1 Crônicas 12
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (EWE) vs VC
1 Ame siawoe nye aʋawɔla siwo va kpe ɖe David ŋu le Ziklag esi wonyae le Saul, Kis ƒe vi la ƒe ŋkume. Woawoe nye kalẽtɔ siwo kpe ɖe eŋu le aʋawɔwɔ me.
1 Eis os que foram juntar-se a Davi, em Siceleg, quando ainda devia conservar-se longe de Saul, filho de Cis; estão contados entre os homens valentes que lhe prestaram auxílio durante a guerra.
2 Wo katã lé aŋutrɔwo ɖe asi, wonye aŋutrɔdala kple akafodala nyuiwo eye wowɔa mia kple ɖusi siaa ŋu dɔ sɔsɔe. Wo katã wotso Benyamin ƒe to la me abe Saul ke ene.
2 Eram arqueiros, exercitados em lançar pedras, tão bem com a mão esquerda como com a direita, e a atirar flechas com o arco; eram irmãos de Saul, de Benjamim.
3 Ame siawo Nunɔlae nye Ahiezer kple Yoas, Semaa tso Gibea ƒe viŋutsuwo. Bubuwoe nye:
3 Seus chefes eram Aieser, em seguida Joás, ambos filhos de Samaa, de Gabaa; Jaziel e Falet, filhos de Azmot; Baraca; Jeú, de Anatot;
4 Ismaya tso Gibeon, kalẽtɔ kple kplɔla na Ame Blaetɔ̃awo;
4 Samaías, de Gabaon, valente entre os trinta e chefe dos trinta; Jeremias; Jeeziel; Joanã; Jezabad, de Gedera; Eluzai; Jerimut; Baalia; Samaria;
5 Eluzai, Yerimot, Bealia, Semeria, Sefatia tso Haruf;
5 Safatia, de Haruf;
6 Elkana, Isia, Azarel, Yoezer kple Yasobeam, ame siwo katã nye Korah ƒe viwo;
6 Elcana, Jesia, Azareel, Joeser e Jesbão, filhos de Coré;
7 Yoela kple Zebadia, Yeroham, ame siwo tso Gedor ƒe viŋutsuwo.
7 Joela e Zabadia, filhos de Jeroão, de Gedor.
8 Aʋawɔla kalẽtɔ aɖewo siwo tso Gad ƒe viwo dome hã yi David gbɔ le gbedzi. Wowɔa akpoxɔnu kple akplɔ siaa ŋu dɔ nyuie. Woƒe mo le abe dzata tɔ ene eye woɖea abla abe zi ene le towo dzi.
8 Homens valentes dos gaditas passaram para Davi nas cavernas do deserto, guerreiros exercitados no combate, que sabiam manejar o escudo e a lança; tinham o aspecto de leões e a agilidade das gazelas das montanhas.
9 Ezer nye woƒe tatɔ,
9 Ezer era seu chefe; Obdias, o segundo; Eliab, o terceiro;
10 Mismana nye enelia, Yeremia nye atɔ̃lia,
10 Masmana, o quarto; Jeremias, o quinto;
11 Atai nye adelia, Eliel nye adrelia,
11 Eti, o sexto; Eliel, o sétimo;
12 enyiliae nye Yohanan; asiekeliae nye Elzabad;
12 Joanã, o oitavo; Elzebad, o nono;
13 ewoliae nye Yeremia eye wuiɖekɛliae nye Makbanai.
13 Jeremias, o décimo; Macbanai, o undécimo.
14 Gad ƒe vi siawoe nye aʋafiawo; ame alafa ɖeka mate ŋu anɔ te ɖe wo dometɔ gblɔetɔ nu o eye wo dometɔ sesẽtɔ ate ŋu anɔ te ɖe ame akpe nu.
14 Eram estes os filhos de Gad, chefes do exército; o menor deles, sozinho, podia vencer cem; o mais forte, mil.
15 Woawoe nye ame siwo tso Yɔdan tɔsisi la le dzinu gbãtɔ me esi wòɖɔ gbagba eye wonya ame siwo katã nɔ balia me la ɖe du nu. Ɖewo si to ɣedzeƒe eye ɖewo hã si to ɣetoɖoƒe.
15 Foram eles que atravessaram o Jordão, no primeiro mês, quando o rio costuma transbordar em todo o seu curso, e que puseram em fuga todos os habitantes dos vales, a leste e a oeste.
