1 Crônicas 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs NAA

Sair da comparação
NAA Nova Almeida Atualizada 2017
1 Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, David ɖu Filistitɔwo dzi eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi, exɔ Gat kple kɔƒe siwo ƒo xlãe le Filistitɔwo si.
1 Depois disso, Davi atacou os filisteus, derrotou-os e tomou Gate e as suas aldeias das mãos dos filisteus.
2 David ɖu Moabtɔwo hã dzi, wozu etenɔlawo eye woxea adzɔga nɛ.
2 Também derrotou os moabitas, que se tornaram servos de Davi e lhe pagavam tributo.
3 Eɖu Zoba fia, Hadadezer ƒe duwo dzi yi Hamat ke le esime wòyi be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi le Frat tɔsisi la to.
3 Davi também derrotou Hadadezer, rei de Zobá, nas imediações de Hamate, quando aquele foi restabelecer o seu domínio sobre o rio Eufrates.
4 David lé sɔdola akpe adre (7,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka (100) ko.
4 Davi tomou-lhe mil carros de guerra, sete mil cavaleiros e vinte mil soldados de infantaria. Mutilou todos os cavalos dos carros de guerra, com exceção dos que puxavam cem deles.
5 Esi Aramtɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-eve (22,000)
5 Os sírios de Damasco foram socorrer Hadadezer, rei de Zobá, mas Davi matou vinte e dois mil deles.
6 eye wòda asrafo aɖewo ɖe Aram le Damasko, si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòyi.
6 Davi pôs guarnições na Síria de Damasco, e os sírios se tornaram servos de Davi e lhe pagavam tributo. E o Senhor dava vitórias a Davi por onde quer que ele ia.
7 David tsɔ Fia Hadadezer ƒe aʋakɔwo ƒe amegãwo ƒe sikakpoxɔnuwo va Yerusalem,
7 Davi tomou os escudos de ouro que eram usados pelos oficiais de Hadadezer e os trouxe a Jerusalém.
8 kpe ɖe akɔbli geɖe tso Hadadezer ƒe du siwo nye Teba kple Kun la me la ŋu. Emegbe la, Fia Solomo lolo akɔbli la eye wòtsɔe wɔ gbedoxɔ la ƒe akɔbligazɔ kple akɔblisɔtiwo kple akɔblinu siwo ŋu dɔ wowɔna ne wole vɔ sam le vɔsamlekpui la dzi.
8 Também de Tibate e de Cum, cidades de Hadadezer, Davi tomou grande quantidade de bronze, de que Salomão fez o mar de bronze, as colunas e os utensílios de bronze.
9 Esime Hamat fia Tou se be Fia David si Zoba fia Hadadezer ƒe aʋakɔ blibo la,
9 Quando Toú, rei de Hamate, soube que Davi tinha derrotado todo o exército de Hadadezer, rei de Zobá,
10 eɖo Via ŋutsu Hadoram ɖe Fia David gbɔ be wòado gbe nɛ, ada ŋkɔ ɖe edzi le eƒe dziɖuɖu ta eye wòatsɔ sika, klosalo kple akɔbli nɛ. Edi be yeawɔ ɖeka kple Fia David elabena eya kple Hadadezer nye futɔwo eye wowɔ aʋa geɖewo.
10 mandou seu filho Hadorão ao rei Davi, para o saudar e cumprimentá-lo por ter lutado contra Hadadezer e por havê-lo vencido. Acontece que Hadadezer de contínuo fazia guerra a Toú. Hadorão trouxe consigo objetos de ouro, de prata e de bronze,
11 Fia David kɔ nunana siawo kple klosalo kple sika si wòkpɔ tso Edomtɔwo, Moabtɔwo, Amonitɔwo, Amalekitɔwo kple Filistitɔwo gbɔ la ŋu na Yehowa.
11 que o rei Davi consagrou ao Senhor , juntamente com a prata e o ouro que havia trazido de todas as demais nações: de Edom, de Moabe, dos filhos de Amom, dos filisteus e de Amaleque.
12 Abisai, Zeruya ƒe vi, wu Edomtɔ akpe wuienyi (18,000) le Dze Balime.
12 Também Abisai, filho de Zeruia, matou dezoito mil edomitas no vale do Sal.
13 Eda asrafo aɖewo ɖe Edom eye Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi.
13 Pôs guarnições em Edom, e todos os edomitas se tornaram servos de Davi. E o Senhor dava vitórias a Davi por onde quer que ele ia.
14 David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame.
14 Davi reinou sobre todo o Israel; julgava e fazia justiça a todo o seu povo.
15 Yoab, Zeruya ƒe vi, nɔ aʋakɔ la nu.
15 Joabe, filho de Zeruia, era comandante do exército; Josafá, filho de Ailude, era cronista.
16 Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo
16 Zadoque, filho de Aitube, e Abimeleque, filho de Abiatar, eram sacerdotes; e Sausa era o escrivão.
17 Benaya, Yehoiada ƒe vi, nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fia la ŋu dzɔlawo ƒe amegãwo la nu le
17 Benaia, filho de Joiada, era o comandante da guarda real. Os filhos de Davi, porém, eram os primeiros ao lado do rei.

Ler em outra tradução

Comparar com outra

Estude este capítulo no WhatsApp

Peça à IA da Bíblia Fala para explicar 1 Crônicas 18, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.