1 Crônicas 19

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC

Sair da comparação
VC Versão Católica
1 Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, Amonitɔwo ƒe fia, Nahas, ku eye Via ŋutsu ɖu fia ɖe eteƒe.
1 Depois disso, Naas, rei dos amonitas, faleceu, e seu filho lhe sucedeu.
2 David ɖo be, “Manyo dɔme na Hanun, Nahas ƒe vi elabena fofoa nyo dɔme nam.” Ale David dɔ amewo ɖa be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta.
2 Davi disse: Eu mostrarei afeto benigno a Hanon, filho de Naas, porque seu pai o mostrou para comigo. E Davi enviou-lhe, por meio de mensageiros, suas condolências por causa da morte de seu pai. Mas quando os servos de Davi chegaram à terra dos amonitas, junto de Hanon, para o consolarem,
3 Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe ame siawo va be yewoatsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?”
3 os chefes dos amonitas disseram: Pensas que é para honrar teu pai que Davi te enviou consoladores? Não é antes para reconhecer e explorar a terra, e preparar-lhe a ruína, que seus servos vieram à tua casa?
4 Nu sia na Fia Hanun lé Fia David ƒe amewo. Ena wolũ ge na wo eye wolã woƒe awuwo le woƒe agɔnu ale be woɖe amama ɖe agɔnu eye wòdo mɔ wo.
4 Hanon, então, prendeu os servos de Davi, raspou-os, e lhes cortou as vestes à meia altura, até o alto das coxas; em seguida, despediu-os.
5 Ke esi wova gblɔ ŋutsuawo ŋu nya na David la, edɔ amewo woɖakpe ŋutsuawo kple gbedeasi be woatsi Yeriko va se ɖe esime woƒe ge nato elabena wodo ŋukpe wo ŋutɔ.
5 Quando Davi foi informado do que tinha acontecido a esses homens, enviou-lhes homens ao encontro, pois estavam sumamente confundidos. O rei mandava-lhes dizer: Ficai em Jericó, esperando que vossa barba cresça, em seguida voltai.
6 Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, Hanun kple Amonitɔwo tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade be woaɖada aʋatasiaɖamwo kple wo dolawo tso Aram Naharaim, Aram Maaka kple Zoba.
6 Viram os amonitas que se tinham tornado odiosos a Davi. Então Hanon e os filhos de Amon enviaram mil talentos de prata para assalariar carros e cavaleiros entre os sírios da Mesopotâmia, de Maaca e de Soba.
7 Woda tasiaɖam akpe blaetɔ̃-vɔ-eve (32,000) kple wo dolawo. Nenema ke wotsɔ Maaka fia kple eƒe aʋakɔ blibo la, ame siwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Medeba gbɔ, esime woyɔ Amonitɔwo ƒo ƒu tso woƒe duwo me eye wodo yi aʋakpeƒe.
7 Assalariaram trinta e dois mil carros e o rei de Maaca com seu exército, o qual veio acampar perto de Medaba, enquanto os amonitas, deixando suas cidades, se reuniam e iam para a guerra.
8 Esi David se nya sia la, eɖo Yoab kple aʋakɔ blibo la ɖa.
8 Davi o soube, e mandou contra eles Joab com todo o exército de homens valentes.
9 Amonitɔwo do go va woƒe dua ƒe agbo nu hena aʋawɔwɔ, eye fia siwo va la le aʋagbedzi wo tɔ wo tɔe.
9 Os amonitas saíram e formaram-se em linha de batalha à porta da cidade. Os reis que tinham vindo mantinham-se à parte, no campo.
10 Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe siaa eya ta etia Israel ƒe asrafo siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me eye wòna woɖakpe aʋa kple Aramtɔwo.
10 Vendo Joab que o ataque contra ele tinha sido disposto pela frente e pela retaguarda, escolheu dentre o escol de Israel um batalhão, e o colocou em linha de batalha diante dos sírios;
11 Ena akpa evelia si nɔ nɔvia Abisai ƒe kpɔkplɔ te la kpe aʋa kple Amonitɔwo.
11 colocou sob o comando de seu irmão Abisai o resto do povo para fazer frente aos amonitas.
12 Yoab gblɔ na nɔvia be, “Ne Aramtɔwo sẽ nam akpa la, nàva kpe ɖe ŋunye, ke ne Amonitɔwo sẽ na wò akpa la, mava kpe ɖe ŋuwò.
12 E disse: Se os sírios forem mais fortes que eu, virás em meu socorro; se os amonitas forem mais fortes que tu, eu te socorrerei.
13 “Lé dzi ɖe ƒo, eye na míawɔ aʋa la kalẽtɔe na míaƒe dukɔ kple míaƒe Mawu la ƒe duwo. Yehowa awɔ nu si nyo le eŋkume.”
13 Sê forte; combate valentemente pelo nosso povo e pelas cidades de nosso Deus, e faça o Senhor o que lhe parecer bom!
14 Tete Yoab kple eƒe aʋakɔwo lũ ɖe Aramtɔwo dzi be woakpe aʋa kpli wo eye Aramtɔwo si le wo nu.
14 Joab, pois, avançou com o exército que o acompanhava, ao encontro dos sírios, para travar o combate, e estes fugiram diante dele.
15 Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le nɔvia Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem.
15 Quando os amonitas viram que os sírios se punham em fuga, fugiram eles próprios diante de Abisai, irmão de Joab, e tornaram a entrar na cidade. E Joab entrou em Jerusalém.
16 Esime Aramtɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wodɔ amewo be woadi aʋawɔla bubuwo tso Ufrates tɔsisi la godo eye wonɔ Sofak, Fia Hadadezer ƒe aʋafia gã ƒe kpɔkplɔ te.
16 Vendo-se derrotados por Israel, os sírios enviaram mensageiros para fazer vir os sírios que estavam do outro lado do rio: Sofac, comandante do exército de Adarezer, estava à frente deles.
17 Esi wogblɔ nya sia na David la, eƒo Israel blibo la nu ƒu, tso Yɔdan eye wodze aʋa ɖe wo ŋu. David ho aʋa ɖe Aramtɔwo ŋu eye Aramtɔwo wɔ aʋa kplii.
17 Davi, informado disso, reuniu todo o Israel, atravessou o Jordão, dirigiu-se a eles e preparou-se para atacá-los, colocando o seu exército em linha de batalha contra os sírios.
18 Ke Aramtɔwo si le Israel nu eye David wu woƒe tasiaɖamŋusɔdola akpe (7,000) adre kple asrafo afɔzɔla akpe blaene (40,000). Ewu woƒe aʋafia Sofak hã.
18 Estes começaram o combate contra ele, mas fugiram diante de Israel, e Davi matou os cavalos de seus sete mil carros e quarenta mil soldados de infantaria, e matou também Sofac, comandante do exército.
19 Esi Hadadezer ƒe amewo kpɔ be Israel si yewo la, wowɔ ŋutifafa kple David eye wozu etenɔlawo.
19 Os súditos de Adarezer, vendo-se vencidos por Israel, fizeram paz com Davi e sujeitaram-se a ele. E os sírios não mais quiseram prestar auxílio aos amonitas.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar 1 Crônicas 19, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.