16 Aʋawɔla bubuwo tso Benyamin ƒe viwo kple Yuda ƒe viwo dome ame siwo hã va de David dzi le eƒe mɔ sesẽ la me.
16 Houve também filhos de Benjamim e de Judá, que vieram aliar-se a Davi nas cavernas.
17 David yi ɖakpe wo eye wògblɔ na wo be, “Ne mieva le ŋutifafa me be yewoakpe ɖe ŋunye la, ekema mele klalo be mawɔ ɖeka kpli mi ke ne mieva be yewoadem asi na nye futɔwo, le esime nye asiwo mewɔ vɔ̃ aɖeke o la, ekema mía fofowo ƒe Mawu nakpɔe eye wòadrɔ̃ ʋɔnu mi.”
17 Davi saiu-lhes ao encontro e lhes disse: Se é como amigos que vindes a mim, para me prestar auxílio, eu estou unido de coração convosco; mas, se é para me trair e me entregar aos inimigos, enquanto minhas mãos estão limpas de toda violência, que o Deus de nossos pais o veja e faça justiça.
18 Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Amasai, Ame Blaetɔ̃awo ƒe tatɔ dzi eye wògblɔ be,
18 Então o espírito entrou em Amasaí, chefe dos trinta, o qual disse: A ti, Davi, e contigo, filho de Isaí! Paz, paz a ti e àquele que te protege, porque teu Deus te presta auxílio. Davi recebeu-os e lhes deu um lugar entre os chefes do bando.
19 Ŋutsu aɖewo tso Manase ƒe to la me ame siwo si va de David dzi esi wònɔ Filistitɔwo gbɔ be wòawɔ aʋa kple Saul. (Eya kple eƒe ameawo mekpe ɖe Filistitɔwo ŋu o elabena le aɖaŋudede megbe la, Filistitɔwo ƒe fiawo na wòtrɔ dzo. Wogblɔ be, “Woava tso ta le mía nu nenye be esi yi eƒe aƒetɔ Saul gbɔ.”)
19 De Manassés também passaram homens para o lado de Davi, quando ele foi, com os filisteus, fazer guerra a Saul. Contudo, não socorreram os filisteus, porque, depois de se reunirem em conselho, os príncipes dos filisteus, despediram Davi, dizendo: Ele passará para o lado de seu mestre Saul, com perigo de nossas cabeças.
20 Manase ƒe vi siwo va kpe ɖe David ŋu esi wòyi Ziklag la woe nye: Adna, Yozabad, Yediael, Mikael, Yozabad, Elihu kple Ziletai. Ame siawo katã nye ame akpewo nunɔlawo le Manase.
20 Quando voltou a Siceleg, homens de Manassés juntaram-se a ele: Ednas, Jozabad, Jediel, Miguel, Jozabad, Eliú e Salati, chefes de milhares de homens de Manassés.
21 Wokpe ɖe David ŋu wòɖu adzohawo dzi elabena wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo eye wonye aʋafiawo le eƒe asrafoha me.
21 Ajudaram Davi contra os bandos de saqueadores, porque todos eram homens valentes, e foram chefes no exército.
22 Tso ŋkeke yi ŋkeke la, ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu va se ɖe esime aʋakɔ gã aɖe va ɖo esi, si le abe Mawu ƒe aʋakɔ ene.
22 Todos os dias, vinham homens a Davi para auxiliá-lo, tanto que, por fim, ele teve um grande exército, como um exército de Deus.
23 Ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu le Hebron eye wodi vevie be David naɖu fia ɖe Saul teƒe abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Ame siawoe nye:
23 Este é o número dos homens equipados para a guerra que foram ter com Davi, em Hebron, para transferir-lhe o reino de Saul, segundo a ordem do Senhor:
24 Ame akpe ade alafa enyi (6,800) tso Yuda; woglã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnuwo kple akplɔwo;
24 filhos de Judá, portadores de escudo e lança: 6.800, armados para a guerra.
25 aʋawɔla sesẽ akpe adre alafa ɖeka (7,100) tso Simeon ƒe viwo dome;
25 Dos filhos de Simeão, 7.100 valentes guerreiros.
26 ame akpe ene alafa ade (4,600) tso Levi ƒe viwo dome.
26 Dos filhos de Levi, 4.600;
27 Aron ƒe dzidzimeviwo ame akpe etɔ̃. Ame siwo nɔ Yehoiada ƒe kpɔkplɔ te la nye ame akpe etɔ̃ alafa adre (3,700)
27 Jojada, chefe da casa de Aarão, com 3.700 homens,
28 Zadok kple eƒe ƒometɔ blaeve-vɔ-eve nye amegãwo le nunɔlawo dome.
28 e Sadoc, jovem e valente guerreiro, e a casa de seu pai, 22 chefes.
