.
11 Sibecai, de Husate, descendente de Zera, era comandante da oitava divisão de 24 mil homens, de serviço durante o oitavo mês.
12 Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Abiezer, tso Anatɔt tso Benyamin ƒe viwo dome. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti asiekelia me.
12 Abiezer, de Anatote, da tribo de Benjamim, era comandante da nona divisão de 24 mil homens, de serviço durante o nono mês.
13 Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Maharai tso Netofa le Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti ewolia me.
13 Maarai, de Netofate, descendente de Zera, era comandante da décima divisão de 24 mil homens, de serviço durante o décimo mês.
14 Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe tatɔe nye Benaya tso Piratɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti wuiɖekɛlia me.
14 Benaia, de Piratom, em Efraim, era comandante da décima primeira divisão de 24 mil homens, de serviço durante o décimo primeiro mês.
15 Hatsotso wuievelia ƒe tatɔe nye Heldai tso Netofa, tso Otniel ƒe viwo dome. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti wuievelia me.
15 Helede, de Netofate, descendente de Otniel, era comandante da décima segunda divisão de 24 mil homens, de serviço durante o décimo segundo mês.
16 Israel ƒe toawo nunɔlawo le ale:
16 Estas foram as tribos de Israel e seus líderes: da tribo de Rúben: Eliézer, filho de Zicri; da tribo de Simeão: Sefatias, filho de Maaca;
17 Levi ƒe viwo Nunɔlae nye Hasabia, Kemuel ƒe vi;
17 da tribo de Levi: Hasabias, filho de Quemuel; da tribo de Arão: o sacerdote, Zadoque;
18 Yuda ƒe viwo Nunɔlae nye Elihu, Fia David nɔvi;
18 da tribo de Judá: Eliú, irmão de Davi; da tribo de Issacar: Onri, filho de Micael;
19 Zebulon ƒe viwo Nunɔlae nye Ismaya, Obadia ƒe vi;
19 da tribo de Zebulom: Ismaías, filho de Obadias; da tribo de Naftali: Jeremote, filho de Azriel;
20 Efraim ƒe viwo Nunɔlae nye Hosea, Azazia ƒe vi;
20 da tribo de Efraim: Oseias, filho de Azazias; da tribo de Manassés, a oeste: Joel, filho de Pedaías;
21 Manase ƒe viwo ƒe afã evelia nɔ Gilead, wo Nunɔlae nye Ido, Zekaria ƒe vi.
21 da tribo de Manassés, em Gileade, a leste: Ido, filho de Zacarias; da tribo de Benjamim: Jaasiel, filho de Abner;
22 Dan ƒe viwo Nunɔlae nye Azarel, Yeroham ƒe vi.
22 da tribo de Dã: Azareel, filho de Jeroão. Esses foram os líderes das tribos de Israel.
23 David mexlẽ ame siwo mexɔ wu ƒe blaeve la o elabena Yehowa do ŋugbe be yeana Israelviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.
23 Quando Davi fez o censo, não contou os que tinham menos de 20 anos, pois o S enhor havia prometido que os israelitas seriam numerosos como as estrelas no céu.
24 Ame si dze amexexlẽ la gɔmee nye Yoab, Zeruya ƒe vi gake mete ŋu wu enu o elabena Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israel ŋu eya ta womede amexexlẽ sia ƒe nukpɔkpɔ Fia David ƒe ŋutinya me o.
24 Joabe, filho de Zeruia, começou o censo, mas nunca o terminou, porque a ira de Deus caiu sobre Israel. O número total nunca foi anotado nos registros oficiais do rei Davi.
25 Azmavet, Adiel ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa fia la ƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe dzi
25 Azmavete, filho de Adiel, era encarregado dos depósitos do palácio. Jônatas, filho de Uzias, era encarregado dos depósitos nos campos, nas cidades, nos povoados e nas fortalezas.
26 Ezri, Kelub ƒe vi kpɔa ame siwo wɔa dɔ le agblewo me la dzi.
26 Ezri, filho de Quelube, era encarregado dos trabalhadores nos campos, que cultivavam as terras.
27 Simei, tso Ramat kpɔ fia la ƒe waingblewo dzi eye Zabdi, Sifmitɔ kpɔa eƒe wainfiafia kple edzadzraɖo dzi.
27 Simei, de Ramá, era encarregado dos vinhedos. Zabdi, de Sifá, era encarregado das uvas e do fornecimento de vinho.
28 Baal Hanan tso Gedera kpɔa fia la ƒe amiti kple gboti siwo le gbadzaƒe si do liƒo kple Filistitɔwo ƒe anyigba dzi eye Yoas kpɔa ami si ŋu dɔ wowɔna la dzi.
28 Baal-Hanã, de Gederá, era encarregado das plantações de oliveiras e figueiras-bravas do rei nas colinas de Judá. Joás era encarregado dos depósitos de azeite.
29 Sitrai, tso Saron kpɔa nyi siwo le Saron ƒe gbeɖuƒe la dzi
29 Sitrai, de Sarom, era encarregado do gado na planície de Sarom. Safate, filho de Adlai, era encarregado do gado nos vales.
30 Obil, Ismaeltɔ la, kpɔ kposɔwo dzi eye Yehdeia, Meronotitɔ la kpɔa tedziwo dzi.
30 Obil, o ismaelita, era encarregado dos camelos. Jedias, de Meronote, era encarregado dos jumentos.
31 Alẽwo nɔ Yaziz, Hagritɔ la ƒe dzikpɔkpɔ te. Ame siawoe nye Fia David ƒe kesinɔnuwo dzikpɔlawo.
31 Jaziz, o hagareno, era encarregado das ovelhas. Todos esses oficiais administravam as propriedades do rei Davi.
32 Yonatan, Fia David tɔɖia, nye aɖaŋuɖola nyui aɖe; gɔmesese le esi eye wònye agbalẽŋlɔ la hã.
32 Jônatas, tio de Davi, era conselheiro do rei, homem sábio e também escriba. Jeiel, filho de Hacmoni, era responsável por ensinar os filhos do rei.
33 Ahitofel nye fia la ƒe aɖaŋuɖola eye Husai, Arkitɔ la, nye fia xɔlɔ̃.
33 Aitofel era conselheiro do rei. Husai, o arquita, era amigo do rei.
34 Esi Ahitofel ku la, Abiata kple Yehoiada, Benaya ƒe vi, zu aɖaŋuɖolawo,
34 Aitofel foi sucedido por Joiada, filho de Benaia, e por Abiatar. Joabe era comandante do exército do rei.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar 1 Crônicas 27, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.