29 Ame akpe etɔ̃ (3,000) tso Benyamin ƒe viwo, ame siwo me Saul dzɔ tso la dome. Benyamin ƒe vi geɖewo ganɔ Saul yome va se ɖe ɣe ma ɣi.
29 Dos filhos de Benjamim, irmãos de Saul, 3.000; pois, até então, a maior parte deles guardava fidelidade à casa de Saul.
30 Aʋawɔla sesẽ akpe blaeve alafa enyi (20,800) tso Efraim ƒe viwo dome; wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ le eƒe hlɔ̃ me.
30 Dos filhos de Efraim, 20.800 guerreiros conhecidos pela sua valentia nas suas famílias.
31 Woɖo ame akpe wuienyi (18,000) ɖa tso Manase ƒe viwo ƒe afã me be woakpe ɖe David ŋu wòazu fia.
31 Da meia tribo de Manassés, 18.000, que foram nominalmente designados para ir proclamar Davi rei.
32 Kplɔla alafa eve (200) kple woƒe ƒometɔwo tso Isaka ƒe viwo dome. Ame siawo nya nu si tututu dze be Israel nawɔ.
32 Dos filhos de Issacar, que tinham o senso da oportunidade e sabiam o que Israel devia fazer, 200 chefes e todos os seus irmãos sob suas ordens.
33 Ame akpe blaatɔ̃ (50,000) tso Zebulon ƒe viwo dome. Wohe wo katã nyuie eye wonɔ David yome kple dzi blibo.
33 De Zabulon, 50.000, em estado de ir para o exército, preparados para o combate, perfeitamente equipados com todas as armas, prontos para socorrer Davi, de coração resoluto.
34 Aʋamegã akpe ɖeka (1,000) kple aʋawɔla akpe blaetɔ̃-vɔ-adre (37,000), ame siwo glã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnu kple akplɔ la, tso Naftali ƒe viwo dome.
34 De Neftali, 1.000 chefes e, com eles, 37.000 homens levando escudo e lança.
35 Ame akpe blaeve-vɔ-enyi, alafa ade (28,600) tso Dan ƒe viwo dome. Wo katã wodzra ɖo na aʋawɔwɔ.
35 Dos danitas, 28.600 homens, prontos para se pôr em linha de batalha.
36 Ame akpe blaene (40,000) tso Aser ƒe viwo dome. Wohe wo nyuie eye wonɔ klalo na aʋawɔwɔ.
36 De Aser, aptos para o serviço militar e preparados para o combate, 40.000.
37 Ame akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) tso Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ, afi si Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nɔ. Woawo tsɔ aʋawɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe asi.
37 E, do outro lado do Jordão, dos rubenitas, dos gaditas e da meia tribo de Manassés, em perfeito equipamento de armas de guerra, 120.000.
38 Ame siawo katã do aʋawɔwu heyi Hebron kple taɖodzinu ɖeka sia be David nazu Israel fia. Le nyateƒe me la, Israel blibo la nɔ klalo be David naɖu fia.
38 Todos esses homens de guerra, prontos para se formarem em linha de batalha, vieram de coração sincero a Hebron, para aclamar Davi rei de todo o Israel. E todo o restante de Israel estava igualmente unânime em aclamar Davi rei.
39 Woɖu nu eye wono nu kple David ŋkeke etɔ̃ elabena wodzra ɖo na woƒe vava.
39 Permaneceram ali, três dias com Davi, comendo e bebendo, porque seus irmãos lhes tinham preparado víveres.
40 Kpuiƒetsolawo kple ame siwo tso didiƒe ke abe Isaka, Zebulon kple Naftali ene la tsɔ nuɖuɖu ɖe tedziwo, kposɔwo kple nyiwo dzi vɛ. Wotsɔ wɔ, akpɔnɔ, waintsetse, wain, ami, nyiwo kple alẽwo vɛ hena kplɔ̃ɖoɖo elabena dzidzɔ yɔ Israel ƒe anyigba blibo la dzi.
40 Ademais, os que moravam perto deles, até Issacar, Zabulon e Neftali, traziam-lhes víveres, sobre jumentos, camelos, mulas e bois, farinha, massa de figos, tortas de uvas, vinho, óleo, bois, ovelhas em abundância; porque havia alegria em Israel.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?
Estude este capítulo no WhatsApp
Peça à IA da Bíblia Fala para explicar 1 Crônicas 12, comparar traduções ou montar um estudo — tudo direto pelo WhatsApp.